INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/93 axa 7
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 6/93 axa 7

Nyabiaɖaka

◼ Ðe mɔɖeɖe li azɔ be woado gbe na amesiwo woɖe le hamea me alo ade ha kpli woa?

Gbetakpɔxɔ si nye 15 avril 1991 ƒe axa 20-25 dzro ɖoɖo yeye si wowɔ be hamemegãwo nasrã amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ɖe wo ɖokui ɖa le habɔbɔa me evɔ wometsi tre ɖe eŋu o la kpɔ zi ɖeka le ƒe me be woakpe ɖe wo ŋu wòatrɔ va Yehowa gbɔ. Ðe esia fia be hamea me tɔwo kple hamemegãwo hã ate ŋu ado gbe na wo azɔ alo ade ha kpli wo ahawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ kpli woa?

Gbetakpɔxɔ si woyɔ la gblɔ le axa 22 be: “Xɔlɔ̃ xoxowo kple ƒometɔwo akpɔ mɔ be amesi woɖe le hamea me la atrɔ agbɔ; gake le to ɖoɖo sedede si le Korintotɔwo 5:11 me ta la, womedea ha kple amesi woɖe le hamea me la o. Wogblẽnɛ ɖe kplɔla siwo woɖo la si me be woatso nya me be woakpɔ be ame ma di be yeatrɔ agbɔ hã.” Le esi teƒe be woaɖoe wo ɖokui dzi aƒo nu kple amesiwo woɖe le hamea me alo akpe ɖe wo ŋu le gbɔgbɔme la, hamea me tɔwo wɔa ɖeka kple etenuŋɔŋlɔ si le axa 23 dzi be: “Ne Ðasefo aɖe le aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa wɔm alo wòsee le mɔ aɖe nu be ame aɖe si woɖe le hamea me le anyigbamamã me la, ele be wòagblɔe na hamemegãwo.”—Tito 3:10, 11; Tim. I, 1:19, 20.

Hamemegãwo ƒe ha la aɖe wo dometɔ eve be woaɖa srã amesi woɖe le hamea me si le woƒe anyigbamamã me, amesi ɖee fia be yedi be yeatrɔ va Yehowa ƒe Habɔbɔa me la kpɔ zi ɖeka le ƒe me. Woɖo ŋku edzi na hamemegãwo gɔ̃ hã be esia “menye sasrãkpɔ dzro ko o.” Womasrã ame aɖe si gale nugbegblẽwo wɔwɔ dzi alo amesi ɖe tsitretsiɖeŋunuwɔna sesẽ fia la kpɔ o. Ele be míaɖo ŋku edzi hã be le amesiwo edze abe ɖe wotrɔ dzime ene gome la, mɔnuɖoɖoae nye be togbɔ be woana agbalẽ wo abe nusi sɔ ene hã la, “hamemegãwo masrã wo kpɔ edziedzi alo asrɔ̃ nu kple amesi woɖe le hamea me la o.” Ne edze be Biblia me sidzedze alo gɔmesese megale esi o le esi wogaxɔe vɔ megbe la, hamemegãwo ate ŋu atia Ðasefo bibi aɖe (ne anya wɔ la hamemegã aɖe) be wòasrɔ̃ nu kplii—Tsɔe sɔ kple Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa axa 103 kple 104; Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, May 1987 ƒe Nyabiaɖaka me; kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ mai 1981 ƒe Nyabiaɖaka hã.

Nya siwo dze le etame ɖee fia be ele be hamea me tɔwo katã nawɔ nu ɖe amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ɖe wo ɖokui ɖa le habɔbɔa me ŋu wòasɔ kple nya si Korintotɔwo I, 5:9-13 kple Yohanes II, 9-11 gblɔ vaseɖe esime woagaxɔ wo ɖe hamea me. Esia akpe ɖe mía ŋu míakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kple Habɔbɔa ŋu ahakpɔ hamea me tɔwo ta be xexe sia me ƒe “amɔwɔ ʋaʋã” magagblẽ nu le wo ŋu o eye wòakpe ɖe amesiwo woɖe le hamea me ŋu kple mɔkpɔkpɔ be woatrɔ dzime ahagbugbɔ hĩ.—Kor. I, 5:7; Kor. II, 7:9, 10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe