INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 1/1 axa 4-5
  • Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ÐE MÍATE ŊU AÐU KU DZIA?
  • Ɣeyiɣi Didi Kae Ame Ate Ŋu Anɔ Agbe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Aleke Woava Ðu Futɔ Si Nye Ku Dzii?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Alesi Míele Agbe Didi Nɔnɔ Dimee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 1/1 axa 4-5
Egipte Fia Farao

NYATI SI LE AKPAA DZI | NE MÍEKU KO EVƆA?

Aʋa Si Amegbetɔwo Ho Ðe Ku Ŋu

China Fiagã Qin Shi Huang kple Spaintɔ anyigbayeyedila Juan Ponce de León

FIAGÃ QIN SHI HUANG

ANYIGBAYEYEDILA PONCE DE LEÓN

Futɔ dziŋɔ aɖee ku nye. Míeho aʋa ɖe eŋu kple míaƒe ŋusẽ katã. Ne ku va xɔ míaƒe ame vevi aɖe le mía si la, esesẽna na mí be míaxɔe ase. Alo ne míele ɖekakpuime eye ɖekakpuimeŋusẽ le mía ŋu la, míasusu be futɔ sia mate ŋu akpe mía dzi o—míeléa susu ma me ɖe asi sesĩe va se ɖe esime wòva hiã be míana ta.

Ame siwo agbenɔnɔ le ku megbe nɔ vevie na wu la dometɔ aɖewoe nye Farao siwo nɔ anyi le blema. Wozã woawo ŋutɔwo kpakple ame akpeakpewo ƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ tsɔ ku kutri vevie be yewoaɖu ku dzi. Xɔ kɔkɔ siwo wotu la ɖia ɖase le woƒe kutrikuku kpakple woƒe kpododonu siaa ŋuti.

Chinatɔwo ƒe fiagãwo hã di be yewoanɔ agbe tegbee, negbe ɖeko woawo ya woti taɖodzinu sia yome to mɔ bubu dzi—woku kutri be yewoawɔ agbemavɔtike. Fiagã Qin Shi Huang de dɔ asi na eƒe atikewɔlawo be woato atike wɔnuku aɖe si ana ame nanɔ agbe tegbee la vɛ. Gake aɖinu si nye mercury la nɔ woƒe atikeawo dometɔ geɖe me, eye anɔ eme be atike siawo dometɔ aɖee wòno eye wòku.

Le ƒe alafa 16 lia Mía Ŋɔli me la, Spaintɔ anyigbayeyedila Juan Ponce de León dze mɔ nɔ tsatsam le Carib-ƒua dzi nɔ anyigba si dzi wòake ɖe tsidzɔƒe si ana ame nanɔ sɔhɛme ɖaa ŋu la dim. Eva ke ɖe Florida ŋu le United States, gake le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eku le aʋa aɖe si wowɔ kple Amerika Vidzidziwo la me. Eye va de asi na egbea la, womeke ɖe sɔhɛmenɔnɔ ƒe tsidzɔƒe aɖeke ŋu o.

Faraowo, fiagãwo kple anyigbayeyedila mawo katã dze agbagba be yewoaɖu ku dzi. Eye ne mɔ si dzi woto be yewoaɖo taɖodzinu sia gbɔ medze mía ŋu o hã la, mía dometɔ kae agblɔ be viɖe aɖeke mele nu si dim wonɔ la ŋu o? Mí katã kloe ƒe dzimedidie wònye be míagaku o.

ÐE MÍATE ŊU AÐU KU DZIA?

Nu ka tae míedina be míaku o? Biblia ɖe nu si tae la me. Biblia gblɔ tso mía Wɔla, Yehowa Mawua ŋu be: “Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na [amegbetɔwo].” (Nyagblɔla 3:11) Adzɔ dzi na mí be míanɔ anyigba dzi ase vivi na anyigba dzi nu nyuiwo ɖaa, ke menye hena ƒe 80 aɖewo ko o. (Psalmo 90:10) Esiae nye míaƒe dzimedidi.

Nu ka tae Mawu de “mavɔmavɔ” dzi me na mí ɖo? Be agbe mavɔ nɔnɔ nadzro mí ko, evɔ míaƒe asi mate ŋu asu edzi oa? Gbeɖe. Ke boŋ Mawu do ŋugbe be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si ku maganɔ anyi o. Biblia ƒo nu tso ku ɖeɖeɖa keŋkeŋ kpakple agbe mavɔ si ŋugbe Mawu do la ŋu zi geɖe.—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, “Ku Dzi Ðuɖu.”

Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ eme kɔ nyuie be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3, Eʋegbe Biblia) Eya ta mɔkpɔkpɔ li be woava ɖu ku dzi mlɔeba. Ke hã Yesu ka ɖe edzi na mí be Mawu koe ate ŋu aɖu aʋa la dzi na mí.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.

Ku Dzi Ðuɖu

  • “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

  • “Esiae nye Fofonye ƒe lɔlɔ̃nu be ame sia ame si kpɔa Vi la, eye wòxɔa edzi sena la nakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 6:40.

  • “Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.”—1 Korintotɔwo 15:26.

  • ‘Agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si ƒe ŋugbe Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la, do tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la le mía si.’—Tito 1:2.

  • “[Atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe