INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp16 No. 1 axa 16
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?
  • Ðe kukuawo agava nɔ agbe akea?
  • Nu Kae Dzɔna Ðe Ame Siwo Ku La Dzi?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Nu Kae Dzɔna Ne Ame Ku?
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nu Kae Dzɔna Le Ku Me?
    Nyɔ!—2007
  • Nyabiase Evelia: Nu Kae Adzɔ Ðe Dzinye Ne Meku?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
wp16 No. 1 axa 16
Seƒoƒo nyui aɖe si woda ɖe yɔdokpe dzi

NYA KAE BIBLIA GBLƆ?

Nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

AME AÐEWO XƆE SE be ne ame ku la, eyia edzi nɔa agbe le nɔnɔme bubu aɖe me, gake ame aɖewo hã ka ɖe edzi be ku nye nu sia nu ƒe nuwuwu. Nu kae nye wò susu?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Kukuawo meganya naneke kura o.” (Nyagblɔla 9:5) Ne ame ku la, efia be megale afi aɖeke o.

NU BUBU SI MÍESRƆ̃ LE BIBLIA ME

  • Anyi wotsɔ mè ame gbãtɔ, Adam, eye anyi ke wògatrɔ zu. (1 Mose 2:7; 3:19) Nenema kee wòdzɔna ɖe ame siwo katã le kukum egbea hã dzi, wozua anyi.—Nyagblɔla 3:19, 20.

  • Wotso afia na ame siwo ku la hetsɔ woƒe nu vɔ̃wo ke wo. (Romatɔwo 6:7) Eya ta ne ame ku la, nu vɔ̃ ƒe tohehe bubu aɖeke megali nɛ o.

Ðe kukuawo agava nɔ agbe akea?

ALEKE NÀÐO EŊUI?

  • Ɛ̃a?

  • Aoa?

  • Yemenya oa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

“Tsitretsitsi li.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

NU BUBU KAE MÍATE ŊU ASRƆ̃ LE BIBLIA ME?

  • Biblia tsɔa ku sɔna kple alɔ̃dɔdɔ zi geɖe. (Yohanes 11:11-14) Mawu ate ŋu afɔ kukuawo tso ku me, abe ale si ko míetea ŋu nyɔa ame tso alɔ̃ me ene.—Hiob 14:13-15.

  • Amewo fɔfɔ tso ku me ŋuti nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me, eye esia na kakaɖedzi sẽŋu mí be woava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre.—1 Fiawo 17:17-24; Luka 7:11-17; Yohanes 11:39-44.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe agbalẽa ƒe ta 6 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.pr418.com/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe