Emenyawo
May 15, 2012
© 2012 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo Koe Kpɔ Mɔ Atae.
Tata Si Míasrɔ̃
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
JULY 2-8, 2012
Ðe Nèdea Bubu Mawu Ƒe Nunana Si Nye Srɔ̃ɖeɖe Ŋua?
AXA 3 • HADZIDZI: 36, 28
JULY 9-15, 2012
Susu Nyui Nenɔ Asiwò Ne Dzidzɔ Mele Wò Srɔ̃ɖeɖe Me O
AXA 8 • HADZIDZI: 36, 11
JULY 16-22, 2012
Ka Ðe Yehowa—“Ɣeyiɣiwo Kple Azãgbewo” Ƒe Mawu La Dzi
AXA 17 • HADZIDZI: 43, 24
JULY 23-29, 2012
Èɖea Yehowa Ƒe Ŋutikɔkɔe Fiana?
AXA 23 • HADZIDZI: 45, 11
TAÐODZINU SI LE NUSƆSRƆ̃NYATIAWO ŊU
NUSƆSRƆ̃NYATI 1, 2 AXA 3-12
Susu nyui siwo tae wòle be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo Yehowa ɖo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu dzi la le nyati siawo me. Woana míagade bubu Mawu ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ŋu geɖe wu. Gakpe ɖe eŋu la, woɖe nu si tae wòle vevie be susu nyui nanɔ mía si ɖe míaƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu ne dzidzɔ mele eme o kple ale si Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu ana dzidzɔ nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe me la me.
NUSƆSRƆ̃NYATI 3 AXA 17-21
Nyati sia dzro mɔ vovovo siwo nu Yehowa ɖee fia le be yenye Gamedzinɔla Gãtɔ la me. Wo me dzodzro ana ale si míexɔ eya ŋutɔ kple eƒe Nya, Biblia, dzi se la me nagasẽ ɖe edzi. Nyatia ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo nunyatɔe esi míele mɔ kpɔm na Yehowa ƒe xɔname kple kakaɖedzi la.
NUSƆSRƆ̃NYATI 4 AXA 23-27
Togbɔ be míelɔ̃ Mawu hã la, míenye ame madeblibowo. Ke hã míedi be míaɖe Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe afia. Nyati sia ɖe ale si míate ŋu awɔ esia la me. Eɖe nu si wòle be míawɔ be míasrɔ̃ Mawu eye míadze eŋu la fia. (Ef. 5:1) Ete gbe ɖe ale si míate ŋu ayi edzi anɔ ekafum ɖaa la hã dzi.
NYATI BUBUWO
13 Mezu Ame Tsitsi Dzeaɖaŋuwo Xɔlɔ̃
22 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
28 ‘Mikpɔ Nyuie Le Farisitɔwo Ƒe Amɔwɔʋãnu La Ŋuti’
31 Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe
AKPAA DZI: Atsu kple asi aɖe, siwo nye mɔɖelawo la, le ɖase ɖim na agbatsɔʋukulawo le agbatsɔʋutɔɖoƒe aɖe le Toulouse, France. Agbatsɔʋu 1,800 kple edzivɔ, siwo tsoa Europa dukɔ vovovowo me la, va toa dugã sia me gbe sia gbe
FRANCE
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME
62,787,000
GBEƑÃÐELAWO
120,172
MƆÐELAWO ƑE DZIDZIÐEDZI LE ƑE ATƆ̃ SIWO VA YI ME:
119 le alafa me