INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 9/1 axa 12-15
  • Medze Si Mawu Si Mesubɔna La Azɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Medze Si Mawu Si Mesubɔna La Azɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Meva Se Nu Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Meva Zu Pastɔ
  • Nu Siwo Na Nye Susu Trɔ
  • Nye Nɔnɔme Trɔ
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðe Vidzĩ ƒe Tome
    Nyɔ!—1997
  • Nu Geɖe Gbegblẽ Ði ɖe Nusi Lolo Wu Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 9/1 axa 12-15

Medze Si Mawu Si Mesubɔna La Azɔ

Abe ale si Marieta Manuel Bacudio gblɔe ene

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Pentekosteha la ƒe mawunyagblɔla aɖe si si wobe dɔdada ƒe ŋusẽ le la va mía gbɔ. Esi wòka asi ŋunye la, medze anyi hebu ɖe ɖokuinye, wònye “gbɔgbɔe dze dzinye.” Esi megatrɔ va ame me la, mekpɔe be dɔdada ƒe ŋusẽ si dim menɔ la su asinye. Aleke wòdzɔe be meva nɔ nɔnɔme sia me, eye ŋusẽ kae esia kpɔ ɖe nye agbe dzi? Hafi maɖo nya ma ŋu la, na maƒo nu tso ɖokuinye ŋu vie gbã.

WODZIM le Ilocos Norte, le Philippines, le December 10, 1968 dzi. Nyee nye adrelia le vi ewo dome. Katolikohaa mee wodzi mí ɖo, abe ale si wòle le Philippinestɔ akpa gãtɔ gome ene. Ƒe 1986 mee medo le sekɛndrisuku (lycée), eye nye taɖodzinue nye be mava zu dɔnɔdzikpɔla. Gake meva dze dɔ vevie, si wɔe be nye didi sia meva eme o. Mesusui gɔ̃ hã be maku. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖem la, meƒo koko na Mawu gblɔ nɛ be ne ekpe ɖe ŋunye mehaya la, masubɔe le nye agbemeŋkekewo katã me.

Esi meva haya mlɔeba la, meɖo ŋku ŋugbe si medo na Mawu la dzi. Eya ta le June 1991 me la, medze Pentekostehaa ƒe Bibliasrɔ̃sukua dede gɔme. Wogblɔ be nu siwo míakpɔ tso sukua dede me la dometɔ ɖekae nye “gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.” Medi be dɔdada ƒe ŋusẽ nasu asinye. Wogblɔ na mí le sukua me be esia ate ŋu ava eme to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ dzi. Gbe ɖeka esi medi be mana wòadze abe ɖe “nunana” la su asinye ene ta la, mewɔ dzadzadza va se nye sukuxɔmehatiwo dometɔ ɖeka ƒe gbedodoɖa esime míenɔ gbe dom ɖa le ƒuƒoƒo me. Esi wòsusɔ vie wòawu gbedodoɖaa nu la, mewɔ kaba yi ɖadze klo ɖe afi si menɔ hafi la. Emegbe meva gblɔ nu si tututu biam wònɔ le gbedodoɖaa me la nɛ, si wɔe be wòxɔe se be “nunana faa” la su asinye azɔ!

Esi menɔ sukua dem la, biabia geɖewo nɔ susu me nam. Le kpɔɖeŋu me, woƒo nu tso “Fofo” la kple eƒe “ŋkɔ” ŋu le Mateo 6:9. Eya ta mebiaa nyawo abe “Ame kae nye Fofo si ŋu Yesu ƒo nu tsoe?” eye “Ame ka ƒe ŋkɔ ŋue wòle be woakɔ?” Nye nufialawo ɖo nya mawo ŋu nam ɖewoɖewoe, eye ŋuɖoɖoawo me mekɔ nam hã o. Wohe nye susu yi Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa dzi hegblɔ be enye nya si gɔme womate ŋu ase o. Togbɔ be nyemese nufiafia ma gɔme o hã la, meyi edzi nɔ hehea xɔm be mava zu pastɔ.

Meva Se Nu Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu

Wofia mí le Bibliasrɔ̃sukua be Yehowa Ðasefowoe nye alakpasubɔsubɔha vɔ̃ɖitɔ kekeake. Wogblɔ hã be woawoe nye Kristo ƒe futɔ la. Esia wɔe be Ðasefowo ƒe nu ku dzi nam vevie.

Le nye sukua dede ƒe ƒe evelia me la, meyi ɖasrã dzinyelawo kpɔ le mɔkeɣi. Esi Carmen, si nye daanyewo dometɔ ɖeka se be meva aƒe me la, eya hã va be yeakpɔ mí ɖa. Ɣemaɣi la, exɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo xoxo, eye wònye gbe sia gbe gbeƒãɖela. Esi wòte kpɔ be yeafia num tso Mawu ŋu la, meɖo eŋu nɛ dzikutɔe be: “Menya Mawu si mesubɔna la xoxo!” Esi meblu ɖe eta hedzui vɔ la, metu asii, eye nyemegaɖe mɔ nɛ be wòaƒo nu kplim o.

Esi metrɔ yi Bibliasrɔ̃sukua la, Carmen ɖo agbalẽ si nye Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?a ɖem. Enumake meŋlɔe hetsɔe ƒu gbe ɖe dzo me. Eƒe nu ganɔ dɔme vem nam.

Meva Zu Pastɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Esi mewu sukua nu hezu pastɔ

Esi menɔ nusɔsrɔ̃ dzi le Bibliasrɔ̃sukua la, mete ŋu kplɔ ame aɖewo va haa me. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be danye kple fonye hã va ge ɖe Pentekostehaa me.

Medo le Pentekostehaa ƒe Bibliasrɔ̃sukua le March 1994 me. Abe ale si megblɔe le gɔmedzedzea me ene la, mawunyagblɔla aɖe nɔ sukunuwuwu ƒe wɔnaa teƒe. Mí sukunuwulawo katã míedi be míate ɖe eŋu, elabena míexɔe se be dɔdada ƒe ŋusẽ nɔ esi. Míenɔ nuƒolanɔƒea kplii nɔ kpo tim henɔ asikpe ƒom ɖe ha si ƒom wole dzi. Ame sia ame si ŋu wòka asii la dzea anyi, si fia be “gbɔgbɔa dze edzi.”b Esi wòka asi ŋunye la, nye hã medze anyi hebu ɖe ɖokuinye. Esi megatrɔ va ame me la, vɔvɔ̃ ɖom, ke hã mese le ɖokuinye me be dɔdada ƒe ŋusẽa su asinye azɔ, eye dzi dzɔm.

Esia megbe kpuie la, mezã ŋusẽ sia tsɔ da gbe le ɖevi aɖe si asrã sesẽ aɖe nɔ fu ɖem na la ŋu. Esi medo gbe ɖa ɖe ɖevia ta la, fifia ƒo ɖee zi ɖeka, eye dɔa vɔ nɛ enumake. Mese le ɖokuinye me be mesu te azɔ be mawɔ ŋugbe si medo na Mawu la dzi. Ke hã, menɔ sesem le ɖokuinye me be nane gasusɔ nam kokoko. Le ememe la, mexɔe se be Mawu ɖeka koe li, gake nyemenya ame si tututu wònye o. Azɔ hã, menɔ ɖi kem sɔlemehaa ƒe nufiafiawo dometɔ geɖe.

Mezã ŋusẽ sia tsɔ da gbe le ɖevi aɖe si asrã sesẽ aɖe nɔ fu ɖem na la ŋu

Nu Siwo Na Nye Susu Trɔ

Le esiawo megbe la, megava lé fu Yehowa Ðasefowo ɖe edzi. Metɔa dzo Ðasefowo ƒe agbalẽ ɖe sia ɖe si ŋu meke ɖo. Emegbe nane si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura o la dzɔ. Danye megadi be yeanɔ Pentekostehaa me o, eye esia wɔ nuku nam ŋutɔ. Sigbeɖe, Carmen nɔ Biblia srɔ̃m kplii! Esia na Carmen ƒe nu ku dzi nam vevie.

