INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 1/15 axa 7-8
  • Àkpɔ Ŋkɔa Le Bali La Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àkpɔ Ŋkɔa Le Bali La Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ “Towo Ƒe Bali La Me”
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2017
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nɔ Yehowa Ƒe Ametakpɔbali La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mawu Ƒe Ŋkɔ
    Nyɔ!—2017
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 1/15 axa 7-8

Àkpɔ Ŋkɔa Le Bali La Me

NE WOYƆ St. Moritz ŋkɔ la, ɖe wòɖoa ŋku nane dzi na wòa? Ðewohĩ, elabena enye mɔkekeɖuƒe aɖe si amewo nya nyuie si le Engadine Bali si le Switzerland la me. Gake teƒe ɖeka aɖe ko St. Moritz nye. Ehea amewo ƒe gbogbo aɖewo enye esia vaa bali nyo sia, si le Alps To siwo tame sno xana ɖo la dome, le Switzerland ƒe anyieheɣedzeƒe, le afi si medidi tso Italy ƒe liƒo gbɔ o, la me. Engadine Bali sia ke mee Switzerland Dukɔa Ƒe Modzakaɖebɔ le, si nye afi si dzɔdzɔmenu dzeaniwo bɔ ɖo eye nu miemie kple lã hamehamewo kafua mía Wɔla Gã, Yehowa, le. (Ps. 148:7-10) Nenema kee wòle le kɔnyinyi siwo nɔ afi ma le ƒe alafa 17 lia ƒe domedome, siwo ƒe ɖewo gakpɔtɔ li hã gome.

Nane si mèle mɔ kpɔm na o, si le aƒewo ŋu le bali sia me, la ahe wò susu godoo. Àkpɔe godoo be woŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔ ɖe aƒewo ŋu, ate ŋu anye woƒe ʋɔtru ŋu. Le ƒe alafa siwo va yi me la, enye nutoa me tɔwo ƒe kɔnu be woŋlɔa nu ɖe aƒewo ŋu tsɔ ɖoa atsyɔ̃ na wo; woate ŋu atsɔ aŋɔ aŋlɔe loo alo aɖee ɖe simitiba si wofa ɖe aƒea ŋu la me, alo woaɖee ɖe woƒe gliwo ŋu. Àkpɔ aƒe aɖe si le kɔƒe aɖe si ŋkɔe nye Bever me la ƒe foto le afi sia. Ne woɖe nu si woŋlɔ ɖe eŋu gɔme me la, exlẽ ale: “Le ƒe 1715 me. Yehowae nye gɔmedzedze, eye Yehowae nye nuwuwu. Le Mawu ƒe ŋusẽ me la, woate ŋu awɔ nu sia nu, gake eya manɔmee la, womate ŋu awɔ naneke o.” Ɛ̃, nuŋɔŋlɔ xoxo sia yɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa zi eve.

Àte ŋu akpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si tsi wu ema kura le kɔƒe si nye Madulain me. Nuŋɔŋlɔ sia xlẽ ale: “Psalmo 127. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu. Lucius Rumedius. Le ƒe 1654 me.”

Nu ka tae woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ ɖe gaglãgbe nenema le bali sia me? Le Subɔsubɔ Ƒe Ðɔɖɔɖoɣia me ke la, wota Biblia ɖe Romansh, si nye Latin gbetagbe aɖe si wodona le Engadine la me. Le nyateƒe me la, Biblia ye nye agbalẽ gbãtɔ si gɔme woɖe ɖe gbe ma me. Nu si nutoa me tɔwo xlẽ le Mawu ƒe Nyaa me la ʋã wo dometɔ geɖe ale gbegbe be woyɔ nya siwo me Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔa dze le la tso eme ŋlɔ ɖe woƒe aƒe ŋu kpe ɖe woawo ŋutɔwo ƒe ŋkɔwo ŋu.

Ɛ̃, ƒe alafa geɖe tso esime woŋlɔ nu siawo ɖe aƒeawo ŋu megbe la, nuŋɔŋlɔawo gakpɔtɔ le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ŋkɔ hele eyama kafum va de asi na egbe. Míele ame siwo ɖia tsa yia bali sia me kple nutoa me tɔwo siaa kpem be woaɖi tsa ayi aƒe bubu aɖe si ŋu woŋlɔ Mawu wɔnuku, Yehowa, ƒe ŋkɔ ɖo la me, be woasrɔ̃ nu geɖe tso eyama ŋu—aƒe mae nye Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le Bever.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 7]

© Stähli Rolf A/age fotostock

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe