Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1993 “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe
1 Amesiwo katã kpɔ gome de ƒe 1992 me “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ na Togo nɔviawo le Calavi, Benin, kple Denu la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi ɖe mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanye kekeliviwo le xexe si do blikɔ me la ŋu. (Pet. II, 1:19) Dzidzɔ ka gbegbee nye si esi le takpekpe eve siawo me la, amesiwo ƒe xexlẽme nye 260 tsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔɖetsime ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi hewɔ ɖeka kple kekeliviwo ƒe ameha gã la! Ele be kekeliviwo nasrɔ̃ míaƒe Nufiala Gãtɔ la kple Nufiala Gã la siaa be woaklẽ nyuie. Gbedasi xɔasi aɖe le mía si vavã, eye ƒe sia me ƒe “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo akpe ɖe mía ŋu be míana nyatakaka vevi sia naɖo amewo ƒe dzi gbɔ nyuie wu. (Ps. 119:160; Mat. 28:20) Dutanyanyuigblɔla siwo le xexeame katã la le ɖoɖo wɔm xoxo be woayi takpekpe siawo le wo dedukɔwo me. Ðe mia kple wò ƒometɔwo le ɖoɖo sia tɔgbe wɔma? Nukata màde dzi ƒo na wò Biblia nusrɔ̃viwo be woava gbɔgbɔmekplɔ̃ sia ŋu o?
2 Kpɔ egbɔ nàwɔ wò takpekpeyiyiɖoɖowo nyuie le gbedodoɖa me ale be nàte ŋu ava se vivi le ŋkeke ene ƒe gbɔgbɔmenunyiame nyuiawo katã me tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlea dzi. De amesiwo ahiã kpekpeɖeŋu la hã wò ɖoɖowo me lɔlɔ̃tɔe, vevietɔ ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ale be woawo hã nate ŋu anɔ anyi ase nuƒoawo katã. (Gal. 6:10) Takpekpea adze egɔme le Yawoɖagbe ŋdɔ ga 1:20 me eye wòawu nu le fiẽ ga 5:00 me lɔƒo. Fiɖagbe kple Memleɖagbe siaa ƒe kpekpeawo adze egɔme le ŋdi ga 9:20 me eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu enu le ɣetrɔ ga 5:00 me lɔƒo. Kwasiɖagbe ŋdi ƒe ɖoɖowɔɖia adze egɔme le ŋdi ga 9:20 me, eye ŋkeke ma ƒe ɖoɖowɔɖia awu enu le ɣetrɔ ga 4:10 me lɔƒo. Nya siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le wò dzadzraɖowo wɔwɔ me.
3 Afisi Miayi Le: Míedze agbagba wɔ ɖoɖo alesi míate ŋui be nutome sue ɖesiaɖe, alo le afisi wòhiã le la, nutome suea ƒe akpa aɖe, nayi nutome gã takpekpe si gogo wo wu. Ðoɖoa dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Míewɔ ɖoɖo ɖe nɔƒe, agbalẽ, nuɖuɖu, dzeƒewo, kple nu bubu siwo asu la ŋu ɖe alesi hame siwo míetia takpekpea na la ƒe gbeƒãɖelawo ƒe akpa gãtɔ ava la nu. Eyata míele nu xlɔ̃m hamewo katã be woawɔ ɖe ɖoɖoa dzi. Esia hiã vevietɔ le dugã me hamewo gome.
4 Ne míewɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe le teƒe vovovowo la, nɔvi aɖewo adi be yewoade wo katã. Togbɔ be esia ana ame nɔewo tutu ɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ame hã la, ehea kuxiwo vɛ le takpekpe me nuzazãwo gome eye wògblẽa tameɖoɖo si nye be vavalawo megasɔ gbɔ akpa o be dɔ si woawɔ do ŋgɔ na takpekpe dzi naɖe kpɔtɔ la me. Le nusiawo ta la, míele biabiam tso nɔviwo si lɔlɔ̃tɔe be woayi takpekpe si míeɖo be woayi la ɖeɖeko. Ne wolɔ̃ be yewoayi takpekpe bubu le du bubu me la, ema asɔ na mí. Woade dɔ asi na nɔvi aɖewo be woakpɔ takpekpeɖoɖo aɖewo siwo hiã kpata gbɔ, eye le ema ta nuƒo aɖewo ato wo ŋu. Le woawo gome la, míeɖe mɔ na wo be woagate ŋu ayi takpekpe bubu le du bubu me. Eye ne nɔvi aɖewo hã adi be yewoayi takpekpe si woawɔ le dugã me ɖe takpekpe si míeɖo be woƒe hamea nayi teƒe le gbegbɔgblɔkuxiwo ta la, míeɖe mɔ le esia hã ŋu.
5 Le kɔƒedu me hame aɖewo me la, gbegbɔgblɔ, ʋu ƒe anyimanɔmanɔ, kple teƒea ƒe didime ana wòasɔ na wo wu be woayi takpekpea le afisi míetia na wo o. Le kpɔɖeŋu me, Kasoa kple Nyanyanu Hameawo adi be yewoayi Accra “A” alo Accra “C” takpekpea ɖe Swedru tɔ teƒe. Nenema ke togbɔ be Accra takpekpewoe míetia na hame aɖewo le nutome sue 12B hã la, ame aɖewo akpɔe be anɔ bɔbɔe wu na yewo be yewoayi Hohoe takpekpea. Hame mawo ate ŋu ayi takpekpe siwo wodi.
Ne hame aɖe ɖo be yeayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na woƒe nutoa o la, ele be woana nutome sue dzikpɔla nanya ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o.
6 Dzeƒe: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miehiã dzeƒe to takpekpea dzikpɔlawo dzi la, ekema taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo eye miaɖoe ɖe afisi miayi takpekpea le. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpe ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Lome O.
7 Hiahiã Tɔxɛwo: Gbeƒãɖela siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui kple wo vi siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu nya meku ɖo o siwo dzi hamea ƒe subɔsubɔkɔmiti da asi ɖo koe woawɔ ɖoɖo sia na. Hamewo nawɔ ɖoɖo na amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le le afisi woayi takpekpea le. Hamemegãwo kple ame bubu siwo nya nu le ameawo ƒe nɔnɔmewo ŋu la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le lɔlɔ̃ me. Zi geɖe la, esia biana be gbeƒãɖelawo nabu amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ame tsitsiwo, nuwɔametɔwo, kple ɖewohĩ ame bubuwo ŋu. Gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu akplɔ wo ɖe asi vɛ alo woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ bubuwo nu.—Yak. 2:15-17; Yoh. I, 3:17, 18.
8 Le nyateƒe me la, Dzeƒe Dzikpɔlawo adze agbagba ana dzeƒe gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ne hamea me tɔwo mate ŋu ana kpekpeɖeŋui o. Ele be gbeƒãɖela siawo nadzro woƒe nɔnɔmea me kple hamea ƒe agbalẽŋlɔla la. Ele be agbalẽŋlɔla la naƒo nu le nya la ŋu na Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia be woanya ne hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woa ŋutɔwo nadi woƒe dzeƒewo hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke agbalẽŋlɔla la nana Xɔbiagbalẽvi ɖeka amesiawo. Amesi le xɔ biam lae akpee ɖo eye wòagbugbɔe na agbalẽŋlɔla be wòalé ŋku ɖe eŋu be ekpe ye katã ɖo, ekpee ɖo nyuie, eye nɔnɔme siwo tae wòdze be woave amea nu dze le edzi la ŋu. Ele be woade dzesi le Xɔbiagbalẽvia dzi be “Hiahiã Tɔxɛ.” Agbalẽŋlɔla la AÐE nɔnɔmea me TSITOTSITO le lɛta bubu me. Agbalẽŋlɔla la atsɔ Xɔbiagbalẽvia ayi Dzeƒe Dɔwɔƒea. Ele be woawɔ esia katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ele be amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le la nana Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ ɖeka nakpe ɖe wo ŋu wòayi afisi wokpɔa dzeƒenyawo gbɔ le ɖe woƒe Xɔbiabia ta ne woɖo takpekpewɔƒea teti.
9 Nuɖuɖunyawo: Woawɔ nuwo wɔwɔ be woanɔ bɔbɔe wu ƒe ɖoɖoa ŋudɔ le nuɖuɖu nyui siwo ɖaɖa le bɔbɔe nana me. Habɔbɔa kpɔ ŋudzedze ɖe alesi miekpe asi ɖe eŋui le takpekpe siwo míewɔ va yi me ŋu eye míele dzi dem ƒo be miagayi edzi ado vivi ɖe ŋutilãmenuɖuɖunana ƒe ɖoɖo siwo woawɔ le nuɖuɖudɔwɔƒea le takpekpeawo me ŋu.
10 Tamale Takpekpea: Woawɔ “Mawu ƒe nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Tamale, tso January 13-16, 1994 me. Woawɔ bɔsu ƒe ɖoɖo tɔxɛ na amesiwo atso Dziehe siwo adi be yewoakpe asi ɖe takpekpea ŋu la. Míaɖo ɖoɖoa ŋuti nyatakakawo ɖe hameawo emegbe. Taɖodzinuae nye be míaɖi ɖase geɖe wu le Tamale. Eyata míele dzi dem ƒo na amesiwo le ɖoɖo wɔm be yewoayi la be woaɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme kple vomeɖase siaa ne woyi Tamale. Gake do ŋgɔ la, míedi be amesiwo adi be yewoayi la nadze dzadzraɖo ɖe takpekpea ŋu gɔme fifia.
11 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ Na Takpekpe: Abe alesi wònɔ ɣeyiɣi siwo va yi me la, míeka ɖe edzi be miakpe asi ɖe dɔ siwo míawɔ do ŋgɔ na takpekpea la ŋu kple dzi blibo. Míagatu agbadɔ, adi xɔ na vavalawo, ahawɔ dɔ bubuwo abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míele dzi dem ƒo na mi katã be miawɔ ɖoɖo akpɔ gome le dɔ vevi sia me bliboe, menye le kwasiɖanuwuwuwo ɖeɖeko o ke le kwasiɖaŋkeke aɖewo hã dzi. Azɔ̃ hã míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖoɖo akpɔ gome le lɔlɔ̃nu faa dɔ wɔwɔ me le takpekpe si nàyi la me.
12 Takpekpekɔtagbalẽviwo Kple Woƒe Kotokuwo: Míele aɖaŋu ɖom na hame ɖesiaɖe be woazã “Demande de publications” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo kple woƒe aŋekotokuwo. Taflatse mikpɔ egbɔ be miekpee ɖo eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa kaba ale be míate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe nuhiahiãwo ŋu ɖe game dzi. Nenɔ susu me na mi be womatsɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋekotokuawo va takpekpeawo me o.
13 Hadzidzi: Ha siwo woadzi le ɖoɖowɔɖia mee nye esiwo gbɔna le ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo la nu: 91, 59, 111, 148, 191, 113, 114, 164, 183, 166, 156, 202, 105, 151, 181, 70, 42, 106, 53, 79, 85. Míele dzi dem ƒo na mi be miadzi haa akplɔ haƒoƒoa ɖo le takpekpea me.
14 Nya Léle Ðe Kasɛt Alo Viɖeo Dzi: Abe alesi wònɔ va yi ene la, Habɔbɔa mawɔ nuƒoawo alo dramawo léle ɖe mɔ̃ dzi ƒe ɖoɖo aɖeke o. Amesiwo ŋutɔ alé nya ɖe mɔ̃ dzi hena woawo ŋutɔ ƒe zazã la nawɔ esia le mɔ si maɖe fu na vavala bubuwo alo aɖe woƒe susu ɖa o la nu. Vevietɔ mele be woatsi ka ɖe elektrikŋusẽa kple nuƒomɔ̃awo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖeka kpli mí le esia gome la ŋu ŋutɔ.
15 Nyataƒonya: Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi wɔ ɖoɖo ɖe “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpewo ŋu be wòakpe ɖe Yehowa Ðasefowo katã ŋu le agbagba si míedzena le nufiafiadɔ si wotsɔ de asi na mí la wɔwɔ me. Ŋkeke ene takpekpe siawo adze egɔme le dukɔa me le Yawoɖagbe, 23 décembre 1993 eye wòawu nu Kwasiɖagbe, 9 janvier 1994. Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe ɖesiaɖe kple ɖetsɔlemetɔwo katã newɔ ɖoɖo be yewoayi takpekpe siawo dometɔ ɖeka teti, wòanɔ anyi aɖo to nyuie tso hadzidzi kple gbedodoɖa si woatsɔ aʋu enui le Yawoɖagbe ŋdɔ me dzi vaseɖe gbe mamlea doɖaɣi le Kwasiɖagbe ŋdɔ me.—Tsɔe sɔ kple Mose V, 31:12.