Ƒe 2004 “Zɔ Kple Mawu” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 Nukae wɔnɛ be míaƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo nɔa etɔxɛ na wò? Nuƒo tuameɖowo kple drama si ŋu “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la trɔ asi le na mí nyuie yea? (Mat. 24:45-47) Agbalẽ yeye siwo me gbɔgbɔmenunyiame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia nu le yea? Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo gblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔwo tso alesi Biblia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi yea? Alesi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le ŋgɔ yim le dukɔ bubuwo me ŋuti nyatakakawoea? Hadede kple haxɔsetɔ siwo xɔ ƒe vovovo yea? Ẽ, susu siawo kple bubu geɖewo tae míetsɔa didi vevie kpɔa mɔ na míaƒe takpekpewo!
2 De Ŋkeke Etɔ̃awo Katã: Yehowa to Mose dzi de se be: “Ƒo dukɔ la . . . nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e.” (Mose V, 31:12) Yehowa to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi gawɔ nufiame ƒe ɖoɖowɔɖi tɔxɛ aɖe na mí le takpekpe si gbɔna ƒe ŋkeke ɖesiaɖe dzi. Esi wòle nu fiam mí be ‘wòaɖe vi na mí’ ta la, míedi be míanɔ anyi axɔ eƒe nufiameawo katã. (Yes. 48:17) Ne ahiã be nàbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ hafi ade la, do gbe ɖa na Yehowa hafi nàbia mɔa; srɔ̃ Nexemya ƒe dzinɔameƒo kpɔɖeŋua. (Nex. 1:11; 2:4) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anye lɔlɔ̃ɖeɖefia be nàgblɔ míaƒe takpekpea ŋuti ɖoɖowo na wò ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo kaba.
3 Dzeƒewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvia ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
4 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubumɔ nu le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye womanɔ amesi gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam alo agblẽ woƒe nunɔamesiwo alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu.
5 Amesiwo meɖoa Xɔbiagbalẽviwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o la hea kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiãna be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpui me alea mefia ame ŋu bubu o. Eyata vavala siwo katã adi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽwo ɖo ahaɖo wo ɖe takpekpe ɖoɖowɔlawo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Kɔledzikpo siwo dzi takpekpevalawo dzena la dometɔ aɖewo le ga gbogbowo biam azɔ ɖe vavalawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be miadzra ɖo ɖe gadzɔdzɔ be woatsɔ axe dzeƒea ŋu fewoe ŋu, eɖanye sukukpo dzi loo alo ame aɖe ƒe aƒemee o.
6 Hiahiã Tɔxɛwo: Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na hame siwo le Galatia be woawɔ “nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Gal. 6:10) Ðewohĩ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo, dɔnɔwo, dzilaɖekɛwo, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔwɔlawo mabia be nàkpe ɖe yewo ŋu ya o, gake kuxiwo anɔ wo ŋu siwo gbɔ wòle be woakpɔ hafi ate ŋu ade takpekpea. Ðe nàte ŋu awɔ “nu nyui” na wo ahakpe ɖe wo ŋua? Ele be Kristotɔ ƒometɔwo kple hamemegãwo nadze agbagba vevie anya nɔvi siawo ƒe nɔnɔmeawo.
7 Ne gbeƒãɖela aɖe si ŋu hiahiã tɔxɛwo le kpe Xɔbiagbalẽvi ɖo la, Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti azã mɔfiame siwo wona ɖe agbalẽvia dzi atsɔ adzro emee akpɔ. Ele be wòalé ŋku ɖe eŋu akpɔe ɖa be hamea ŋutɔ ate ŋu akpɔ hiahiãa gbɔ hã. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le, kpakple wo vi siwo nɔa agbe nyui koe wowɔa ɖoɖo tɔxɛwo na. Ne biabia aɖewo le Xɔdidɔwɔƒea si tso amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le dometɔ aɖe ƒe xɔbiagbalẽvi ŋu la, woabia hamea ƒe agbalẽŋlɔla.
8 Takpekpe Bubu Dede: Wò nɔnɔmewo ate ŋu abia be nàde takpekpe bubu tsɔ wu esi wotia na miaƒe hamea. Dɔwɔƒe si akpɔ takpekpe ɖesiaɖe dzi ƒe adrɛs dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Ðo wò xɔbiagbalẽvia ɖe adrɛs si sɔ. Ne woawɔ takpekpe eve alo esi wu nenema le dugã ma ke me la, kpɔ egbɔ be yeŋlɔ ɣletiŋkeke siwo dzi woawɔ takpekpe si nèdi be yeade la ɖe wò xɔbiagbalẽvia dzi.
9 Le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu si le nɔnɔme nyui me eye afɔku manɔ eɖoɖo me o. Ele be hamemegãwo nakpɔ egbɔ hã be ʋuawo metsɔ ame sɔgbɔ akpa wòatsi tre ɖe Kaisaro ƒe se ŋu o.
10 Tamale Takpekpe: Míawɔ “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Tamale tso December 31, 2004 vaseɖe January 2, 2005, le Twi kple Frafra gbewo me. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã le anyiehe siwo ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Habɔbɔa mawɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔzɔzɔa ŋu le ƒe sia me o. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woayi gbeadzi ahaɖi vomeɖase le woƒe Tamale nɔɣia.
11 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, teƒea kpɔkplɔ, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me nɔlawo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke eve mamlɛawo do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woakpe asi ɖe eŋu nusianu nasɔ gbe la, anyo ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔwo kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi va wɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpe ɖoɖowɔlawo ana nuɖuɖu mí o.
12 Tsɔ Ðokuiwò Na Faa: Le takpekpea wɔɣi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe kpea asi ɖe dɔdzikpɔƒe vovovoawo ŋu be woƒe dɔwo nayi edzi nyuie. Anyinɔƒe kple ʋutɔɖoƒe gbɔ kpɔlawo naa mɔfiame be nuwo nazɔ nyuie, eye wokpɔa míaƒe ʋuwo ta le ŋkekea me. Enye Dzadzɛnyenye Gbɔkpɔdɔwɔƒea ƒe mɔnukpɔkpɔ be woakpɔ míaƒe dzadzɛnyenye ƒe ŋkɔ nyui si le mía ŋu la ta, eye woana míaƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe takpeƒea nanɔ dzadzɛ wu alesi wònɔ hafi míeva zãe. Ðe míate ŋu akpe asi ɖe dɔwɔƒe siawo alo bubu siwo ahiã míaƒe kpekpeɖeŋu ŋua? Ðe nàtsɔ ɖokuiwò ana be yeatsɔ “nuwɔwɔ aduadu” asubɔ ɖe nɔviwòwo tia?—Zef. 3:9, NW.
13 Nuɖuɖunyawo: Ƒe ʋɛ aɖewo va yi xoxo tso esime míetrɔ ɖe ɖoɖo yeye si nye be “nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi o” ŋu le míaƒe takpekpewo me. Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũ o kple ahaviviwo ɖe asi vɛ bene woaɖu alo ano le ŋdɔme ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míava nɔ tsatsam anɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vɛ o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ̃ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagana míaƒe takpekpewɔƒewo natrɔ zu nuɖuɖudzraƒewo o. Tɔtrɔ sia si wowɔ la le míaƒe susu hem tso nuɖuɖunyawo ŋu yi gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la dzi.
14 Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisi míanɔ aɖu nu le le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiwo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o. Gbelɔnuwo anɔ takpekpe ɖesiaɖe wɔƒe. Miwɔ esiawo ŋudɔ.
15 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Tso September ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe akɔtagbalẽvi siwo le Eŋlisigbe me akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖa. Mahiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ya ɖa ne womedɔe o. Ehiã be miazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ esia na amesiwo adi be woadɔe na yewo le hamea me. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
16 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
17 Le takpekpe aɖe si Yehowa ƒe amewo wɔ ƒe 2,500 kloe nye esi va yi me la, Ezra kple ehavi Lewi-viwo xlẽ Mawu ƒe Nya la eye woɖe eme na takpelaawo. Nukae do tso eme? Nexemya 8:12 gblɔ na mí be: “Dukɔ la yi . . . eye [wotu] aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.” Ðe míada akpe be, abe Ezra kple Lewi-viwo ene la, dɔla ƒe ha amesiaminawo zãa Mawu ƒe Nya la, ɖea eme, hefiaa alesi míazãe le míaƒe agbenɔnɔ mee mí oa? Dɔla sia toa esia wɔwɔ me ɖea Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme akuakua si le esi na Eƒe amewo katã la fiana. Ðoe kplikpaa be “Zɔ Kple Mawu” Nutome Gã Takpekpea ƒe ŋkeke ɖeka gɔ̃ hã nagato ŋuwò o!
[Aɖaka si le axa 3]
Takpekpea ƒe Gamewo
Fiɖa kple Memleɖa
Ŋdi 9:30 - Ɣetrɔ 5:10
Kwasiɖa
Ŋdi 9:30 - Ɣetrɔ 4:05