Ƒe 1996 “Mawu Me Ŋutifafa Ƒe Dɔlawo” Yehowa Ðasefowo Ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 Ame 126,456 siwo de 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpewo le Ghana la dometɔ geɖe ɖe alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe nuƒo siwo tu ame ɖo le gbɔgbɔ me la ŋu gblɔ míese. Dzidzɔ yɔ míaƒe dziwo me esi míekpɔ Yehowa kafula 2,197 wotsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe kpɔɖeŋui. Dzi dzɔ mí be míexɔ agbalẽ yeye eve siwo nye Yehowa Ðasefowo Kple Sukudede kple Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Le nyateƒe me la, ele be vivi si míese na takpekpe wɔdɔɖeamedzi sia le ƒe si va yi me la naʋã mí míadze agbagba ɖesiaɖe ayi takpekpe si ƒe ɖoɖo wɔm wole ɖe ƒe 1996 “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpewo ŋu. Ele be mí katã míakpe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo eye míakpe ɖe wo ŋu be woayi kpli mí. Takpekpe siawo anye dzideƒo kple ŋusẽ tsoƒe ŋutɔŋutɔwo na mí esi míele Yehowa subɔm dzidzɔtɔe le ŋkeke mamlɛ siawo me.
2 Kpɔ egbɔ nàwɔ ɖoɖo ɖe takpekpea ŋu do ŋgɔ ale be nàte ŋu anɔ anyi ase vivi le ŋkeke etɔ̃ ƒe gbɔgbɔmeɖoɖo dodzidzɔnameawo katã me, tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enu dzi vaseɖe gbedodoɖa si woatsɔ akpãe dzi. De amesiwo ahiã kpekpeɖeŋu la wò ɖoɖowo me lɔlɔ̃tɔe, vevietɔ ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ale be woawo hã nate ŋu ava se nuƒoawo katã. Anyo ŋutɔ be nàdzro nya siwo le emedegbalẽvi sia me la me kple Biblia-nusrɔ̃vi ɖesiaɖe si aɖoe be yeayi. (Gal. 6:6, 10) Woatsɔ hadzidzi adze takpekpea gɔmee le Fiɖa ŋdi ga 9:30 me eye wòawu enu le ɣetrɔ ga 4:40 me lɔƒo. Memleɖa ƒe takpekpea adze egɔme ŋdi ga 9:30 eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu enu le ɣetrɔ ga 4:30 me lɔƒo. Kwasiɖagbe ŋdi takpekpea adze egɔme le ga 9:30 me eye ŋkeke ma ƒe takpekpea awu enu le ɣetrɔ ga 4:00 me. Nya siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le dzadzraɖo siwo nàwɔ do ŋgɔ me.
3 Dzeƒe Didi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpea dzi kpɔlawo nadi xɔ na mi la, ke taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvia ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye miaɖoe ɖe afisi miayi takpekpea le. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpe ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
4 Dzeƒe aɖewo anɔ amewo ƒe aƒewo me. Ele be amesiwo adze teƒe siawo naɖo ŋku edzi be manyo be woaxa ɖe woƒe aƒetɔwo ƒe amedzrowɔwɔ ta akpɔ mɔ be yewoanɔ teƒeawo wu ŋkeke si woŋlɔ ɖe Xɔbiagbalẽvia dzi o. Takpekpea wɔɣi KOE woatsɔ xɔ siawo ana mi. Ele be amesiwo adze teƒe siawo nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo lé be na amesi gbɔ wodze ƒe aƒea eye womanɔ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo me kam alo agblẽ wo alo age ɖe ɣaɣlaƒewo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxiwo le go sia me la, ele be woava gblɔe na dzeƒedzikpɔla le takpekpea me enumake, eye alɔ̃ ana kpekpeɖeŋu.
5 Hiahiã Tɔxɛwo: Gbeƒãɖela siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui kple wo vi siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu nya meku ɖo o siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti da asi ɖo koe woawɔ ɖoɖo sia na. Ele be hame si me amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le eye wodea kpekpewo le wo gbɔ nawɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu, tsɔ wu be woada agba sia ɖe takpekpea dzikpɔƒea dzi. Hamemegã kple ame bubu siwo nya nu le amea ƒe nɔnɔmewo ŋu la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Zi geɖe la, esia biana be gbeƒãɖelawo nabu amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ame tsitsiwo, amesiwo ƒe lãme gblẽ, kple ɖewohĩ ame bubuwo ŋu. Gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu akplɔ wo ɖe asi vɛ alo woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ bubuwo nu.—Yak. 2:15-17; Yoh. I, 3:17, 18.
6 Le nyateƒe me la, Dzeƒedzikpɔlawo adze agbagba ana dzeƒe siwo sɔ gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ne hamea me tɔwo mate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo o. Gbeƒãɖela siawo nadzro woƒe nɔnɔmea me kple hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Agbalẽŋlɔla la nagblɔe na Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia ne woanya ne hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woa ŋutɔwo nadi woƒe dzeƒewo hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔ biam nakpe Xɔbiagbalẽvi ɖeka ɖo, emegbe wòagbugbɔe na agbalẽŋlɔla be wòalé ŋku ɖe eŋu be ekpe ye katã ɖo, ekpee ɖo nyuie, eye nɔnɔme siwo tae wòdze be woave enu dze le edzi hã. Agbalẽŋlɔla la AÐE nɔnɔmea ME TSITOTSITO le lɛta bubu me. Ele be woawɔ esiawo katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Ne subɔsubɔkɔmitia lé ŋku ɖe agbalẽvia ŋu vɔ la, agbalẽŋlɔla la aɖoe ɖe Dzeƒedɔwɔƒea. Woagblɔ dzeƒea ŋu nya na amesi le xɔ biam la tẽ.
7 Ele be amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le la nana Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ ɖeka alo hamemegã bubu nakpe ɖe wo ŋu woayi Dzeƒedzikpɔƒea ɖe woƒe xɔbiabia ta ne woɖo takpekpewɔƒea teti.
8 Miwɔ Nu Aduadu Kpli Mí: Dzeƒe ŋuti ɖoɖo sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe amesiwo katã ŋu nya la ku ɖo ƒe nuwɔwɔ aduadu kpli mí dzi. (Tsɔe sɔ kple Heb. 13:17.) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ kpea asi ɖe Habɔbɔa ƒe dzeƒe ŋuti ɖoɖoa ŋu bliboe eye wonɔa afisi wotsɔ na wo, si wɔnɛ be amewo meva sɔa gbɔ le teƒe aɖewo fũ o.
9 Amesiwo Ayi le Afisi Womeɖo na Wo O: Le teƒe ɖesiaɖe kloe la, afisi woɖo be miayi takpekpea lee te ɖe miaƒe hamea ŋu wu. Susu si nye be gbeƒãɖelawo ƒe akpa gãtɔ ayi takpekpe si míetia na woƒe hamea la dzie míenɔa te ɖo wɔa ɖoɖo ɖe nɔƒe, agbalẽ, dzeƒewo, kple nu bubuwo siwo asu ŋu. Afisi wotia na mí ŋuti ɖoɖowɔɖia dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Gake ne miayi takpekpe aɖe si wometia na mi o le susu nyui aɖe ta eye miahiã dzeƒewo la, ke mikpe Xɔbiagbalẽvi ɖo eye miana agbalẽŋlɔla la naɖoe ɖe takpekpewɔƒe si sɔ.
10 Ne míewɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ma ke me le dugã me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade eveawo katã. Togbɔ be esia ana ame nɔewo tutu ɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ame hã la, ehea kuxiwo vɛ le takpekpe me nuzazãwo gome eye wògblẽa tameɖoɖo si nye be vavalawo nagasɔ gbɔ akpa o be dɔ si woawɔ do ŋgɔ na takpekpe kple emegbe dzi naɖe akpɔtɔ la me. Eyata míele biabiam tso dugã me nɔviwo si be woayi takpekpe si míetia na wo le dugã ma me la ɖeɖeko. Ne wodi be yewoayi takpekpe bubu le du bubu me la, ema asɔ na mí. Le nɔvi siwo woade dɔ asi na be woakpɔ takpekpeɖoɖo aɖewo siwo hiã kpata gbɔ eye le esia ta nuƒo aɖewo to wo ŋu gome la, míeɖe mɔ na wo be woagate ŋu ayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Hekpe ɖe eŋu la, ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe si woawɔ le dugã me ɖe takpekpe si míetia be woƒe hamea nayi teƒe le gbegbɔgblɔ ƒe kuxiwo ta la, míeɖe mɔ le esia ŋu.
