Emenyawo
September 15, 2014
© 2014 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
TATA SI MÍESRƆ̃NA
OCTOBER 27, 2014–NOVEMBER 2, 2014
Èka Ðe Edzi Be Yeke Ðe Nyateƒea Ŋua? Nu Ka Tae?
AXA 7 • HADZIDZI: 28, 107
NOVEMBER 3-9, 2014
Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã
AXA 12 • HADZIDZI: 135, 133
NOVEMBER 10-16, 2014
AXA 17 • HADZIDZI: 88, 24
NOVEMBER 17-23, 2014
Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
AXA 23 • HADZIDZI: 111, 109
NOVEMBER 24-30, 2014
Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
AXA 28 • HADZIDZI: 95, 100
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
▪ Èka Ðe Edzi Be Yeke Ðe Nyateƒea Ŋua? Nu Ka Tae?
Nyati sia dzro susu aɖewo siwo tae ame geɖe ƒo nya ta be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le la me. Míadzro susu siwo tae Ðasefowo ka ɖe edzi be yewo sie nyateƒea le hã me.
▪ Subɔ Mawu Nuteƒewɔwɔtɔe Togbɔ Be “Xaxa Geɖewo” Ava Hã
Esi míele Satana ƒe xexea me ta la, míato xaxawo me. Dodokpɔ siwo vaa mía dzi la dometɔ aɖewo nye amedzidzedze siwo le tẽe, eye bubuwo mele tẽe o. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míade dzesi wo ahadzra ɖo ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo ŋu.
▪ Dzilawo—Mihe Mia Viwo
Ele be dzilawo nahe wo viwo le “Yehowa ƒe amehehe kple susua mamla me.” (Ef. 6:4) Nyati sia dzro mɔ etɔ̃ siwo dzi woate ŋu ato awɔ esia kple ale si woate ŋu anye gbɔgbɔ me alẽkplɔlawo na wo vi siwo le tsitsim la me.
▪ Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða
Aleke wòdzɔe be ameƒomea va le kukum? Aleke ‘woava ɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖae’? (1 Kor. 15:26) Kpɔ ale si ŋuɖoɖoawo te gbe ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye, eƒe nunya kple vevietɔ eƒe lɔlɔ̃ dzii.
▪ Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Wɔm Dzi
Tso blema ke la, nuteƒewɔlawo le Yehowa si siwo wɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa togbɔ be esia wɔwɔ bia be woatsɔ nanewo asa vɔe le nuɖoanyi sia me hã. Aleke míaɖo ŋku woƒe ‘xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple agbagba siwo wodzena le lɔlɔ̃ ta’ la dzi?—1 Tes. 1:3.
AKPAA DZI: Nɔviŋutsu eve le Biblia me gbedeasia gblɔm na tɔƒodela aɖe le Negombo, si le Sri Lanka ƒe ɣetoɖoƒeƒuta
SRI LANKA
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME
20,860,000
GBEƑÃÐELAWO
5,600
GBESIAGBE MƆÐELAWO
641