INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/95 axa 7
  • Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Wò Ɣeyiɣi Nyuie
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Ðe Nèle Wò Subɔsubɔdɔ La Wɔm Bliboea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Alesi Míawɔ Aƒle Ɣeyiɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 6/95 axa 7

Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie

1 Ɣeyiɣi le vevie na Yehowa. Edi be ɣeyiɣi nanɔ vevie na míawo hã. Etoa eƒe habɔbɔa dzi kpena ɖe mía ŋu be ɣeyiɣi nanɔ vevie na mí. Wodea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi be míawɔ ‘dɔ geɖe le Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔ la me.’ (Kor. I, 15:58) Esia ana míate ŋu awɔ dɔ nyuie wu le Yehowa subɔsubɔ me.

2 Ɣeyiɣi sɔsɔe nɔa mí katã si kwasiɖa ɖesiaɖe—gaƒoƒo 168 sɔŋ. Aleke míezãa míaƒe ɣeyiɣiwoe? Ðe míeɖenɛ fiana be míenya ɣeyiɣi si me míele le Yehowa ƒe nukpɔsusu nua? Ðe nusiwo mele vevie o hea mía?

3 Ele vevie be míawɔ nu le ɖoɖo nu nyuie. Ame geɖe dzea agbagba be yewoaŋlɔ dɔ siwo yewoawɔ ɖi. Woɖoa wo ɖe esiwo hiã wu nu. Aleke woawɔ anya? Biblia gblɔ be ele be ‘wòanyo na ame le eƒe agbagbadzedzewo katã me.’ (Nyagb. 3:13) Dɔ aɖewo wɔwɔ ɖea vi wu bubuwo. Bu viɖe si ado tso ɖesiaɖe me la ŋu. Ðe dɔa wɔwɔ wu nu aɖe vi geɖea? Ðe wò agbagbadzedzewo me ‘anyo’ na wòa? Ne manyo o la, ke manye dɔ si le vevie o.

4 Le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me: Edzɔa dzi na mí ne ame bubuwo va kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe game dzi, woɖo to se nufiamewo nyuie, eye wodzo enumake yi anyigbamamãwo me. Anyo be míanɔ gbeƒã ɖem kple ŋkubiã tsɔ wu be míanɔ lalam. Edze ƒã be ɖoɖowɔwɔ nyuie nɔ vevie na Paulo esime wòŋlɔ be: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.

5 Ne míele gbeadzi la, míate ŋu agblẽ ɣeyiɣi xɔasiwo ɖe ɖiɖiɖeme hena nunono ŋu. Gake ne ŋdɔ nu sẽ alo yame mele kɔkɔm o la, ɖiɖiɖeme ate ŋu ado ŋusẽ mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míayi dɔa dzi. Gake ame geɖe dina be yewoayi ɖaseɖiɖi na amewo dzi tsɔ wu be yewoava nɔ nɔviwo gbɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo le ɣeyiɣi siwo woɖo ɖi na subɔsubɔdɔa ŋu me. Ehiã be míada asɔ.

6 Biblia gblɔ be: “Damixe . . . nya eƒe azã” si me wòaʋu eye anyidi ‘ƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli’ be wòadzra ɖo ɖe vuvɔŋɔli ŋu. (Yer. 8:7; Lododowo 6:6-8) Aleae wowɔa ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie. Ele be míawo hã ƒe ‘ɖoɖowo nanɔ nyanya na mí nyuie.’ Togbɔ be mele be míaxaxa akpa o hã la, ele be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie. Menye nusi le be míawɔ koe hiã be míanya o ke ele be míanya ɣeyiɣi si wòhiã be míawɔe hã. Ele be ŋugbledede le nusiwo ate ŋu ahe mí ɖe megbe ŋu do ŋgɔ namã mí. Eye ele be míalɔ̃ atso dɔ aɖewo dzi atrɔ ɖe bubu si hiã wu la ŋu, abe dzadzraɖo ɖe míaƒe kpekpewo ŋu, gbeadziyiyi, kple teokrasidɔ bubuwo ene.

7 Míedi be míanɔ abe míaƒe Dziƒofofo, Yehowa Mawu, amesi fia mí be “ɣeyiɣi li na nusianu” ene. (Nyagb. 3:1) Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi nyuie la, míate ŋu ‘awu míaƒe subɔsubɔdɔ nu bliboe.’—Tim. II, 4:5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe