Ƒe 2003 “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Yehowa Ðasefowo ƒe Nutome Gã Takpekpe
1 Yehowa de se to eƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe Yesaya dzi be: “Nye dukɔ, miƒu to anyi ɖe ŋunye, nye ameha, milé to ɖe ŋunye!” (Yes. 51:4) Le nuwuɣi sia si le sesẽm ɖe edzi me la, ɖe míalɔ̃ ɖe edzi o be toɖoɖo Yehowa ƒe sedede le vevie ɣeyiɣi sia wu ɖesiaɖe oa? Mɔ ɖeka si dzi ‘míeléa to ɖe Yehowa ŋue’ nye toɖoɖo se si wòde be míaƒo ƒu ɖekae hena tadedeagu. Aleke míetsɔa didi vevie nɔa mɔ kpɔm na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si ƒe sia ƒe ƒe nutome gã takpekpewo nana mí enye esi! Le ƒe 2003 me la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la gawɔ ɖoɖo ake hena nutome gã takpekpewo wɔwɔ le Ghana.
2 Abe alesi wòdze le July 1, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ me ene la, woawɔ dukɔwo dome takpekpewo hã le Accra kple Kumasi, eye takpekpevalawo atso Europe, kple Titina kpakple Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔwo me ava. Esi wònye dugã eve me koe woawɔ dukɔwo dome takpekpeawo le le Ghana ta la, hame siwo woatia na takpekpe mawo dede koe ate ŋu ayi. Gake nutome gã takpekpewo hã ase vivi le dukɔwo dome wɔna aɖewo me. Woatsya telefon kadodo be nuƒo aɖewo naɖi le teƒe ene bubu aɖewo ya teti. Dutanyanyuigblɔlawo hã ade takpekpeawo le teƒe aɖewo, eye mɔnukpɔkpɔ asu nɔviwo si be woase woƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖewo. Nukae míate ŋu awɔ be míaɖe vi bliboe tso ɖoɖo siwo wɔm wole fifia ɖe míaƒe takpekpeawo ŋu le ƒe sia me?
3 De Ŋkekeawo Katã: Be míaɖe vi bliboe tso nufiame siwo míaxɔ tso dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela gbɔ la, ke ele be míakpɔ egbɔ be míekpɔ gome le ɖoɖowɔɖia katã me. (Mat. 24:45) Ðe wòahiã be nàbia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ be nàte ŋu ade takpekpea ƒe ŋkekeawo katã? Hafi Nexemya nava bia mɔ le Fia Artaxsasta gbɔ be yeayi ava gbugbɔ Yerusalem gliawo atu la, edo “gbe ɖa na dziƒo Mawu la.” (Nex. 2:4) Ele be wò hã nàdo gbe ɖa na Yehowa abia dzideƒo be nàte ŋu abia mɔ le wò dɔtɔ gbɔ be nàde takpekpea le ŋkekeawo katã dzi. Ke ne wò dɔtɔa medi be yeaɖe mɔ le ŋkekeawo ŋu na wò o ɖe? Ðewohĩ numeɖeɖe nɛ be nufiame siwo míexɔna le takpekpea me kpena ɖe mía ŋu be míeɖia anukware hewɔa dɔ kple moveviɖoɖo, eye wòkpena ɖe mía ŋu be míanye dɔwɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo la ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòaɖe mɔ na wò. Gakpe ɖe eŋu la, ne ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo le mía si la, anye ameŋububu be míana woanya míaƒe takpekpea ƒe ɖoɖowo kaba do ŋgɔ.
4 Dzeƒedidi Ŋuti Mɔfiamewo: Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miedi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi xɔ na mi la, taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvia ɖo, mitsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye emegbe miaɖoe ɖe takpekpe si miade la wɔƒe. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpea ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
5 Woana dzeƒe nɔvi aɖewo ɖe amewo ƒe aƒeme. Takpekpea wɔɣi DZAA KOE woana xɔ siawo mí. Amesiwo woana dzeƒe siawoe la nakpɔ egbɔ be wo kple wo viwo wɔ nu le bubumɔ nu le woƒe aƒea tɔ ƒe aƒeme eye womanɔ amesi gbɔ wodze la ƒe nuwo me kam alo agblẽ woƒe nunɔamesiwo alo age ɖe teƒe siwo mele be woage ɖo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo do go kuxi aɖewo le go sia me la, ele be woana takpekpea ƒe xɔdidɔwɔƒea dzi kpɔla nanya enumake, eye adzɔ dzi nɛ be yeana kpekpeɖeŋu.
6 Amesiwo meɖoa Xɔbiagbalẽviwo ɖa hafi va ɖo takpedua me o la hea kuxiwo vɛ na takpekpedɔdzikpɔlawo elabena eva hiãna be woadi dzeƒe na vavala siawo le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Ðoɖowɔwɔ le ɣeyiɣi kpui me alea ate ŋu agblẽ ga geɖe. Eyata vavala siwo katã adi be takpekpedɔdzikpɔlawo nadi dzeƒe na yewo la nakpe Xɔbiagbalẽwo ɖo ahaɖo wo ɖe takpekpe ɖoɖowɔlawo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ. Kɔledzikpo siwo dzi takpekpevalawo dzena la dometɔ aɖewo le ga gbogbowo biam azɔ ɖe vavalawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe teƒea tsitsi dɔ zã ɖesiaɖe ta. Eyata ehiã be miadzra ɖo ɖe gadzɔdzɔ be woatsɔ axe dzeƒea ŋu fewoe ŋu, eɖanye sukukpo dzi loo alo ame aɖe ƒe aƒemee o.
7 Kpekpe Ðe Amesiwo Ŋu Hiahiã Tɔxɛwo Le Ŋu: Ðe ame aɖewo le miaƒe hamea me si ɖewohĩ ahiã na kpekpeɖeŋu hafi ate ŋu ade takpekpea? Kristotɔ ƒometɔwoe kpɔa woƒe ame tsitsiwo, dɔnɔwo, alo amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔa wɔm ƒe nuhiahiã tɔxɛwo gbɔ zi geɖe, gake hamemegãwo kple ame bubu siwo le hamea me siwo nya nu tso hiahiã mawo ŋu ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le ɖoɖo mawo gbɔ kpɔkpɔ me lɔlɔ̃tɔe.
8 Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti adzro gbeƒãɖela siwo katã ŋu hiahiã tɔxɛ le ƒe Xɔbiagbalẽviwo me. Subɔsubɔkɔmitia nakpɔe ɖa nenye be wonye hiahiã tɔxɛwo ŋutɔŋutɔ eye woawo ŋutɔ mate ŋu akpɔ wo gbɔ le wo ɖokui si o. Gbeƒãɖela siwo si tenɔnɔ nyui le tsɔ kpe ɖe wo vi ɖɔʋuwo ŋu koe woawɔ ɖoɖo sia na. Xɔdidɔwɔƒea le klalo aɖo biabia ɖesiaɖe si hamea ƒe agbalẽŋlɔla abia tso hiahiã tɔxɛwo ŋu.
9 Takpekpe Bubu Dede: Wotia takpekpe si tsɔ ɖe hame ɖesiaɖe gbɔ be woayi. Anye nɔvi aɖewo ƒe didi be yewoade dukɔwo dome takpekpea togbɔ be menye eyae wotia na woƒe nutome suea o hã. Togbɔ be ana hadede kple mía nɔvi siwo tso duta ƒe mɔnukpɔkpɔ nasu ame si hã la, esia ahe kuxiwo vɛ le takpekpea wɔƒe ƒe nuzazãwo gome eye wòagblẽ agbagba si dzem wole be takpekpewo magalolo akpa o me. Eyata míele biabiam tso nɔvi siwo le nutome sue siwo wometia be woayi dukɔwo dome takpekpea o la si be woagayi ɖe stadium alo lãmesẽfefewɔƒea o. Míele kuku ɖem be miayi takpekpe si wotia na mi la ko.
10 Gake le kɔƒenutome hame aɖewo me la, nanewo abe gbegbɔgblɔ, takpedua ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ awɔe be wòasɔ na wo wu be woayi takpekpe si mele nuto si wotia na wo la me o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu atia nutome gã takpekpe bubu si woayi la faa. Mahiã be woaŋlɔ agbalẽ atsɔ abia mɔɖeɖe tso Habɔbɔa gbɔ o. Gake ele be hame siwo ɖoe be yewoayi takpekpe si menye eyae wotia na wo o la nana woƒe nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o. Ne hamea ayi takpekpe si wotia na wo alo bubu ye woayi o, ele be nɔvi siwo le ʋu ƒe ɖoɖowo dzi kpɔm la nakpɔ egbɔ be ʋu ɖesiaɖe si yewoada la nye ʋu nyui eye afɔku manɔ eɖoɖo me o.
11 Bolgatanga Takpekpe: Míawɔ “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ ɖeka le Bolgatanga tso January 2 vaseɖe 4, 2004, le Twi kple Frafra gbewo me. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã le anyiehe siwo ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Ðewohĩ Habɔbɔa agawɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛwo ɖe mɔ sia zɔzɔ ŋu le ƒe sia hã me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã wɔ ɖoɖo be yewoayi be woayi gbeadzi ahaɖi vomeɖase le woƒe Bolgatanga nɔɣia. Míele biabiam tso amesiwo katã wòadzɔ dzi na si be woadze dzadzraɖowɔwɔ ɖe takpekpe sia ŋu gɔme.
12 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze geɖe ɖe kpekpeɖeŋu si miena le go sia me le ƒe siwo va yi me ŋu. Abe alesi mienyae ene la, agbadɔtutu, xɔdidi, kple dɔ bubuwo aganɔ anyi. Míeka ɖe edzi be takpedua me nɔlawo katã kple hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔ awɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le dɔ vevi sia wɔwɔ me le kwasiɖanuwuwuwo kple dɔmedegbewo. Ne ame geɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo ava le ŋkeke eve mamlɛawo do ŋgɔ na takpekpe ɖesiaɖe ƒe gɔmedzedze dzi be woakpe asi ɖe eŋu nusianu nasɔ gbe la, anyo ŋutɔ. Esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwoe wozãna ɖe takpekpewo ŋuti dzadzraɖodɔwo kple wo wɔwɔ ŋu ta la, ne míeyi va wɔ dɔ do ŋgɔ na takpekpe la, mele be míakpɔ mɔ be takpekpe ɖoɖowɔlawo ana nuɖuɖu mí o.
13 Tsɔ Ðokuiwò Na Faa: Le takpekpea wɔɣi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe kpea asi ɖe dɔdzikpɔƒe vovovoawo ŋu be woƒe dɔwo nayi edzi nyuie. Anyinɔƒe kple ʋutɔɖoƒe gbɔ kpɔlawo naa mɔfiame be nuwo nazɔ nyuie, eye wokpɔa míaƒe ʋuwo ta le ŋkekea me. Enye Dzadzɛnyenye Gbɔkpɔdɔwɔƒea ƒe mɔnukpɔkpɔ be woakpɔ míaƒe dzadzɛnyenye ƒe ŋkɔ nyui si le mía ŋu la ta, eye woana míaƒe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe takpeƒea nanɔ dzadzɛ wu alesi wònɔ hafi míeva zãe. Ðe míate ŋu akpe asi ɖe dɔwɔƒe siawo alo bubu siwo ahiã míaƒe kpekpeɖeŋu ŋua? Ðe nàtsɔ ɖokuiwò ana be yeatsɔ “nuwɔwɔ aduadu” asubɔ ɖe nɔviwòwo tia?—Zef. 3:9, NW.
14 Nuɖuɖunyawo: Ƒe ʋɛ aɖewo va yi xoxo tso esime míetrɔ ɖe ɖoɖo yeye si nye be “nuɖuɖu ƒe ɖoɖo aɖeke manɔ anyi o” ŋu le míaƒe takpekpewo me. Wobia tso vavalawo katã si be woatsɔ nuɖuɖu siwo mekpena fũ o kple ahaviviwo ɖe asi vɛ bene woaɖu alo ano le ŋdɔme ɖiɖiɖemeɣia. Esia awɔe be míakpɔtɔ anɔ takpekpewɔƒea na hadede tuameɖowo tsɔ wu be míava nɔ tsatsam anɔ nuɖuɖu kple nunono dim le esi míetsɔ ɖeke vɛ o ta. Ne míezɔ mɔ tso didiƒe yi takpedua me gɔ̃ hã la, ele be míawɔ dzadzraɖo adi ŋdɔnuɖuɖu ɖe asi na mía kple míaƒe ɖetsɔlemetɔwo ale be míagana míaƒe takpekpewɔƒewo natrɔ zu nuɖuɖudzraƒewo o. Tɔtrɔ sia si wowɔ la le míaƒe susu hem tso nuɖuɖunyawo ŋu yi gbɔgbɔmenu siwo hiã vevie wu la dzi.
15 Mina míaɖɔ ŋu ɖo le afisi míanɔ aɖu nu le le ɖiɖiɖemeɣia bene míagagblẽ zikpuiwo dzi alo agblẽ gbeɖuɖɔ ɖe teƒea o. Gbelɔnuwo anɔ takpekpe ɖesiaɖe wɔƒe. Miwɔ esiawo ŋudɔ.
16 Takpekpea ƒe Akɔtagbalẽvi Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Tso September ƒe gɔmedzedze la, woatsɔ nutome gã takpekpea ƒe akɔtagbalẽvi siwo le Eŋlisigbe me akpe ɖe agbalẽnudɔdɔwo ŋu aɖo ɖa. Mahiã be miadɔe o. Woanɔ te ɖe hame ɖesiaɖe ƒe lolome dzi aɖo akɔtagbalẽviawo ɖa. Ne hamea gale bubuwo dim kpee la, ke woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔe. Taflatse mide dzesii be womaɖo aŋekotokuawo ɖa ne womedɔe o. Ehiã be miazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ esia na amesiwo adi be woadɔe na yewo le hamea me. Miɖo ŋku edzi be akɔtagbalẽviawo kple woƒe aŋekotokuwo manɔ takpekpeawo me o.
17 Nyaléle ɖe Kasɛt alo Videoɖemɔ̃ Dzi: Amesiwo katã alé nya ɖi be yewoava se emegbe nawɔe le mɔ si maɖe fu na ame bubuwo alo ahe woƒe susu o nu. Vevietɔ mele be woatsi kawo ɖe elektrik kple nuƒomɔ̃ kawo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖe nya sia dzi ŋu ŋutɔ.
18 Míenye Nukpɔkpɔ na Xexeame: Ðe amewo kpɔa vovototo si le Yehowa Ðasefowo kple xexe sia me tɔwo domea? Ẽ! De dzesi nya siwo amedzrodzeƒe dzikpɔla aɖewo gblɔ le dugã aɖe me: “Míewɔa nu kple takpekpewɔlawo ɣesiaɣi, gake míede dzesii be miawo koe nye ame fatu siwo wɔna ɖe ɖoɖo dzi wu.” “Míena dzeƒe subɔsubɔha aɖe le kwasiɖa si va yi me. Vovototo si le miawo kple wo dome la dze ƒã.” “Míenya be míate ŋu aka ɖe miaƒe kpekpeɖeŋu kple nuwɔwɔ aduadu kpli mí dzi ɣesiaɣi.” Ðe nya siawo tɔgbe sese mekpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi “nunya, si tso dziƒo la” kpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe amenyenye dzi ŋu oa? (Yak. 3:17) Esi wònye míenye “nukpɔkpɔ na xexeame” ta la, mina míaƒe agbenɔnɔ le afisiafi naɖe bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo si le mía Mawu, Yehowa ŋu afia.—Kor. I, 4:9.
19 Togbɔ be míaƒe takpekpewo nyea dzidzɔɣiwo hã la, ele be míaƒo asa na nuwɔwɔ wòadze abe nuɖuɖu, nunono, kple dzidzɔkpɔkpɔ koŋ tae míeyi takpekpea ɖo ene. Masɔ be míanɔ tsa ɖim alo anɔ dze ɖom sesĩe ʋuu zã natsi hafi amlɔ anyi o. Le takpekpe aɖe me esime vavala aɖewo fɔ fɔŋli nɔ woƒe ʋuwo lalam be yewoadzo la, wolé ha nɔ dzidzim sesĩe le woƒe dzeƒea tso fɔŋli ga 3 me, henɔ toɣli ɖem nutoa me tɔwo. Mina míatsri nuwɔna siawo.—Kor. I, 10:31, 32.
20 Esi wònye ‘xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm’ ta la, ele be míana míaƒe nutome gã takpekpewo nakpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋute le gbɔgbɔ me. (Kor. I, 7:31) Ðoɖo wɔwɔ be míade ŋkekeawo katã abia agbagbadzedze, gake míakpɔ viɖe geɖe. Wotrɔ asi le ƒe sia me ƒe “Mitsɔ Ŋutikɔkɔe na Mawu” Nutome gã takpekpea ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe esime míele Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Satana ƒe xexeame lalam. Neva eme be míagana naneke naxe mɔ na mí be nufiame siwo Yehowa dzra ɖo ɖi na mí la nato mía ŋu o.—Yes. 54:4, 5.
[Aɖaka si le axa 3]
Takpekpea ƒe Gamewo
Fiɖa Kple Memleɖa
ŋdi 9:30 - ɣetrɔ 5:00
Kwasiɖa
ŋdi 9:30 - ɣetrɔ 4:05.