11 Le kɔƒe me hame aɖewo gome la, gbegbɔgblɔ, teƒea ƒe didime, kple ʋuɖonyawo ana wòasɔ na wo wu be woayi takpekpea le teƒe bubu. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu ayi takpekpe siwo wodi. Gake ele be hame siwo ayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na woƒe nutoa o la nana nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o.
12 Bolgatanga Takpekpea: Míawɔ “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe mamlɛtɔ le Bolgatanga tso January 10 vaseɖe 12, 1997. Woado Twi kple Frafragbe abe alesi wowɔnɛ ene. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã tso anyigbe (anyiehe) siwo ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Habɔbɔa le ɖoɖo tɔxɛ wɔm ɖe ƒe sia me mɔzɔzɔa ŋu. Míele dzi dem ƒo na amesiwo aɖoe be yewoayi la be woaɖi ɖase si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo kple vomeɖase siaa ne wole Bolgatanga. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã di be yewoayi la be woadze dzadzraɖo wɔwɔ ɖe takpekpea ŋu gɔme.
13 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi miena kpekpeɖeŋu le go sia me va yi ŋu ŋutɔ. Míagatu agbadɔ, adi xɔ na vavalawo, ahawɔ dɔ bubuwo abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míeka ɖe edzi be amesiwo katã le takpeduwo me kple hame siwo te ɖe wo ŋu awɔ ɖoɖo akpɔ gome le dɔ vevi sia me bliboe le kwasiɖanuwuwuwo kple kwasiɖaŋkekewo siaa dzi. Nyatakaka si míexɔ le ƒe si va yi me ɖee fia be nɔvi geɖe mewɔ ɖoɖo nyui be yewoana kpekpeɖeŋu le dɔwɔwɔ do ŋgɔ na takpekpea me o. Esia na dɔ tsi ame ʋee siwo tsɔ wo ɖokui na la dzi ŋutɔ, vevietɔ le ŋkeke ʋee siwo do ŋgɔ na takpekpea me. Ne ame geɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo ayi le ŋkeke eve siwo do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe be woaɖo nuwo nyuie la, ade mía dzi ŋutɔ. Míahiã lɔlɔ̃nu faa kpekpeɖeŋunana geɖe le takpekpea wɔɣi hã, eyata mia kple wò ƒomea miwɔ ɖoɖo be miakpɔ gome le esia me le takpekpe si miayi me.
14 Nuɖuɖu ƒe Ðoɖo: Nɔvi geɖe ŋlɔ lɛta tsɔ ɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe alesi míegawɔa nuɖuɖu ƒe ɖoɖo gã aɖeke o le míaƒe takpekpe sue kple gãwo me ŋu fia. Womegaɖo fli legbewo o, eye nɔviwo kpɔ ɣeyiɣi geɖe do gbe na wo nɔewo le ɖiɖiɖemeɣiwo. Gake nɔvi ʋee aɖewo mese numaɖamaɖa ƒe ɖoɖo sia gɔme nyuie o eye woa ŋutɔwo ɖa nu va dzra na nɔviwo le takpekpewɔƒeawo. Míeda asi ɖe esia dzi o. Ame bubuwo mewɔ ɖoɖo tsɔ nuɖuɖu va takpekpea o eye le ema ta wova ƒlee le nuɖuɖudzrala siwo va takpekpewɔƒea gbɔ abe ɖe nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke kura mele takpekpea me o ene. Ðoɖo yeyea enye be amesiame natsɔ nane tso aƒeme ava ɖu le ŋdɔ me ɖiɖiɖemeɣi. Esia ana ame ɖesiaɖe ƒe susu nanɔ gbɔgbɔmenuawo ŋu geɖe wu. Afika ke míeɖanɔ ɖu nu le ɖiɖiɖemeɣiwo o, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagaƒo ɖi zikpuiawo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔwo ɖe anyigba o.
15 Takpekpe ƒe Akɔtagbalẽviwo Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Míele aɖaŋu ɖom na hame ɖesiaɖe be woazã “Literature Order Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo kple woƒe aŋekotokuwo. Taflatse mikpɔ egbɔ miakpe agbalẽvia ɖo eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa KABA ale be míate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe nuhiahiãwo ŋu le esia gome ɖe game dzi. Nenɔ susu me na mi be miakpɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋekotokuawo aƒle le takpekpeawo me o.
16 Hadzidzi: Ha siwo woadzi le takpekpea mee nye esiwo gbɔna le ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo nu: 159, 59, 26, 211, 215, 174, 123, 16, 207, 111, 42, 38, 127, 170, 8, 187, 15, kple 212. Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃amenya si le Efesotɔwo 5:19 la, míele dzi dem ƒo na mi katã be miadzi ha akplɔ haƒoƒoa ɖo le takpekpeawo me.
17 Nya Léle Ðe Kasɛt alo Video Dzi: Habɔbɔa mawɔ nuƒoawo alo drama léle ɖe ka dzi ƒe ɖoɖo aɖeke o. Amesiwo alé nya ɖe ka dzi hena woa ŋutɔwo ƒe zazã la nawɔ esia le mɔ si maɖe fu na vavala bubuwo alo aɖe woƒe susu ɖa o la nu. Vevietɔ mele be woatsi ka ɖe elektrikŋusẽa kple nuƒomɔ̃awo ƒe kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖeka kpli mí le go sia me ŋu ŋutɔ.
18 Nyataƒonya: Míaxɔ nufiame kple dzideƒo geɖe le míaƒe “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpewo me bene míadzi dɔ si míewɔna le “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” nyenye me ɖe edzi. Woafia esiawo mí to nuƒowo, wɔwɔfiawo, kple drama, kpakple nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ me. Mía dometɔ ɖesiaɖe newɔ ɖoɖo fifia be wòayi “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui le Fiɖagbe ŋdi vaseɖe gbedodoɖa mamlɛa dzi le Kwasiɖagbe ɣetrɔ me.
ƑE 1996 “MAWU ME ŊUTIFAFA ƑE DƆLAWO” NUTOME GÃ TAKPEKPEWO
Ŋkekewo Kple Teƒe Siwo Míayi Le
ŊKEKEAWO DU GBEGBƆGBLƆ(WO) NUTOME SUE SIWO AYI
Dec 13-15, 1996 Accra “A” Gɛgbe 1 (akpa aɖe), 25
Box B-52, TEMA
Kumasi “A” Eŋlisigbe 27B
Box 8393
Takoradi “A” Eŋlisigbe 24B
Box 055
Dec 20-22, 1996 Accra “B” Gɛgbe kple Twi 1 (Teshie-nutome), 2A, 19, 34
Dunkwa Twi 11, 31
Box 97
Kumasi “B” Twi 27A, 22
Sunyani Twi 8, 21 (akpa aɖe), 32
Box 1530
Swedru Twi/Fanti13, 18, 28 (akpa aɖe)
Box 76
Takoradi “B” Twi/Fanti 17A, 24A, 28 (Cape Coast/Elmina nutome)
Dec 27-29, 1996 Accra “C” Twi kple Ewe 3, 26, (Mataheko/ Manprobi nutome), 37
Asamankese Twi 30, 36
Box 104
Koforidua “A” Twi kple Krɔbɔgbe 15 (Nsawam/Kyekyewere nutome), 23, 38A Box 192
Kumasi “C” Twi10, 20B
Mampong Ashanti Twi7, 21 (Nkoranza-nutome) Box 45
Tarkwa Twi 16A, 16B
Box 132
Jan 3-5, 1997 Accra “D” Twi kple Eŋlisigbe 2B, 26 (akpa aɖe), 33
Hohoe Ewe kple Twi 4, 5A, 5B, 12B, 29, 38B
Box 117
Koforidua “B” Twi14, 15 (akpa aɖe)
Kumasi “D” Twi 20A, 35
Nkawkaw Twi 9A, 9B, 12A, 30 (Afosu-nutome) Box 67
Axim (ɖoɖowo mede o) Nzema 17B
Box 57
Jan 10-12, 1997 Bolgatanga Twi kple Frafra 6A, 6B, kple amesiwo katã Box 30 ate ŋu ayi