INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 8/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu ka tae wowɔ amegbetɔwo ɖo?
  • Aleke Mawu Ðoe Be Agbea Nanɔ Na Mí?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 8/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Agbea katã koe nye esia?

Ŋutsu tsitsi aɖe kple ɖevi dzaa aɖe wole adzɔge kpɔm ɖaa

Ðe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be agbea le kpuie akpa?

Ðe nèbia ɖokuiwò kpɔ be fefe, dɔwɔwɔ, srɔ̃ɖeɖe, ɖeviwo nyinyi kpakple tsitsi aku amegã ta koe míele agbea ɖoa? (Hiob 14:1, 2) Biblia na míenya be ame siwo ƒe nunya ɖe dzesi la gɔ̃ hã bu nya mawo ŋu va yi.—Xlẽ Nyagblɔla 2:11.

Tameɖoɖo aɖe tae míele agbe ɖoa? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, ele be míabia be, Aleke míewɔ va dzɔ? Esi ame geɖe bu ale si wotrɔ asi le míaƒe ahɔhɔ̃ kple ameti bliboa ŋui ŋu la, woƒo nya ta be Wɔla nyanu aɖee wɔ mí. (Xlẽ Psalmo 139:14.) Ne ele alea la, ke susu aɖe kokoko tae wòwɔ mí ɖo! Ne ènya susu si tae wòwɔ mí la, ate ŋu ana taɖodzinu vavã nanɔ wò agbe ŋu.

Nu ka tae wowɔ amegbetɔwo ɖo?

Mawu yra atsu kple asi gbãtɔ eye wòna dɔ si me dzidzeme le wo. Tame si wòɖo ɖe wo ŋue nye be woadzi ayɔ anyigba la dzi, ana wòazu paradiso, eye woanɔ agbe tegbee.—Xlẽ 1 Mose 1:28, 31.

Mawu ƒe tameɖoɖoa he ɖe megbe esi amegbetɔwo dze aglã ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu. Gake Mawu megbe mí o, eye tame si wòɖo ɖe mía ŋu hã metrɔ o. Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu le nu siwo hiã la wɔm be yeaɖe nuteƒewɔlawo, eye tame si yeɖo ɖe míaƒe anyigba ŋu hã ava eme! Eya ta Mawu di be nàse vivi na agbea abe ale si yeɖoe tso gɔmedzedzea me ene! (Xlẽ Psalmo 37:29.) Srɔ̃ nu tso nu si nàwɔ be Mawu ƒe tameɖoɖoa naɖe vi na wò la ŋu le Biblia me.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia me.  Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.pr418.com/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe