INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/93 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena March
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 1
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme March 22
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 3/93 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena March

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 1

Hadzidzi 171

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatia aɖewo. Wɔ magazinenana ƒe wɔwɔfia si me woaƒo nu tso nusiwo dzɔ nyitsɔ laa ŋu le eye ne wowɔ gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo tɔxɛ aɖe na March 6 ƒe azãɖuŋkekea la, nàƒo nu tso eŋu.

20 min: “Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Tafea ŋu Ðeɖe Fia.” Hamemegã ƒe nuƒo.

15 min: “Gbeƒãɖeɖe ƒe Mɔnu Siwo Le Bɔbɔe Gake Wotsea Ku.” Dzro eme kple nyaselawo. Ne miele memamã 3 lia me dzrom la, na woawɔ wɔwɔfia si fia alesi gbeƒãɖela awɔ be aƒemenɔlaa nadi be Agbe Tegbee-gbalẽa nasu ye si. Ele be aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔlemea nadze ƒã. Ne miele memamã 5 lia me dzrom la, wɔ alesi gbeƒãɖela azã trakt atsɔ ayi dzeɖoɖoa dzi kple aƒemenɔlae ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 215 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 8

Hadzidzi 126

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso magazine yeyeawo me dzeɖonyawo ŋu. De dzi ƒo be amesiame nakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le kwasiɖa sia ƒe nuwuwu.

20 min: “Zã Agbe Tegbee-Gbalẽa le Biblia-Nusɔsrɔ̃wo Wɔwɔ Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo ƒe numedzodzro. Ne miedzro memamã 6 lia me vɔ la, wɔ alesi sɔhɛ ate ŋu atsɔ Agbe Tegbee-gbalẽa ado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe ame aɖe gbɔ ahadze egɔmee ƒe wɔwɔfia. Ne ɖevi aɖewo te ŋu dze nusɔsrɔ̃wo gɔme le mia gbɔ la, gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔawo.

15 min: “Míenye Mawunyasitsalawo O.” Dzikpɔla zimenɔla alo hamemegã bubu ƒe nuƒo si nɔ te ɖe December 1, 1992 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 26-9 dzi. Kafu nɔviawo dzonɔamemetɔe ɖe gome si wokpɔna le asi kpekpe ɖe Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔwɔa kpakple miaƒe hamea ŋu me la ta. Àte ŋu aƒo nu le nusi wɔm hamea le tsɔ le alɔ dom Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpatatuga kple mia gbɔ xɔtudɔ aɖe si wɔm miele fifia la ŋuti.

Hadzidzi 53 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 15

Hadzidzi 143

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ƒo nu tso ŋudzedze si Habɔbɔa gblɔ be yekpɔ ɖe nudzɔdzɔ siwo mieɖo ɖa ŋu la ŋuti, eye nakafu hamea le asi si kpem wole ɖe miaƒe hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu nuteƒewɔwɔtɔe la ta. De dzi ƒo be woakpɔ gome le gbeadziyiyi me le kwasiɖaa ƒe nuwuwu.

20 min: “Miafia . . . Nusiwo Katã Meɖo na Mi La.” Woazã biabiawo kple ŋuɖoɖowo atsɔ adzro eme kple nyaselawo. Ne miele memamã 4 lia kple 5 lia me dzrom la, ƒo nu tso mawunyakpukpui kple agbalẽ bubu siwo sɔ na mia gbɔ nɔnɔmewo la ŋuti. Na woawɔ wɔwɔfia si ŋu wotrɔ asi le nyuie atsɔ afia alesi woate ŋu ana dzeɖoɖo gbãtɔa nade nu traktawo dometɔ ɖeka me nyawo mee. Midzro trakt la ƒe memamã ɖeka alo eve me ɖe alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu. De dzi ƒo be amesiame naku kutri le agbagbadzedze be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme la me.

15 min: “Ʋu,” Reasoning-gbalẽa, axa 72-4. Miwɔe wòanye tɔtrɔyi si me aƒemenɔlaa bia nya siwo woŋlɔ yibɔɔ eye wololo la. Ele be gbeƒãɖelaa ƒe ŋuɖoɖoawo nanɔ te ɖe Reasoning-gbalẽa me nyawo dzi.

Hadzidzi 181 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme March 22

Hadzidzi 150

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

15 min: “Dɔ Wɔwɔ Aduadu Kple Míaƒe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃dzikpɔla La.” Biabiawo kple ŋuɖoɖowo.

20 min: Woatsɔ biabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro “Ŋkuɖodzia ƒe Vevienyenye” ƒe nyatia me. Mixlẽ ŋɔŋlɔ siwo ɣeyiɣia aɖe mɔ na. De April 1984 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati si ƒe tanyae nye “Ŋudzedze Kpɔkpɔ ɖe Tafe ƒe Ðoɖoa Ŋu” ƒe memamã 3 vaseɖe 5 numedzodzroa me. Kpɔ egbɔ be nàde nyati ma ƒe memamã 8 vaseɖe 10 hã si ƒo nu tso hahomodzakaɖeɖe le Ŋkuɖodzia megbe ŋu la eme.

Hadzidzi 87 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe