INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 12/1 axa 30-31
  • Nya Ɣaɣla Si Nàte Ŋu Agblɔ Na Amewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Ɣaɣla Si Nàte Ŋu Agblɔ Na Amewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2018
  • Enye Dzidzɔ Na Mí Be Míenya Nya Ɣaɣla La
    Fia Nu Viwòwo
  • Nya Ɣaɣla aɖe si Mele Be Kristotɔwo Nagbe Gbɔgblɔ O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 12/1 axa 30-31

Fia Nu Viwòwo

Nya Ɣaɣla Si Nàte Ŋu Agblɔ Na Amewo

AME aɖe gblɔ nya ɣaɣla aɖe na wò kpɔa?—a Nya ɣaɣla aɖe li si madi be magblɔ na wò. Le Biblia me la, woyɔe be “nya ɣaɣla kɔkɔe si woɣla tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke.” (Romatɔwo 16:25) Le gɔmedzedzea me la, Mawu koe nya “nya ɣaɣla kɔkɔe” la. Na míakpɔ mɔ si dzi Mawu to na be ame geɖe va nya nu tso nya ɣaɣla ma ŋu ɖa.

Gake gbã la, ènya nu si wòfia be nane nanɔ “kɔkɔea”?— Efia be nua ŋuti kɔ, alo be ele etɔxɛ. Eya ta wogblɔ tso nya ɣaɣla la ŋu be ele kɔkɔe, elabena Mawu, si le kɔkɔe la, gbɔe wòtso. Ame kawo hãe nèsusu be wodi be yewoanya nu tso nya ɣaɣla tɔxɛ sia ŋu?— Mawudɔlawoe. Biblia gblɔ be: “Nu siawo tututu me kpɔkpɔ tsitotsito dzroa mawudɔlawo.” Ɛ̃, wodi be yewoase nya ɣaɣla kɔkɔe sia gɔme.—1 Petro 1:12.

Esi Yesu va anyigba dzi la, eƒo nu tso nya ɣaɣla kɔkɔe la ŋu, eye wòɖe nu si wònye la me. Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawo la, wona Mawu fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la mi.” (Marko 4:11) Ède dzesi nu si ŋu nya ɣaɣla kɔkɔe la ku ɖo le kpukpui sia mea?— Eku ɖe Mawu Fiaɖuƒea, si Yesu fia mí be míado gbe ɖa be wòava la, ŋu!—Mateo 6:9, 10.

Azɔ na míakpɔ gɔmesese si nu Mawu Fiaɖuƒea nye nya ɣaɣla le “tso ɣeyiɣi mavɔmavɔwo me ke” la ɖa. Esi Adam kple Xawa da le Mawu ƒe se dzi, eye Wònya wo le Eden-bɔa me vɔ la, Mawu subɔlawo va nya be Mawu agana anyigba bliboa nazu Paradiso. (1 Mose 1:26-28; 2:8, 9; Yesaya 45:18) Woŋlɔ nu tso ale si amewo akpɔ dzidzɔ le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea te ŋu. Ke hã, nya siwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la ƒe akpa gãtɔ nɔ ɣaɣla va se ɖe esime Yesu va anyigba dzi, eye wòte numeɖeɖe tso eŋu.—Psalmo 37:11, 29; Yesaya 11:6-9; 25:8; 33:24; 65:21-24.

Azɔ bu ame si anye dziɖula le Mawu Fiaɖuƒe ma me ŋu kpɔ. Ènya ame si Mawu tia be wòanye Dziɖulaa?— Eyae nye Via, Yesu Kristo, si nye “Ŋutifafafia” la. Biblia gblɔ bena: “Dziɖuɖu le abɔta nɛ.” (Yesaya 9:5, 6) Ele be “nya ɣaɣla kɔkɔe, si nye Kristo, [la ŋuti] sidzedze” nasu mía kpli wò siaa si. (Kolosetɔwo 2:2) Ele vevie be wòanɔ nyanya na mí be Mawu tsɔ mawudɔla gbãtɔ si wòwɔ (si nye gbɔgbɔ me Vi) la, ƒe agbe de Maria ƒe vidzidɔ me. Vi ma, si nye mawudɔla triakɔ, lae Mawu dɔ ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe asa vɔe, ale be míakpɔ agbe mavɔ.—Mateo 20:28; Yohanes 3:16; 17:3.

Gake menye ale si Mawu tia Yesu be wòanye Dziɖula le Eƒe Fiaɖuƒea me la ko ŋue nya ɣaɣla la ku ɖo o. Nu bubuwo gali wòle be míanya. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ayi aɖakpe ɖe Yesu ŋu le dziƒo woaɖu fia, wonye ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa!—Efesotɔwo 1:8-12.

Na míadze si ame siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo la dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo. Yesu gblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be yeyina dziƒo aɖadzra teƒe ɖo ɖi na wo le afi ma. (Yohanes 14:2, 3) Ne èxlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔna la, àkpɔ ŋutsu kple nyɔnu siwo aɖu fia kple Yesu le Fofoa ƒe Fiaɖuƒea me la dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo.—Mateo 10:2-4; Marko 15:39-41; Yohanes 19:25.

Ɣeyiɣi didi aɖe va yi si ame aɖeke menya ame siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo le eƒe Fiaɖuƒea me la ƒe xexlẽme o. Gake fifia míenya woƒe xexlẽme. Ènyaea?— Biblia gblɔ be wole ame 144,000. Ema hã nye nya ɣaɣla kɔkɔea ƒe akpa aɖe.—Nyaɖeɖefia 14:1, 4.

Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be “Mawu fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe” lae nye nya ɣaɣla nyuitɔ kekeake si ŋu wòle be ame nanya nu tsoe oa?— Ne èlɔ̃ ɖe edzi la, ekema wò hã dze agbagba be nàsrɔ̃ nu geɖee wu tso eŋu ale be nàte nu aɖe wo me na ame sia ame si nàte ŋui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.

NYABIASEWO:

▪ Aleke woyɔna nya ɣaɣla si ŋu míeƒo nu tsoe la, eye nu ka tae woyɔnɛ nenema?

▪ Nu kae nye nya ɣaɣla sia, eye ame kae nye ame gbãtɔ si te nufiafia amewo tso eŋu?

▪ Nu siwo nèsrɔ̃ tso nya ɣaɣlaa ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

▪ Aleke nàɖe nu si nya ɣaɣla kɔkɔea nye la me na xɔ̃wò aɖe?

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 31]

Nu kae nèsusu be mawudɔlawo nɔ didim vevie be yewoanya?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe