INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 5
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 12
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 19
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 26
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 9/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 5

Hadzidzi 5

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo sɔ.

20 min: “Dzi Wò Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Kesinɔnua Ðe Edzi.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla kple hamemegã bubu nadzro eme nyati veviwo me. To dɔ si hamea wɔ le ƒe si va yi me la me, kafu wo eye nàɖo aɖaŋu le alesi woayi ŋgɔe ŋu. Te gbe ɖe edzi be míaɖo taɖodzinu be míadzi mía tɔ gome ɖe edzi le subɔsubɔdɔa me.

15 min: “Tu Ðetsɔleme Ðo ɖe Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa Me.” Gbeƒãɖela etɔ̃ alo ene, kpakple ɖevi aɖe, nadzro nyatia me eye woawɔe kpɔ. Woawɔ dzeɖonya eve alo etɔ̃ ƒe wɔwɔfia eye woagato wo eme, woaɖo aɖaŋu ahakafu wo nɔewo nyuie.

Hadzidzi 32 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 12

Hadzidzi 54

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: Kristotɔ ƒe Agbenɔnɔ le Suku. Hamemegã aɖe nadzro eme kple ƒewuivi etɔ̃ alo ene. Mía viwo doa go nyaƒoɖeamenu vovovowo le suku be womagade bubu Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o. Wɔna siwo meku ɖe sukuxɔ me nufiafia ŋu tẽ o gbɔe esia ƒe akpa gãtɔ tsona. Kamedefefewo, gbeɖoɖoɖi, kple hadomeƒuƒoƒowo nyea afɔku na wo. Hamemegã la nazã Suku-gbalẽ gbadzaa ƒe axa 22-5 adzro nyati si nye “Nuwɔna Siwo Wotsɔ Kpe Ðe Nufiafia ƒe Ðoɖoa Ŋu” me kple ƒewuiviawo. Ðeviawo gblɔ be woƒonɛ ɖe yewo nu be yewoakpɔ gome le nuwɔna siawo me, eyata wokpɔ ŋudzedze ɖe aɖaŋu si woɖo na wo ŋu.

10 min: Nyabiaɖaka. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Gato nyati veviawo me ne miedzro eme vɔ be amesiame nase nya la gɔme nyuie.

15 min: “Womena Naneke Xe Mɔ na Woƒe Ðaseɖiɖi O.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Te gbe ɖe edzi be togbɔ be mí katã míate ŋu azã ɣeyiɣi sɔsɔe le gbeadzi o hã la, ele be dzi nadzɔ mí eye míadze agbagba atsɔ dzi blibo awɔe.

Hadzidzi 60 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 19

Hadzidzi 36

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kpakple nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo.

15 min: “Woagatrɔ Ayi Suku.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ kuxi siwo ɖeviwo doa goe kple alesi dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋui.

20 min: “Agbe Tegbee ƒe Agbalẽa Tsɔtsɔ Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔmee.” Dzro eme kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia eve to ewɔwɔmɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo la zazã me.

Hadzidzi 67 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 26

Hadzidzi 44

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Kpe nyaselawo woagblɔ Agbe Tegbee ƒe agbalẽa nana alo etsɔtsɔ dze nusɔsrɔ̃ gɔmee ŋuti nuteƒekpɔkpɔ kpuiwo.

15 min: Ƒo nuƒo le nyati si nye “Fififi Ŋutɔŋutɔ Wònyea?” ŋuti tso April 15, 1994, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 19-21 me.

20 min: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwɔwɔ le October me. Míaƒe magazinewo wɔa akpa gã aɖe le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me; mɔ sia dzie ame miliɔn geɖe to se nyateƒea zi gbãtɔ. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míawɔ wo ŋudɔ ɣesiaɣi ahana wo le aƒeme yi aƒeme dɔa mee la dzi. Gblɔ viɖe siwo le kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Magazineŋkeke ŋu. Dzro alesi ablɔdzi kple tso fiase me yi fiase me ɖaseɖiɖi ʋua mɔnukpɔkpɔwo ɖe wo nana ŋui la me. Ðo ŋku edzi na nɔviwo be woaŋlɔ amesiwo xɔe ƒe ŋkɔ ɖi bene woadze magazine ƒe ademɔwo ɖeɖe gɔme. Ðe eme be míate ŋu awɔ nudɔdɔwo le tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo me hã. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míadzra ɖo nyuie hafi ado go la dzi. Na gbeƒãɖela etɔ̃ siwo dometɔ ɖeka nanye ɖevi la nawɔ magazine nudɔdɔwɔwɔ ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 76 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe