Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe
1 Dzidzɔ kae nye si wònye be míenɔ ame 123,520 siwo de ƒe 1994 “Mawuvɔvɔ̃” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ le Ghana-lɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamamã me la dome! Ame 2,296 ɖe mawuvɔvɔ̃ fia ŋutɔŋutɔ to nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me me. Dzideƒo kae nye si wòanye be míakpe ta ade ŋkeke etɔ̃ ƒe ƒe 1995 “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpeawo! Ele be tanya ʋãme ma naʋã mí vevie be míadze agbagba ɖesiaɖe akplɔ míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ayii. Nuƒoawo ana gbɔdzɔe mí katã le gbɔgbɔ me esi míeyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le nuwuɣi sia me.
2 Kpɔ egbɔ nàwɔ wò takpekpeyiɖoɖowo nyuie do ŋgɔ ale be nàte ŋu ava se vivi le ŋkeke etɔ̃ ƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu nyuiawo katã me tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlea dzi. De amesiwo ahiã kpekpeɖeŋu la hã wò ɖoɖowo me lɔlɔ̃tɔe, vevietɔ ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ale be woawo hã nate ŋu ava ase nuƒoawo katã. Anyo ŋutɔ be nàdzro nya siwo le emedegbalẽvi sia me kple Biblia-nusrɔ̃vi ɖesiaɖe si aɖoe be yeayi. (Gal. 6:6, 10) Woatsɔ hadzidzi adze takpekpea gɔmee le Fiɖagbe ŋdi ga 9:50 me eye wòawu enu le ɣetrɔ ga 5:00 me lɔƒo. Memleɖagbe takpekpea adze egɔme ŋdi ga 9:50 eye woatsɔ hadzidzi kple gbedodoɖa awu enu le ɣetrɔ ga 4:50 me lɔƒo. Kwasiɖagbe ŋdi takpekpea adze egɔme le ga 9:50 me eye ŋkeke ma ƒe takpekpea awu enu le ɣetrɔ ga 4:10 me lɔƒo. Nya siwo gbɔna la akpe ɖe ŋuwò le dzadzraɖowo wɔwɔ me.
Dzeƒe Ŋuti Mɔfiamewo
3 Míele Xɔbiagbalẽviwo ɖom ɖe hame ɖesiaɖe. Ne miehiã dzeƒe to takpekpea dzikpɔlawo dzi la, ekema taflatse mikpe Xɔbiagbalẽvia ɖo ne miatsɔe na hamea ƒe agbalẽŋlɔla wòato eme, eye miaɖoe ɖe afisi miayi takpekpea le. MIGAÐO Xɔbiagbalẽviwo kple takpekpe ŋu lɛta bubuwo ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Accra O.
4 Dzeƒe aɖewo anɔ amewo ƒe aƒewo me. Ele be amesiwo adze teƒe siawo naɖo ŋku edzi be manyo be woaxa ɖe wo xɔlawo ƒe dɔmenyowɔwɔ ta adi be yewoadze teƒeawo wu ŋkeke si woŋlɔ ɖe Xɔbiagbalẽvia dzi o. Takpekpea wɔɣi KOE woatsɔ xɔ siawo ana mi. Ele be amesiwo adze teƒe siawo nakpɔ egbɔ be woa kple wo viwo lé be na wo xɔla ƒe aƒea eye womanɔ aƒea tɔ ƒe nunɔamesiwo me kam alo agblẽ ɖeke alo age ɖe ɣaɣlaƒewo le aƒea me o. Ne xɔtɔwo kpɔ be nane meyi edzi nyuie o la, ele be miava gblɔe na xɔdzikpɔla le takpekpea me enumake, eye alɔ̃ ana kpekpeɖeŋu.
Hiahiã Tɔxɛwo
5 Gbeƒãɖela siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui kple wo vi siwo ƒe agbenɔnɔ ŋu nya meku ɖo o siwo dzi Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti da asi ɖo koe woawɔ ɖoɖo sia na. Ele be hame si me amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛwo le eye wodea kpekpewo le wo gbɔ nawɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu, tsɔ wu be woada agba sia ɖe takpekpea dzikpɔƒea dzi. Hamemegãwo kple ame bubu siwo nya nu le ameawo ƒe nɔnɔmewo ŋu la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Zi geɖe la, esia biana be gbeƒãɖelawo nabu amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, ame tsitsiwo, amesiwo ƒe lãme gbɔdzɔ, kple ɖewohĩ ame bubuwo ŋu. Gbeƒãɖelawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu akplɔ wo ɖe asi vɛ alo woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ le mɔ bubuwo nu.—Yak. 2:15-17; Yoh. I, 3:17, 18.
6 Le nyateƒe me la, Dzeƒe Dzikpɔlawo adze agbagba ana dzeƒe siwo sɔ gbeƒãɖela siwo ŋu hiahiã tɔxɛ le ne hamea me tɔwo mate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo o. Gbeƒãɖela siawo nadzro woƒe nɔnɔmea me kple hamea ƒe agbalẽŋlɔla. Agbalẽŋlɔla la nagblɔe na Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia be woanya ne hamea ate ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu be woa ŋutɔwo nadi woƒe dzeƒewo hã. Ne hamea mate ŋu ana kpekpeɖeŋu si hiã o la, ke amesi le xɔ biam nakpe Xɔbiagbalẽvi ɖeka ɖo, emegbe wòagbugbɔe na agbalẽŋlɔla be wòalé ŋku ɖe eŋu be ekpee ye katã ɖo, ekpee ɖo nyuie, eye nɔnɔme siwo tae wòdze be woave amea nu dze le edzi hã. Agbalẽŋlɔla la AÐE nɔnɔmea ME TSITOTSITO le lɛta bubu me. Ele be woawɔ esia katã ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na takpekpea. Agbalẽŋlɔla la atsɔ agbalẽvia ayi Dzeƒe Dɔwɔƒea. Woagblɔ dzeƒea ŋu nya na amesi le xɔ biam la tẽ.
7 Ele be amesiwo ŋu hiahiã tɔxɛ le la nana Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmitia me tɔ ɖeka alo hamemegã bubu nakpe ɖe wo ŋu woayi afisi wokpɔa Dzeƒenyawo gbɔ le ɖe woƒe xɔbiabia ta ne woɖo takpekpewɔƒea teti.
8 Miwɔ Nu Aduadu Kpli Mí: Dzeƒe ŋuti ɖoɖo sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe amesiwo katã ŋu nya la ku ɖo ƒe nuwɔwɔ aduadu dzi. (Heb. 13:17) Eyata míele biabiam tso amesiame si be wòakpe asi ɖe Habɔbɔba ƒe dzeƒe ŋuti ɖoɖoa ŋu bliboe eye wòanɔ afisi wonae be amewo nagava sɔ gbɔ le teƒe aɖewo fũ o.
Afisi Miayi Le
9 Le teƒe ɖesiaɖe kloe la, afisi woɖo be miayi takpekpea lee te ɖe miaƒe hamea ŋu wu. Míewɔa ɖoɖo ɖe nɔƒe, agbalẽ, dzeƒewo, kple nu bubuwo siwo asu la ŋu ɖe alesi hame siwo míetia takpekpea na la ƒe gbeƒãɖelawo ƒe akpa gãtɔ ava la nu. Afisi wotia na mí ŋuti ɖoɖowɔɖia dze le emedegbalẽvi sia ƒe axa 6 lia. Eyata ele vevie be hamewo katã nadze agbagba awɔ ɖe ɖoɖoa dzi. Esia hiã vevietɔ le dugã me hamewo gome.
10 Ne míewɔ ɖoɖo be woawɔ takpekpe eve le gbegbɔgblɔ ma ke me le dugã me la, nɔvi aɖewo adi be yewoade eveawo katã. Togbɔ be esia ana ame nɔewo tutuɖo ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ame hã la, ehea kuxiwo vɛ le takpekpe me nuzazãwo gome eye wògblẽa tameɖoɖo si nye be vavalawo nagasɔ gbɔ akpa o be dɔ si woawɔ do ŋgɔ na takpekpe kple emegbe dzi naɖe akpɔtɔ la me. Le nusiawo ta la, míele biabiam tso dugã me nɔviwo si be woayi takpekpe si míetia na wo le du ma me la ɖeɖeko. Ne wodi be yewoayi takpekpe bubu le du bubu me la, ema asɔ na mí. Le nɔvi siwo woade dɔ asi na be woakpɔ takpekpeɖoɖo aɖewo siwo hiã kpata gbɔ eye le esia ta nuƒo aɖewo to wo ŋu gome la, míeɖe mɔ na wo be woagate ŋu ayi takpekpe bubu le dugã ma ke me. Hekpe ɖe eŋu la, ne nɔvi aɖewo adi be yewoayi takpekpe si woawɔ le dugã me ɖe takpekpe si míetia be woƒe hamea nayi teƒe le gbegbɔgblɔ me kuxiwo ta la, míeɖe mɔ le esia ŋu.
11 Le kɔƒe me hame aɖewo gome la, gbegbɔgblɔ, teƒea ƒe didime, kple ʋu ƒe anyimanɔmanɔ ana wòasɔ na wo wu be woayi takpekpea le afisi míetia na wo o. Hame siwo le nɔnɔme sia me ate ŋu ayi takpekpe siwo wodi. Gake ele be hame siwo ayi takpekpe bubu si menye eyae wotia na woƒe nutoa o la nana nutome sue dzikpɔla nanya do ŋgɔ ale be magawɔ ɖoɖo ɖe wo sasrãkpɔ ŋu le kwasiɖa si me womanɔ anyi o la me o.
12 Tamale Takpekpea: Míawɔ “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe mamletɔ le Tamale tso January 5 vaseɖe 7, ƒe 1996. Woado Frafragbe kple Twi abe alesi wowɔe va yi ene. Míele dzi dem ƒo na nɔvi siwo katã ate ŋui la be woayi takpekpe sia. Míana mianya emegbe ne Habɔbɔa awɔ ʋu ƒe ɖoɖo tɔxɛ ɖe ƒe sia me ƒe mɔzɔzɔa ŋu. Míele dzi dem ƒo na amesiwo aɖoe be yewoayi la be woaɖi ɖase tso aƒeme yi aƒeme kple vomeɖase ne wole Tamale. Míele dzi dem ƒo na amesiwo katã di be yewoayi la be woadze dzadzraɖo ɖe takpekpea ŋu gɔme.
Takpekpea Ŋu Nya Bubuwo
13 Dɔwɔwɔ Do Ŋgɔ na Takpekpea: Míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi miena kpekpeɖeŋu le go sia me va yi ŋu ŋutɔ. Míagatu agbadɔ, adi xɔ na vavalawo, ahawɔ dɔ bubuwo abe alesi míewɔnɛ ɖaa ene. Míeka ɖe edzi be amesiwo katã le takpeduwo me kple hame siwo te ɖe wo ŋu awɔ ɖoɖo akpɔ gome le dɔ vevi sia me bliboe le kwasiɖanuwuwuwo kple kwasiɖaŋkekewo siaa dzi. Míahiã lɔlɔ̃nu faa kpekpeɖeŋunana geɖe le takpekpea wɔɣi hã, eyata mia kple wò ƒomea miwɔ ɖoɖo be miakpɔ gome le esia me le takpekpe si miayi me.
14 Takpekpe ƒe Akɔtagbalẽviwo Kple Woƒe Aŋekotokuwo: Míele aɖaŋu ɖom na hame ɖesiaɖe be woazã “Literature Request Form” (S-14) atsɔ adɔ “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpe ƒe akɔtagbalẽviwo kple woƒe aŋekotokuwo. Taflatse mikpɔ egbɔ miakpe agbalẽvia ɖo eye miaɖo ɖeka ɖe Habɔbɔa KABA ale be míate ŋu awɔ dɔ tso miaƒe takpekpe nuhiahiãwo ŋu le esia gome ɖe game dzi. Nenɔ susu me na mi be miakpɔ akɔtagbalẽviawo kple aŋekotokuawo aƒle le takpekpeawo me o.
15 Hadzidzi: Ha siwo woadzi le takpekpea mee nye esiwo gbɔna le ɖoɖo siwo nu woadzi wo ɖo nu: 57, 33, 72, 3, 183, 148, 107, 38, 152, 106, 191, 42, 61, 200, 155, 85, 217, kple 45. Le ɖekawɔwɔ me kple nuxlɔ̃amenya si le Efesotɔwo 5:19 me la, míele dzi dem ƒo na mi katã be miadzi ha akplɔ haƒoƒoa ɖo le takpekpeawo me.
16 Nya Léle Ðe Kasɛt alo Video Dzi: Habɔbɔa mawɔ nuƒoawo alo dramaa léle ɖe mɔ̃ dzi ƒe ɖoɖo aɖeke o. Amesiwo ŋutɔ alé nya ɖe mɔ̃ dzi hena woa ŋutɔwo ƒe zazã la nawɔ esia le mɔ si maɖe fu na vavala bubuwo alo aɖe woƒe susu ɖa o la nu. Vevietɔ mele be woatsi ka ɖe elektrikŋusẽa kple nuƒomɔ̃awo ŋu o. Míakpɔ ŋudzedze ɖe alesi miawɔ ɖeka kpli mí le esia gome la ŋu ŋutɔ.
17 Nyataƒonya: Míaxɔ nufiame kple dzideƒo geɖe le míaƒe “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpeawo me bene míadzi míaƒe kafukafu na Yehowa ɖe edzi. Woafia esia mí to nuƒowo, wɔwɔfiawo, kple drama kpakple nuteƒekpɔkpɔwo gbɔgblɔ me. Yehowa subɔla ɖesiaɖe newɔ ɖoɖo fifia be wòayi “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpeawo ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã tso hadzidzi si woatsɔ aʋu enui le Fiɖagbe ŋdi dzi vaseɖe gbedodoɖa mamlea le Kwasiɖagbe ŋdɔ me dzi.
[Aɖaka si le axa 6]
ƑE 1995 “MAWU KAFULA KPƆDZIDZƆWO” NUTOME GÃ TAKPEKPEWO
Ŋkekewo Kple Teƒe Siwo Míayi Le
ŊKEKEAWO DU GBEGBƆGBLƆ(WO) NUTOME SUE SIWO AYI
Dec 15-17, 1995 Accra “A” Twi 19A, 26
Box B-52, TEMA
Kpando Eʋegbe kple Twi 4, 5A, 5B, 12B, 19B, 29
Box 144
Obuasi Twi 11, 20A, 20B, 31
Box 89
Sunyani Twi 8, 21, 32
Box 1530
Winneba Twi/Fanti 18, 28
Box 11
Dec 22-24, 1995 Accra “B” Gɛgbe kple Eŋlisigbe 1, 2B, 25, 34
Kade Twi 13, 23 (Asamankese Box 64 nutome), 30
Kumasi “A” Twi 10, 27A
Box 8393
Mampong Ashanti Twi 7, 21 (Nkoranza/ Box 45 Kintampo nutome)
Takoradi “A” Twi/Fanti kple 17A, 17B, 24B, 28 (Cape Eŋlisigbe Box 055 Coast/Elmina nutome)
Dec 29-31, 1995 Accra “C” Twi kple Eʋegbe 2A, 3B, 33
KoforiduaTwi kple Krɔbɔgbe 3A, 14, 15, 23
Box 192
Kumasi “B” Twi kple Eŋlisigbe 22, 27B, 35
Nkawkaw Twi 9, 12A
Box 67
Takoradi “B” Twi/Fanti 16, 24A
Jan 5-7, 1996 Tamale Twi kple Frafra 6A, 6B, kple amesiwo katã Box 128ate ŋu ayi