Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le Juin me: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔ xɔxɔ. Le afisi womedɔ nu le o la, míate ŋu ana magazine eve kple agbalẽ gbadzawo dometɔ ɖesiaɖe negbe (Suku ƒe agbalẽ gbadza) koe manɔ eme o. Juillet: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. Aûot: Le bonheur—Comment le trouver? alo Comment s’assuer Une Vie de Famille heureuse. Septembre: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le nusiwo woagadɔ me ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe nudɔgbalẽvi (S-14) dzi.
◼ NYATAKAKA TƆXƐ: Enye dzidzɔ manyagblɔ na mí be miana mianya be Dziɖuha la wɔ ɖoɖo be woagbugbɔ aɖo alɔdzedɔwɔƒe anyi ake ɖe Togo dukɔa me abe tsã ene tso 1er juin 1993 dzi heyina. Emegbe miagase nyatakaka bubu, siwo ku ɖe alɔdze yeyea ɖoɖo ŋuti. Míexɔe se be esia ade dzi ƒo na mi eye wòakpe ɖe mia ŋu miagawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me. Míeda akpe na Yehowa be wògaɖo mí te ake togbɔ be xaxawo li gake!—Ps. 126:1-6.
◼ Habɔbɔa le 1986 vaseɖe 1992 Fransegbe me Gbetakpɔxɔ bablawo tam abe agbalẽ siwo anɔ hameawo si ene. Amesiwo hiã na agbalẽ siawo nadɔe to hamea dzi. Fransegbe me Gbetakpɔxɔ babla siwo woagata le ƒe siwo ava me la kple ƒe 1992 tɔwo anɔ Habɔbɔa si, eye woate ŋu adɔe ɣesiaɣi. Taflatse miɖo ŋku edzi be agbalẽ babla siawo nye agbalẽ siwo dɔdɔ ŋu ɖoɖo le.
◼ Habɔbɔa gaɖe kɔmpiuta “diskette” bubuwo ɖe go: New World Translation of the Holy Scriptures—With References/Insight on the Scriptures. New World Translation kple Insight ƒe babla eveawo hã le nu yeye siwo woɖe ɖe go la dome. Wole Eŋlisigbe me ɖeɖeko.
◼ Habɔbɔa gale dɔ wɔm le kɔmpiuta “diskette” yeye si dzi New World Translation, Insight-gbalẽ bablawo kple ƒe 1950 vaseɖe 1993 ƒe Watchtower anɔ ŋu. Amesiwo wodzɔ dzi na la nadɔe to hamea dzi.
◼ Woɖe gbeƒãe le “Kekeliviwo” ƒe Nutome Gã Takpekpea ƒe nuƒo mamlea me be woawɔ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Cape Coast. Taflatse mide dzesii be wotrɔ afisi woawɔ takpekpea le wòzu Agona Swedru abe alesi wòdze le June 1993 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me ene.
◼ Wowɔ ɖoɖo le ƒe sia me be woaƒo nuƒo siwo woaƒo le “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpea me la dometɔ aɖewo le Krobɔgbe me le takpekpe si woawɔ le Koforidua be mía nɔvi siwo se Krobɔgbe hã na ɖe vi tso eme. Nenema ke woade dɔ asi na nɔvi aɖewo hã be woaƒo nuƒoawo dometɔ aɖewo le Fafragbe me le Tamale takpekpea hã me.
◼ Abe alesi woɖe gbeƒãe le Juin 1993 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ene la, hame ɖesiaɖe ƒe agbalẽŋlɔla akpɔ nya siwo ku ɖe takpekpe gã ŋu la gbɔ. Ne meli o la, woatia hamemegã bubu ɖe eteƒe be wòakpɔ dɔdasi siawo gbɔ.
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔnta me le June 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔ vɔ la, miaɖe gbeƒãe na hamea.
◼ Agbalẽ Siwo Va:
Eʋegbe: Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? Fransegbe: Dieu se souciet-il vraiment de nous? Eʋegbe, Eŋlisigbe, Fransegbe: Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? (Tract 19 lia); Akɔfafa na Blanuilélawo (Trakt 20 lia); Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me (Tract 21 lia); Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? (Trakt 22 lia).
◼ Kasɛt Yeye Siwo Li:
Eŋlisigbe: Jehovah’s Judgment Against Law-Defying People; Preserving Life in Time of Famine (Drama; Ele Kasɛt ɖeka me).
◼ Videokasɛt Yeye Si Li:
Eŋlisigbe: Purple Triangles ƒe kasɛt.