Nuteƒemawɔmawɔ—Ŋkeke Mamlɛawo Ƒe Dzesi Aɖee!
“Míenye nuteƒewɔlawo kple ame dzɔdzɔewo kpakple mokakamanɔŋutɔwo.”—1 TES. 2:10.
DI SUSU VEVI SIAWO:
Nuxlɔ̃ame kae le Delila, Absalom, kple Yuda Iskariot ƒe nuteƒemawɔmawɔa me na mí?
Aleke míate ŋu asrɔ̃ nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yonatan kple Petro ɖo ɖi?
Aleke míate ŋu atɔ afɔ to sesĩe be míayi edzi awɔ nuteƒe na mía srɔ̃ kple Yehowa ɖaa?
1-3. (a) Nu kae nye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ɖefuname aɖe, eye nu kawoe wòlɔ ɖe eme? (b) Nyabiase etɔ̃ kawo ŋue míaɖo?
NU ÐEKA kae ɖe dzesi le Delila, Absalom, kple Yuda Iskariot ŋu? Wo katã wonye nuteƒemawɔlawo—Delila mewɔ nuteƒe na ŋutsu si lɔ̃e, si nye Ʋɔnudrɔ̃la Simson, o; Absalom mewɔ nuteƒe na fofoa, Fia David o; Yuda mewɔ nuteƒe na eƒe Aƒetɔ, Kristo Yesu o. Afɔ gbegblẽ si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe la gblẽ nu le ame bubuwo ŋu vevie! Gake nu ka tae wòle be míade ŋugble le nya sia ŋu?
2 Egbegbe agbalẽŋlɔla aɖe yɔ nuteƒemawɔmawɔ de nɔnɔme gbegblẽ siwo le ame geɖe si egbea la dome. Ele be míakpɔ mɔ na esia, elabena esi Yesu nɔ “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi la ƒe dzesi” la gblɔm la, egblɔ be: ‘Ame geɖewo ade wo nɔewo asi.’ (Mat. 24:3, 10) “Amedede asi” nye “ame yomemɔ fiafia, alo amea dede asi na eƒe futɔwo, to alakpanuwɔwɔ alo nuteƒemawɔmawɔ nɛ me.” Nuteƒemawɔmawɔ sia tɔgbi nye kpeɖodzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me; esia nye ɣeyiɣi si ŋu Paulo gblɔ ɖi le be amewo lanye “ame mawɔnuteƒewo, . . . yomemɔfialawo.” (2 Tim. 3:1, 2, 4) Togbɔ be zi geɖe la, agbalẽŋlɔlawo kple film kpakple televisiondzifefe ŋlɔlawo nana nuteƒemawɔmawɔ na ame dzena fefenya alo lɔlɔ̃nya le agbalẽwo kple filmwo me hã la, le agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ me la, nuteƒemawɔmawɔ kple yomemɔfiafia gbãa dzi na ame henana ame kpea fu. Le nyateƒe me la, nuwɔna siawo nye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ɖefuname aɖe!
3 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe nuteƒemawɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu la me? Ame siwo wɔ nuteƒe na ame bubuwo le blema ƒe kpɔɖeŋu kawoe míate ŋu asrɔ̃? Eye ame kae wòle be míaɖo tame kplikpaa be míayi edzi awɔ nuteƒe na? Na míakpɔe ɖa.
BLEMA NUXLƆ̃AMEKPƆÐEŊUWO
4. Aleke Delila de Simson asii, eye nu ka tae eƒe nuwɔna sia vɔ̃ɖi ŋutɔ?
4 Gbã la, bu Delila nugbeɖola, si Ʋɔnudrɔ̃la Simson lɔ̃ vevie la ƒe nuwɔna ŋu kpɔ. Simson di vevie be yeawɔ aʋa kple Filistitɔwo ɖe Mawu ƒe amewo nu. Ðewohĩ esi Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo kpɔe be menye lɔlɔ̃ vavã ye le Delila si na Simson o ta la, wodo ŋugbe nɛ be yewoana ga gbogbo aɖee ne ena yewonya nu si na be ŋusẽ triakɔ ma gbegbe le Simson si, ale be yewoaɖe eƒe agbe ɖa. Delila ŋuklẽla la lɔ̃ ɖe woƒe nyaa dzi, eye wòto ayemɔ dzi zi etɔ̃ sɔŋ be Simson nagblɔ nu si gbɔ eƒe ŋusẽa tso na ye, gake medze edzi o. Eyome eyi edzi nɔ dzi gbãm nɛ ‘kple eƒe nyawo, eye wònɔ fu ɖem nɛ.’ Mlɔeba la, “eva [glo Simson], eye ku ɖo mo nɛ.” Eya ta egblɔ nɛ be talũhɛ aɖeke mede yeƒe ta ŋu kpɔ o, eye ne wolũ ta na ye la, ekema yeƒe ŋusẽ ado le ye ŋu.a Esi Delila se nya sia ko la, ena wolũ Simson ƒe ɖawo esime wònɔ alɔ̃ dɔm le eƒe ata dzi, eye wòtsɔe de asi na eƒe futɔwo be woawɔ nu sia nu si wodi la kplii. (Ʋɔn. 16:4, 5, 15-21) Nu vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi wòwɔ! Ŋukeklẽ ta koe Delila de ame si lɔ̃e vevie la asi ɖo.
5. (a) Aleke Absalom mewɔ nuteƒe na David o, eye nu kae eƒe nuwɔna ɖe fia le eŋu? (b) Esi Axitofel zu nuteƒemawɔla la, aleke David se le eɖokui me?
5 Azɔ de ŋugble le nuteƒemawɔla bubu si nye Absalom ŋu kpɔ. Esi wòdi vevie be yeaxɔ ŋkɔ ta la, eɖo nugbe ɖe Fia David, si nye fofoa ŋu, be yeaxɔ fiazikpuia le esi. Gbã la, Absalom “fi Israel ŋutsuwo ƒe dzi” esi wòwɔ eɖokui ame nyui aɖe le wo ŋkume ta, elabena edoa ŋugbe na wo alakpatɔe eye wòwɔa nu abe ɖe wòlɔ̃ wo vavã ene. Ekplaa asi kɔ na wo hegbugbɔa nu na wo, abe ɖe wòtsɔ ɖe le eme na wo hele woƒe nyui dim kakaka ene. (2 Sam. 15:2-6) Absalom te ŋu ble Axitofel, si nye aɖaŋuɖola si dzi David kana ɖo la gɔ̃ hã nu, eye eya hã dzudzɔ nuteƒewɔwɔ na David eye wòwɔ ɖeka kple nugbeɖolawo. (2 Sam. 15:31) David gblɔ ale si gbegbe Axitofel ƒe nuteƒemawɔmawɔ gblẽ nu le eŋui la ɖe Psalmo 3 lia kple 55 lia me. (Ps. 3:2-9; mixlẽ Psalmo 55:13-15.) Absalom ɖe eƒe bubumademade Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu ŋumakpemakpetɔe fia to nugbeɖoɖo ɖe fia si Yehowa ɖo la ŋu ŋukeklẽtɔe me. (1 Kron. 28:5) Mlɔeba la, nu si va dzɔe nye be, eƒe nugbeɖoɖoa medze edzi o, eye David yi edzi ɖu fia abe Yehowa ƒe amesiamina ene.
6. Aleke Yuda de Yesu asii, eye ne woyɔ Yuda ƒe ŋkɔ ko la, nu ka dzie amewo ɖoa ŋkui?
6 Fifia, bu nu si yomemɔfiala Yuda Iskariot wɔ ɖe Kristo la ŋu ŋu kpɔ. Le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ si Yesu ɖu kple eƒe apostolo 12-awo ɖuɣi la, egblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be: Mia dometɔ ɖeka adem asi.” (Mat. 26:21) Emegbe le zã ma me la, Yesu gblɔ na Petro, Yakobo, kple Yohanes le Getsemane bɔa me be: “Kpɔ ɖa! Ame si dem asi la gogo.” Enumake Yuda kple eƒe hati nugbeɖolawo va do, “eye wòzɔ yi Yesu gbɔ tẽe gblɔ be: ‘Medo gbe na wò, Rabi!’ Eye wògbugbɔ nu nɛ.” (Mat. 26:46-50; Luka 22:47, 52) Yuda ‘de ʋu maɖifɔ asi’ eye wòtsɔ Yesu Kristo de asi na eƒe futɔwo. Eye nu ka tae Yuda galɔ̃la sia wɔ nu sia ɖo? Klosalo 30 pɛ ko tae! (Mat. 27:3-5) Eya ta tso ɣemaɣi la, ne wonya yɔ ŋkɔ Yuda ko la, amewo ɖoa ŋku ŋkɔnya “yomemɔfiala” dzi, vevietɔ ne amea de exɔlɔ̃ kplikplikpli asi.b
7. Nu kae míesrɔ̃ tso ame siawo ƒe agbenɔnɔ me: (a) Absalom kple Yuda (b) Delila?
7 Nu kae míesrɔ̃ tso nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu siawo me? Absalom kple Yuda siaa ku ŋukpeku, le esi womewɔ nuteƒe na Yehowa ƒe amesiamina o ta. (2 Sam. 18:9, 14-17; Dɔw. 1:18-20) Ɣesiaɣi si woayɔ Delila ŋkɔ la, amewo aɖo ŋku eƒe nuteƒemawɔmawɔ kple alakpalɔlɔ̃ la dzi. (Ps. 119:158) Aleke gbegbe wòle vevie nye esi be míaɖe nɔƒe gã didi alo ŋukeklẽ ƒe didi ɖe sia ɖe, si ate ŋu awɔe be míava gblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me la, ɖa le míaƒe dzi me! Esiawo nye nufiame vevi siwo ŋu ŋusẽ le be woakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na nɔnɔme nyɔŋu sia si nye nuteƒemawɔmawɔ.
SRƆ̃ NUTEƑEWƆLAWO ƑE KPƆÐEŊU
8, 9. (a) Nu ka tae Yonatan bla nu kple David be yeawɔ nuteƒe nɛ? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yonatan ƒe kpɔɖeŋua?
8 Biblia ƒo nu tso nuteƒewɔla gbogbo aɖewo hã ŋu. Mina míadzro nuteƒewɔla siawo dometɔ eve ƒe kpɔɖeŋuwo me kpɔ be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso woƒe agbenɔnɔ me hã; míadze egɔme kple ŋutsu aɖe si wɔ nuteƒe na David. Anya nɔ eme be Yonatan, si nye Fia Saul viŋutsu tsitsitɔ lae wòle be wòanyi fiazikpuia ƒe dome le Israel—gake meva eme nenema o, le susu ɖeka aɖe ta. Yehowa tia David be wòava zu Israel fia ɖe Saul yome. Yonatan de bubu Mawu ƒe nyametsotsoa ŋu. Meʋã ŋu David hebui eƒe futɔe o. Ke boŋ “[elɔ̃e] abe eya ŋutɔ ɖokui ene,” elabena ebla nu kplii be yeawɔ nuteƒe nɛ ɖaa. Etsɔ eƒe awuwo, yi, dati, kple alidziblanu kura gɔ̃ hã na David, si fia be ede bubu eŋu abe fia ene. (1 Sam. 18:1-4) Yonatan wɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ ‘de dzi ƒo na David,’ etsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã de afɔku me heʋli David ta le Saul ŋkume. Yonatan gblɔ na David nuteƒewɔwɔtɔe be: “Wòe le fia ɖu ge ɖe Israel dzi, ke nye la manye evelia anɔ ŋuwò.” (1 Sam. 20:30-34; 23:16, 17) Mewɔ nuku kura o be esi Yonatan ku la, David ɖe eƒe blanuiléle kple lɔlɔ̃ si nɔ esi nɛ la gblɔ le konyifaha aɖe me.—2 Sam. 1:17, 26.
9 Yonatan nya ame si wòle be wòawɔ nuteƒe na. Ebɔbɔ eɖokui ɖe Dziɖulagã, Yehowa, te bliboe, eye wòkpe asi de David, Mawu ƒe amesiamina la, ŋu tso luʋɔ blibo me. Nenema kee egbea la, ne womena mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖeke mí le hamea me o gɔ̃ hã la, ele be míalɔ̃ faa akpe asi ɖe nɔvi siwo woɖo be woaxɔ ŋgɔ le mía dome la ŋu.—1 Tes. 5:12, 13; Heb. 13:17, 24.
10, 11. (a) Nu ka tae Petro yi edzi nɔ Yesu yome nuteƒewɔwɔtɔe? (b) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua, eye nu kae wòle be esia naʋã mí míawɔ?
10 Nuteƒewɔlawo ƒe kpɔɖeŋu nyui bubu aɖe si ŋu míalé ŋku ɖoe nye apostolo Petro, ame si do ŋugbe be yemagblẽ Yesu ɖi kpɔ gbeɖe o la. Esime Kristo zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ aɖe tsɔ te gbe ɖe ale si wòle vevie be woaxɔ eƒe ʋu kple eƒe ŋutilã siwo tsɔ ge wòala asa vɔe la dzi se dzi la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo gblɔ be eƒe nyaa sesẽ, eye wotrɔ le eyome. (Yoh. 6:53-60, 66) Eya ta Yesu trɔ ɖe eƒe apostolo 12-awo ŋu hebia wo be: “Ðe miawo hã miedi be yewoadzoa?” Petro ye nye ame si ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò; eye míexɔe se, eye míeva nyae be wòe nye Mawu ƒe Kɔkɔetɔ la.” (Yoh. 6:67-69) Ðe esia fia be Petro se nya siwo katã Yesu gblɔ tso Eƒe ŋutilã tsɔtsɔ vɔ sɔe ŋu gɔme bliboea? Ao. Togbɔ be enɔ alea gɔ̃ hã la, Petro tso nya me be yeawɔ nuteƒe na Mawu ƒe Vi amesiamina la.
11 Petro mebui be ɖewohĩ Yesue mele nuwo ŋu bum nyuie o, eye be, le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Ava trɔ nya si wògblɔ la o. Ao, ke boŋ Petro lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be “agbe mavɔ nyawo le” Yesu si. Nenema kee wòle egbea. Ne míeke ɖe nya aɖewo siwo gɔme sese sesẽ na mí alo esiwo mewɔ ɖeka kple míaƒe susuwo o ŋu le Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo ‘aƒedzikpɔla nuteƒewɔla’ la ta na mí me la, aleke míewɔa nui? Ele be míadze agbagba vevie be míase nufiafia la gɔme, tsɔ wu be míanɔ mɔ kpɔm be woava trɔ nufiafiaa wòasɔ ɖe míaƒe nuŋububu nu.—Mixlẽ Luka 12:42.
YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE NA SRƆ̃WÒ
12, 13. Aleke wòdzɔna be nuteƒemawɔmawɔ va xɔa zikpui ɖe srɔ̃tɔwo dome, eye nu ka tae ame aɖeke mate ŋu atsɔ ƒe si wòxɔ la ado taflatsɛ o?
12 Nuteƒemawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nuwɔna vɔ̃ɖi aɖe si mele be woaɖe mɔ wòagblẽ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si le Kristotɔwo ƒe ƒome me kple esi le hamea me dome o. Esi nya sia le susu me na mí la, mina míakpɔ ale si míate ŋu atɔ afɔ to sesĩe awɔ nuteƒe na mía srɔ̃ kple mía Mawu la ɖa.
13 Ahasiwɔwɔ ye nye nuteƒemawɔmawɔ si gbãa dzi na ame wu ɖe sia ɖe. Ahasiwɔla la daa atam si wòka be yeawɔ nuteƒe na ye srɔ̃ la dzi hetsɔa eƒe dzi kuna ɖe ame bubu ŋu. Srɔ̃tɔ maɖifɔ la tsia akogo enumake—nuwo tɔtɔna le eƒe agbe me keŋkeŋ. Aleke nu sia ate ŋu adzɔ ɖe ame eve siwo lɔ̃ wo nɔewo tsã la dzi? Zi geɖe la, nu si nyea afɔɖeɖe gbãtɔa ye nye be srɔ̃tɔawo megava tsɔa ɖeke le wo nɔewo ƒe seselelãmewo me o. Hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalagã Gabriella Turnaturi ɖe nu me be, “ne eva dzɔ be womegatsɔa woƒe dzi blibo kuna ɖe wo nɔewo ŋu o, le esi wòle be woatsɔ woƒe dzi blibo aku ɖe wo nɔewo ŋu teƒe la, afi mae nuteƒemawɔmawɔ va xɔa zikpui ɖo.” Nu sia ate ŋu adzɔ ɖe atsu kple asi siwo nye srɔ̃tɔwo ƒe geɖe la gɔ̃ hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 50 la gbe srɔ̃anyɔnu si wɔ nuteƒe nɛ ƒe 25 sɔŋ la ale be nyɔnu bubu aɖe si ƒe nu va lé dzi na ye la nanɔ ye gbɔ. Ame aɖewo doa taflatsɛ ɖe nuwɔna sia ta hegblɔna be tsitsimekuxie. Gake le esi woana wòadze abe ɖe esia nye nu si womate ŋu aƒo asa na o ene teƒe la, mina míagblɔ nu si ŋutɔŋutɔ nuwɔna sia nye—tsitsimenuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ ye wònye.c
14. (a) Aleke Yehowa sena le eɖokui me ɖe srɔ̃tɔ siwo wɔa alakpanu ɖe wo srɔ̃wo ŋu la ŋu? (b) Nya kae Yesu gblɔ le nuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ ŋu?
14 Aleke Yehowa sena le eɖokui me le ame siwo gbea wo srɔ̃wo ɖe susu aɖe si mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o ta la ŋu? Mía Mawu la ‘lé fu srɔ̃gbegbe,’ eye wògblɔ nuxlɔ̃amenya sesẽ aɖe ɖe ame siwo sẽa ŋuta le wo srɔ̃wo ŋu hegblẽa wo srɔ̃wo ɖi la ŋu. (Mixlẽ Maleaxi 2:13-16.) Yesu hã lé fu nuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ abe Fofoa ke ene, elabena efia nu be ame aɖeke mate ŋu agbe srɔ̃a alo aɖe asi le eŋu ne menye le ahasiwɔwɔ ta o eye wòanɔ nu wɔm abe ɖe yemewɔ nu gbegblẽ aɖeke o ene o.—Mixlẽ Mateo 19:3-6, 9.
15. Nu kawoe srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be woalé nuteƒewɔwɔ na wo srɔ̃wo me ɖe asi sesĩe?
15 Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ be woayi edzi awɔ nuteƒe na wo srɔ̃wo? Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “[Kpɔ] dzidzɔ le wò ɖekakpui me srɔ̃ ŋu,” eye “Mia kple nyɔnu [alo ŋutsu], si nèlɔ̃na la, miɖu agbe.” (Lod. 5:18; Nyagb. 9:9) Ne srɔ̃tɔ evea siaa le tsitsim la, ele be “woatsɔ woƒe dzi blibo aku ɖe wo nɔewo ŋu,” le ŋutilãme kple seselelãme siaa gome. Esia fia be woatsɔ ɖe le eme na wo nɔewo, woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu, eye woanɔ tetem ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli. Ele be woatsɔ woƒe susu aɖo nu siwo woawɔ be woakpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea kple woa kple Yehowa dome ƒomedodoa ta la ŋu. Be srɔ̃tɔawo nate ŋu aɖo taɖodzinu sia gbɔ la, ele be woanɔ Biblia srɔ̃m ɖekae, woanɔ gbeadzi yim ɖekae edziedzi, eye woanɔ gbe dom ɖa ɖekae ahanɔ Yehowa ƒe yayra biam.
YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE NA YEHOWA
16, 17. (a) Aleke woate ŋu ado míaƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ le ƒomea me kple hamea me? (b) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be nu nyuiwo ate ŋu ado tso se si Mawu de be míadzudzɔ hadede kple míaƒe ƒometɔ siwo woɖe le ha me la dzi wɔwɔ me?
16 Hamea me tɔ aɖewo wɔ nu vɔ̃ gãwo eye wogbe nya na wo “vevie, bene woanɔ lãmesẽ me le xɔse la me.” (Tito 1:13) Le ame aɖewo gome la, woƒe agbenɔnɔ bia be woaɖe wo ɖa le hamea me. Tohehea kpe ɖe “ame siwo wotsɔe na hehee” la ŋu wodzra woa kple Mawu dome ɖo. (Heb. 12:11) Ke ne woɖe míaƒe ƒometɔ aɖe alo xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe le hamea me ya ɖe? Ne edzɔ alea la, ekema nɔnɔme sia ado míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ, nenye be amea ye míele nuteƒe wɔm na loo alo Mawue míele nuteƒe wɔm na. Yehowae wòle be míawɔ nuteƒe na. Yehowa le ŋku lém ɖe mía ŋu ne yeakpɔe ɖa be ɖe míawɔ se si yede be míagade ha kple ame aɖe si woɖe le hamea me o la dzi mahã.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 5:11-13.
17 Wò ya bu nu nyui si ate ŋu ado tso eme ne ƒome aɖe lé se si Yehowa de be woagade ha kple ƒometɔ siwo woɖe le ha me o la me ɖe asi la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ. Woɖe ɖekakpui aɖe le ha me wòwu ƒe ewo sɔŋ, eye ɣeyiɣi siawo me la, fofoa, dadaa, kple nɔviaŋutsu eneawo ‘dzudzɔ hadede’ kplii. Ɣeaɖewoɣi la, edzea agbagba be yeakpɔ gome le nuwɔna aɖewo me kpli wo, gake ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe tɔ afɔ to sesĩe, womede ha kplii le mɔ aɖeke nu o. Emegbe esi wogbugbɔ xɔe ɖe hamea me la, egblɔ be edzroa ye ɣesiaɣi be yeade ha kple yeƒe ƒometɔwo, vevietɔ ne zã do eye yetsi akogo. Ke hã elɔ̃ ɖe edzi be, ne ɖe yeƒe ƒometɔwo de ha kpli ye vie gɔ̃ hã la, sue ma ɖeɖe dzaa ana yeƒe dzi nadze eme. Gake esi eƒe ƒometɔwo meɖo dze kplii miniti ɖeka pɛ gɔ̃ hã o ta la, ale si wòdi vevie be yeanɔ wo dome la nye nu siwo ʋãe wòɖɔ woa kple Yehowa dome ɖo la dometɔ ɖeka. Ðo ŋku kpɔɖeŋu sia dzi ɣesiaɣi si nèdze ŋgɔ tetekpɔ aɖe si ana nàda se si Mawu de be mègade ha kple wò ƒometɔ si woɖe le ha me o la dzi.
18. Esi míedzro nuteƒewɔwɔ ƒe viɖewo kple nu gbegblẽ siwo dona tso nuteƒemawɔmawɔ me vɔ la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?
18 Míele alakpanuwɔwɔ kple nuteƒemawɔmawɔ ƒe xexe aɖe me. Ke hã ame geɖewo le Kristo hamea me siwo ɖo nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí míate ŋu asrɔ̃. Agbe si ƒomevi wonɔ la le ɖase ɖim le wo ŋu, abe ɖe wole gbɔgblɔm be, “Miawoe nye ɖasefowo, eye Mawu hã nyee, be míenye nuteƒewɔlawo kple ame dzɔdzɔewo kpakple mokakamanɔŋutɔwo le mi xɔsetɔwo dome” ene. (1 Tes. 2:10) Mina mí katã míatɔ afɔ to sesĩe be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu kple mía nɔewo ɖaa.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Menye ɖa la ŋutɔ gbɔe wòtso be ŋusẽ ma nɔ Simson si o, ke boŋ ƒomedodo tɔxɛ si nɔ woa kple Yehowa dome gbɔe wòtsɔ, elabena Nasiretɔ wònye.
b Eya ta le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, amewo gblɔa nya si nye “Yuda ƒe nugbugbɔ,” eye esia fiaa “amedede asi.”
c Be nàkpɔ kpekpeɖeŋu ado dzi ne srɔ̃wò mewɔ nuteƒe na wò o la, kpɔ nyati si nye “Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Srɔ̃wò Mewɔ Nuteƒe Na Wò O,” si dze le June 15, 2010, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29-32.
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Petro wɔ nuteƒe na Mawu ƒe Vi amesiamina la, togbɔ be ame bubuwo trɔ le eyome hã