AGBEMEŊUTINYA
Ale Si “Mezu Nuwo Katã Na Amewo Katã Ƒomevi”
“Ne èxɔ nyɔnyrɔa, madzo le gbɔwò!” Nya siawoe tɔnye gblɔ be yeatsɔ ado vɔvɔ̃ na nɔnye le ƒe 1941 me. Togbɔ be nyaa nɔ alea hã, nɔnye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si wòɖe na Yehowa Mawu la dzi. Esia wɔe be tɔnye dzo le mía gbɔ abe ale si wògblɔe ene. Ƒe enyi ko mexɔ ɣemaɣi.
DO ŊGƆ na nudzɔdzɔ maa, melɔ̃ Biblia me nyateƒea xoxo. Mexlẽa Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo nɔ nɔnye si, eye wo me nyawo léa dzi nam ale gbegbe, vevietɔ nɔnɔmetataawo. Papa medina be dada nagblɔ nu siwo srɔ̃m wònɔ ŋu nya nam o. Ke hã, medina be manya, eya ta mebiaa nya geɖe, si wɔe be dada va nɔ nu srɔ̃m kplim ne Papa mele aƒe me o. Esia wɔe be nye hã meva tso nya me be maɖe adzɔgbe na Yehowa. Mexɔ nyɔnyrɔ le Blackpool, England, le ƒe 1943 me, esi mexɔ ƒe ewo.
MEDZE YEHOWA SUBƆSUBƆ GƆME
Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nye kple dada míedea gbeadzi ɖekae. Agbaƒomɔ̃woe míetsɔ ɖea gbeƒã Biblia me gbedeasia. Wololo ale gbegbe, eye woƒe kpekpeme ade kilogram 4 kple afã. Wò ya kpɔe le susu me be nye, ɖevi sue, mekɔ agbaƒomɔ̃ kpekpe ma ɖe asi le gbeadzi!
Kaka maxɔ ƒe 14 la, edzrom be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Dada gblɔ nam be magblɔe na nɔviawo subɔla (si woyɔna fifia be nutome sue dzikpɔla) gbã. Nutome sue dzikpɔlaa ɖo aɖaŋu nam be masrɔ̃ dɔ aɖe si akpe ɖe ŋunye le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Eya ta mewɔe nenema. Esi mewɔ dɔ ƒe eve megbe la, meɖo dze kple nutome sue dzikpɔla bubu ku ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu. Egblɔ nam be, “Àte ŋu awɔe faa!”
Eya ta, le April 1949 me la, nye kple dada míedzra xɔmenu siwo nɔ míaƒe xɔhayaa me, eye míeʋu yi Middleton, si te ɖe du si nye Manchester ŋu. Afi mae míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le. Le ɣleti ene megbe la, nɔviŋutsu aɖe va zu nye zɔhɛ le mɔɖeɖedɔa me. Alɔdzedɔwɔƒea bia tso mía si be míaʋu ayi hame yeye aɖe me le Irlam. Dada hã wɔ mɔɖeɖedɔa kple nɔvinyɔnu aɖe si nɔ hame bubu me.
Togbɔ be ƒe 17 koe mexɔ hã, wode dɔ asi na nye kple nye zɔhɛa be míakpɔ kpekpeawo dzi, elabena nɔviŋutsu siwo dze la mesɔ gbɔ le hame yeyea me o. Emegbe woɖom ɖe Buxton Hamea, si me gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo nɔ eye wohiã kpekpeɖeŋu la me. Mekpɔe be nuteƒekpɔkpɔ siawo na hehem ɖe dɔdeasi yeye siwo meva xɔ emegbe la ŋu.
Míele gbeƒã ɖem dutoƒonuƒo aɖe le Rochester, New York, le ƒe 1953 me
Le ƒe 1951 me la, mede asi agbalẽ te be made Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua. Gake le December 1952 me la, dziɖuɖua bia tso asinye be mawɔ asrafodɔ. Mebia be woaɖem le asrafodɔwɔlawo me le esi menye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla ta, gake ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe be nyemenye subɔla o, eye wodem gaxɔ me ɣleti ade. Esi menɔ gaxɔ me la, habɔbɔa kpem be mava de Gilead Sukua ƒe klass 22 lia. Emae wɔe be July 1953 me hafi menɔ tɔdziʋu si woyɔna be Georgic me ɖo ta New York.
Esi meɖo New York la, mete ŋu de Xexeme Yeye Habɔbɔa ƒe takpekpe si wowɔ le ƒe 1953 me. Emegbe meɖo keteke yi afi si sukua nɔ le South Lansing, New York. Esi wònye be ɖeko medo le gaxɔ me koe nye ema ta la, ga boo aɖeke menɔ asinye o. Eya ta, esi meɖi le ketekea me la, medo ga si matsɔ aɖo bɔs si akɔm ayi South Lansing la le ʋuɖola aɖe gbɔ togbɔ be home sue aɖe koe hã.
WODE DƆ ASI NAM LE DUTA
Wona hehe mí le Gilead Sukua be wòakpe ɖe mía ŋu be ‘míazu nuwo katã na amewo katã ƒomevi’ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. (1 Kor. 9:22) Woɖo nye kple nɔviŋutsu eve bubu siwo nye Paul Bruun kple Raymond Leach ɖe Philippines. Míelala ɣleti geɖe hafi míaƒe visawo su mía si; eye míeɖo tɔdziʋu ɖo ta Philippines. Tɔdziʋua to Rotterdam, Mediterranea Ƒua dzi, Suez Tsimɔa, India Ƒugãa dzi, Malaysia kple Hong Kong—míenɔ ƒu dzi ŋkeke 47 sɔŋ! Mlɔeba míeva ɖo Manila le November 19, 1954, dzi.
Nye kple nye hati dutanyanyuigblɔla Raymond Leach míenɔ tɔdziʋu me ŋkeke 47 yi Philippines
Azɔ míawoe nye esia le dzronyigba dzi, le ame siwo míenya o dome, eye wòle be míasrɔ̃ gbe bubu. Gake gbã la, woɖo mí ame etɔ̃a katã ɖe hame aɖe me le Quezon Dugã si me tɔ geɖe doa Eŋlisigbe la me. Esia wɔe be ɣleti ade megbe la, nya ʋɛ aɖewo koe míenya le Tagalog-gbe, si nye gbe si koŋ dukɔa me tɔwo dona la me. Míaƒe dɔdeasi si kplɔ esia ɖo la kpe ɖe mía ŋu míesrɔ̃ gbea kaba wu.
Gbe ɖeka le May 1955 me esi nye kple Nɔviŋutsu Leach míegbɔ tso gbeadzi la, míekpɔ lɛtawo le míaƒe xɔ me. Míexlẽ le lɛtaa me be woɖo mí nutome sue dzikpɔlawoe. Ƒe 22 koe mexɔ ɣemaɣi, gake dɔdeasi sia na mɔnukpɔkpɔm “mezu nuwo katã na amewo katã ƒomevi” le mɔ bubuwo nu.
Esime menɔ dutoƒonuƒo ƒom le nutome sue takpekpe si wowɔ le Bicol-gbe me la me
Le kpɔɖeŋu me, esi medze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme la, fiase aɖe si nɔ ʋuʋu ɖi la ŋgɔe meƒo nye dutoƒonuƒo gbãtɔ le le kɔƒe aɖe me. Eteƒe medidi o, meva se be le Philippines la, dutoƒo ŋutɔŋutɔe woƒoa dutoƒonuƒo le ɣemaɣi! Esi meyi ɖasubɔ le hame vovovowo me le nutoa me la, meƒo nuƒowo le dua me agbadɔwo te, asiwo me, dziɖuɖua ƒe xɔwo ŋkume, fefewɔƒewo, modzakaɖebɔwo kple mɔ gãwo ƒe dzogoewo dzi zi geɖe. Gbe ɖeka le San Pablo Dugãa me la, tsi gã aɖe dza si wɔe be nyemete ŋu ƒo nuƒoa le dua ƒe asia me o, eya ta medoe ɖe nɔviŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm le afi ma gbɔ be maƒo nuƒoa le Fiaɖuƒe Akpataa me boŋ. Emegbe wova biam be esi wònye be menye dutoƒoe meƒo nuƒoa le o ta la, ɖe míate ŋu ayɔ kpekpea be dutoƒokpekpe mahã?
Nɔviwo ƒe aƒewo mee medzena ɣesiaɣi. Togbɔ be aƒeawo nɔ sue hã, woléa be na wo wonɔa dzadzɛ ɣeawokatãɣi. Zi geɖe la, aba si woɖo ɖe ʋuƒo dzi le anyigba dzie memlɔna. Kpɔtɔtɔ menɔ tsileƒeawo ŋu o, eya ta mesrɔ̃ ale si manɔ awu me ale tsi le gota. Meɖoa bɔs si woyɔna be jeepney le nye mɔzɔzɔawo me, eye ɣeaɖewoɣi la, meɖoa tɔdziʋu yia ƒukpo bubuawo dzi. Tso esime medze nye subɔsubɔdɔa gɔme va de asi na egbea la, ʋu menɔ asinye kpɔ o.
Gbeadzidede kple hameawo sasrã kpɔ kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ Tagalog-gbea. Womewɔ ɖoɖo koŋ ɖe gbea fiafiam ŋu o, ke hã toɖoɖo nɔviawo le gbeadzi kple kpekpeawo me kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ gbea. Nɔviawo di vevie be yewoakpe ɖe ŋunye masrɔ̃ gbea, eye mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si wogbɔ dzi ɖi nam hede dzi ƒo nam la ŋu.
Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, mexɔ dɔdeasi bubu siwo na wòhiã be magawɔ tɔtrɔ geɖe. Le ƒe 1956 me esi Nɔviŋutsu Nathan Knorr va Philippines la, wode dɔ asi nam be manye habɔbɔa ƒe nyanuɖela le nyadzɔdzɔŋlɔlawo ŋkume le takpekpe gã si wowɔ le dukɔa me la me. Nyemenya nu boo aɖeke tso dɔ ma ŋu o, eya ta nɔvi bubuwo kpe ɖe ŋunye mesrɔ̃e. Mede ƒe ɖeka o, wowɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gã bubu aɖe ŋu, eye Nɔviŋutsu Frederick Franz si tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã la hã va. Esi menɔ takpekpedzikpɔla ƒe dɔa wɔm la, mesrɔ̃ nu tso ale si Nɔviŋutsu Franz lɔ̃ faa trɔ ɖe ale si dukɔa me tɔwo wɔa nui ŋu me. Nɔviawo kpɔ dzidzɔ esi wokpɔe be Nɔviŋutsu Franz do yewo dewu si woyɔna be barong Tagalog esime wònɔ dutoƒonuƒoa ƒom.
Meva zu nutome gã dzikpɔla eye dɔa bia be magatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo ŋu. Ɣemaɣi la, dutoƒo koŋue míeɖea sinima si nye Xexeme Yeye Habɔbɔa ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ (si le Eŋlisigbe me) la le. Nu dzodzoewo ɖea fu na mí ɣeaɖewoɣi. Wodina be yewoate ɖe akaɖi si klẽna le sinimaɖemɔ̃a me ŋu, eye wogena ɖe mɔ̃a ƒe teƒeteƒewo. Eyome la, dɔ bliboe wònyena ne míele sinimaɖemɔ̃a me tutum! Menɔa bɔbɔe be míawɔ ɖoɖo ɖe sinimawo ɖeɖefia ŋu o, ke hã, ne míekpɔ ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne wova nyae be xexea me katã ƒe habɔbɔe Yehowa ƒe amewo nye la, míaƒe dzi dzea eme.
Katoliko nunɔlawo ƒoe ɖe dumegãwo nu be womegaɖe mɔ na mí be míawɔ míaƒe takpekpewo o. Alo ne afi si míele takpekpe wɔm le la te ɖe woƒe gbedoxɔ ŋu la, woƒoa woƒe gawo sesĩe ale be nyaselawo nagase nuƒolawo ƒe nyawo o. Ke hã, míaƒe dɔa yi ŋgɔ, eye ame geɖe siwo nɔ nuto mawo me va le Yehowa subɔm fifia.
DƆDEASI BUBU SIWO BIA BE MAGAWƆ TƆTRƆ GEÐEWO
Le ƒe 1959 me la, mexɔ lɛta aɖe si na menya be ehiã be mayi aɖasubɔ le alɔdzedɔwɔƒea. Esia na megasrɔ̃ nu yeyewo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wobia tso asinye be mayi aɖasrã alɔdzedɔwɔƒewo kpɔ le dukɔ bubuwo me. Le mɔzɔzɔ siawo dometɔ ɖeka me la, medo go Nɔvinyɔnu Janet Dumond si nye dutanyanyuigblɔla le Thailand. Míeŋlɔa lɛta na mía nɔewo hena ɣeyiɣi aɖe, eye emegbe míeɖe mía nɔewo. Nye kple Janet míewɔ subɔsubɔdɔa ɖekae ƒe 51 sɔŋue nye esia, eye míekpɔ dzidzɔ geɖe.
Nye kple Janet, le Philippines ƒe ƒukpo gbogboawo dometɔ ɖeka dzi
Le wo katã mea, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezɔ mɔ yi ɖasubɔ Yehowa ƒe amewo le dukɔ 33 me. Aleke gbegbee medaa akpee nye esi be dɔdeasi siwo mexɔ le gɔmedzedzea me kpe ɖe ŋunye medzra ɖo ɖe kuxi siwo tea ŋu doa mo ɖa le dɔwɔwɔ kple ame ƒomevi vovovowo me la ŋu! Sasrãkpɔ siawo na ale si mebua nuwo ŋui la ganyo ɖe edzi wu, eye wokpe ɖe ŋunye mekpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ amewo katã ƒomeviwoe.—Dɔw. 10:34, 35.
Míekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi
MEGALE TƆTRƆWO WƆM
Dzidzɔ gãe wònye nam be mesubɔ ɖekae kple nɔvi siwo le Philippines! Fifia, gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ewo sɔŋ wu ale si wònɔ esi medze subɔsubɔdɔa gɔme le afi sia. Nye kple Janet míegale subɔsubɔm le Philippines alɔdzedɔwɔƒea le Quezon Dugãa me. Togbɔ be ƒe 60 kple edzivɔe nye esia mele subɔsubɔm le duta hã, egahiã kokoko be manɔ dzadzraɖo ɖi awɔ tɔtrɔ ɖe sia ɖe si Yehowa abia tso asinye. Tɔtrɔ siwo habɔbɔa le wɔwɔm le ŋkeke siawo me hã bia be míanɔ klalo awɔ tɔtrɔ siwo hiã le mía Mawu la subɔsubɔ kpakple nuwɔwɔ kple mía nɔviwo me.
Dzi dzɔa mí ɖaa ɖe Ðasefowo ƒe dzidziɖedzi le Philippines ta
Míelɔ̃ faa wɔ nu sia nu si míede dzesii be enye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, eye esia na dzidzeme geɖe su mía si le agbe me. Míedze agbagba hã wɔ tɔtrɔ siwo hiã be míasubɔ mía nɔviwo nyuie wu. Ɛ̃, míaƒe tameɖoɖo kplikpae wònye be míanye “nuwo katã na amewo katã ƒomevi” zi ale si wònye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ko.
Míegakpɔtɔ le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒea le Quezon Dugãa me