Gbe ɖeka meke ɖe magazine si nye Nyɔ! ŋu le danye ƒe me. Anye ne matɔ dzoe hafi gake, esi medi be manya nu si xlẽm wònɔ ta la, meda ŋku ɖe eme. Meke ɖe nyati aɖe si ƒo nu tso ame aɖe si xɔ eƒe hamenufiafiawo dzi se vevie la ŋu. Ke esi wòdze Ðasefowo ƒe agbalẽwo kpakple Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, eva ka ɖe edzi be Mawuɖekaetɔ̃, dzo mavɔ kple luʋɔmakumaku ƒe nufiafia la mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye. Nu siawo tututu gɔmee menɔ didim be mase. Tso ekema dzi la, menɔ didim vevie be mava se Biblia me nyateƒea gɔme.

Le Nyɔ! ma ke me la, mexlẽ nu tso ame aɖe si nye aha tsu nola kple atike vɔ̃ɖi zãla, gake Biblia sɔsrɔ̃ na wòɖe asi le nuwɔna mawo ŋu la ŋu, eye esia na meva nɔ Ðasefowo ƒe agbalẽ bubuwo xlẽm. Meke ɖe agbalẽ si nye The Divine Name That Will Endure Forever (Le nom divin qui demeure à jamais)c ŋu. Agbalẽ ma xexlẽ na menya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Dzi dzɔm ŋutɔ be meva nya Mawu vavã ɖeka kolia la ŋuti nyateƒea!—5 Mose 4:39; Yeremiya 10:10.

Dzi dzɔm ŋutɔ be meva nya Mawu vavã ɖeka kolia la ŋuti nyateƒea!

Meyi agbalẽawo xexlẽ dzi le adzame, si wɔe be mesrɔ̃ Biblia me nyateƒe geɖe. Le kpɔɖeŋu me, le Pentekoste sukua me la, wofiam be Yesue nye Mawu, gake mesrɔ̃e le Biblia me be “Mawu gbagbe la ƒe Vi” ye wònye.—Mateo 16:15, 16.

Nye Nɔnɔme Trɔ

Esi megado go Carmen la, ewɔ nuku nɛ be megblɔ be wòadi agbalẽ si nye The Divine Name That Will Endure Forever la kpakple agbalẽ bubuwo vae nam. Mede Bibliasrɔ̃suku ma ƒe geɖe gake womefia nyateƒeam o; wokplɔm trae boŋ. Dzi nɔ dzɔyem ɖe Biblia me nyateƒe siwo ŋu meva nɔ kekem ɖo la ta. Mekpɔ nya si Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi” la ƒe nyateƒenyenye dze sii kɔtɛ. (Yohanes 8:32) Nu siwo srɔ̃m menɔ la va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye.

Nu siwo srɔ̃m menɔ la va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye

Tsã la, mesusui be mate ŋu anɔ Yehowa Mawu subɔm le adzame agakpɔtɔ anye pastɔ hã. Eteƒe medidi hafi meva kpɔe be masɔ be maganɔ sɔlemehaa ƒe dzixɔsewo dometɔ geɖe fiam o. Ke hã, menɔ vɔvɔ̃m. Ne meɖe asi le pastɔnyenyea ŋu la, dɔ ka wɔ ge mala? Ŋukpe ka gbegbee nye esi wòanye na sɔlemea me tɔwo ne wose be yewoƒe pastɔwo dometɔ ɖeka va zu Yehowa Ðasefo! Eya ta meyi edzi nɔ nu fiam abe pastɔ ene, gake meƒoa asa na sɔlemehaa ƒe alakpanufiafiawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 14, 15]

Precious srɔ̃ Biblia kplim

Esi megado go nɔvinye Carmen la, edo susua ɖa be made Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe. Esi medea míaƒe sɔleme gãtɔ ɣeaɖewoɣi le Laoag City ta la, le nye hametɔwo ƒe manyamanya me la, meyi ɖadi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata, si nye woƒe ƒuƒoƒea, le afi ma. Woɖem fia Alma Preciosa Villarin, si amewo lɔ̃a yɔyɔ be “Precious,” si nye gbe sia gbe gbeƒãɖela le hame ma me. Togbɔ be nyemekɔ dzi me ɖe Ðasefowo ŋu keŋkeŋ ɣemaɣi o hã la, melɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kplim.

Nɔvinyea gbɔa dzi blewu nam ŋutɔ ne ele Biblia me nyateƒewo fiamem. Meva de dzesi nɔnɔme nyui sia le Precious hã ŋu. Togbɔ be dzi kuam ɣeaɖewoɣi le nua srɔ̃ɣi, medina be mahe nya kplii, eye mekɔa gbe dzi henɔa nu siwo wofiam va yim la ta ʋlim hã la, edze agbagba geɖe kpe ɖe ŋunye mese Biblia gɔme. Precious kple Ðasefo bubuwo ƒe ɖetsɔleme, ɖokuibɔbɔ kple tufafa wɔ dɔ ɖe dzinye. Esia ʋãm medi be masubɔ Yehowa.

Le July 1995 me la, meva de dzesii be nu nyuitɔ si wòle be mawɔ koe nye be maɖe asi le pastɔnyenyea ŋu. Nu ka tae? Nyaɖeɖefia 18:4 gblɔ ku ɖe alakpasubɔsubɔhawo ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: “Mido go le eme, ne miedi be yewoakpɔ gome kplii le eƒe nu vɔ̃wo me o, eye ne miedi be yewoaxɔ eƒe fuwɔamewo ƒe ɖeke o.” Ke dɔ ka wɔ ge mala azɔ? Hebritɔwo 13:5 na mekpɔe be ne míewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, eƒe ŋugbedodo sia ava eme na mí be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò gbeɖe o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Gbe si gbe mía kple danye míexɔ nyɔnyrɔ

Togbɔ be fofonye kple fonyea va tsi tsitre ɖe ŋunye vevie azɔ hã la, esi wòsusɔ kwasiɖa eve ne maxɔ nyɔnyrɔ azu Ðasefo la, melé dzi ɖe ƒo heyi aƒe me ɖatɔ dzo nu siwo katã mezã le pastɔdɔa wɔwɔ me. Esi mewɔ esia la, mede dzesii be ŋusẽ tɔxɛ siwo katã nɔ asinye tsã la nu yi. Tsãa, ɣesiaɣi si memlɔ anyi la, mesenɛ le ɖokuinye me be nane va le dzinye. Seselelãme ma hã nu yi. Vɔvɔli siwo mekpɔna le nye xɔ ƒe fesre nu hã megadzena o. Biblia sɔsrɔ̃ na meva nyae be nu siwo woyɔna be nunanawo egbea, abe dɔdada ƒe ŋusẽ ene la, metso Mawu gbɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe wotso. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mevo tso wo si me, abe ale si ko wònɔ le dɔlanyɔnuvi si me “afakaka ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe” nɔ hafi Paulo nyãe do goe le eme la gome ene.—Dɔwɔwɔwo 16:16-18.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Esime menye Yehowa Ðasefowo ƒe gbe sia gbe gbeƒãɖela

Dzi dzɔm ŋutɔ esi mía kple danye siaa míexɔ nyɔnyrɔ le ŋkeke ɖeka dzi zu Yehowa Ðasefowo le September 1996 me! Ema megbe la, meva zu Yehowa Ðasefowo ƒe gbe sia gbe gbeƒãɖelawo dometɔ ɖeka, eye mese vivi na dɔ sia ƒe geɖe.

Meɖe srɔ̃ fifia si ŋkɔe nye Silver. Mía kplii siaa míele kutri kum le Biblia me nyateƒea fiam mía via. Nɔvinyeawo dometɔ aɖewo va wɔ ɖeka kplim le Yehowa subɔsubɔ me. Togbɔ be ete ɖe dzinye be ƒe geɖe va yi si nyemenya Mawu nyuie o hã la, dzi le dzɔyem ŋutɔ be medze si Mawu si mesubɔna la azɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Mía kple srɔ̃nye kple mía vinyɔnu kpakple ƒometɔ geɖe siwo hã va le tadeagu vavãtɔ me

a Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

b Wogblɔna le subɔsubɔha aɖewo me be “gbɔgbɔ dze ame dzi,” elabena woxɔe se be “gbɔgbɔa” vaa xɔsetɔwo dzi kple ŋusẽ aɖe si nana wodzea anyi.

c Yehowa Ðasefowoe tae.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe