INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/99 axa 8
  • Zã Wò Ɣeyiɣi Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zã Wò Ɣeyiɣi Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 6/99 axa 8

Zã Wò Ɣeyiɣi Nyuie

1 Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme le amesiame si sɔsɔe le kwasiɖa ɖesiaɖe me. Ɣeyiɣi si míetsɔ gblɔa nyanyuiae xɔ asi etɔxɛ elabena enye ɣeyiɣi si míezã le agbeɖeɖedɔ me. (Rom. 1:16) Míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dɔ sia ŋu fiana ne míedzra ɖo nyuie ɖe gbeadzidɔ si míeɖo be míawɔ ŋu, ne míeɖo kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe game dzi, eye míedze mɔ yi anyigbamamaa me kaba. Anyo be míanɔ gbeƒã ɖem tsɔ wu be míatsi megbe hafi adze mɔ. Esi Yehowa fia mí be “ɣeyiɣi li na nusianu” ta la, ele be míana ɣeyiɣi si míeɖo ɖi na gbeadziyiyi naɖe vi ŋutɔŋutɔ.—Nyagb. 3:1.

2 Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋudɔ le Nunya Me: Míekpɔa yayra geɖe ne míewɔ ɖe ɖoɖowɔɖi si ana míakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔ me edziedzi la dzi tututu. Le ɖoɖoa nu la, ele be viɖe siwo míakpɔ tso subɔsubɔdɔa me nasɔ kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezã le gbeadzi. Ðe míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo ŋu vie be míate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea? Le kpɔɖeŋu me, ne míema magazine le Memleɖagbe vɔ la, ɖe míate ŋu azã ɣeyiɣi vi aɖe awɔ tɔtrɔyi ɖeka alo eve aɖea? Ne míele gbeadzi ɣeyiɣi aɖe le Kwasiɖagbe la, ɖe míagate ŋu azã ɣeyiɣi aɖe na tɔtrɔyiwo alo Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔa? Ðe wòanya wɔ be míawɔ ablɔdziɖaseɖiɖi tsɔ kpe ɖe tso aƒeme yi aƒeme dɔa ŋua? Ne míewɔ esiawo kple bubuwo la, míate ŋu ana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzi.

3 Míate ŋu agblẽ ɣeyiɣi veviwo le gbeadzi ne míekpɔ nyuie o. Enye nyateƒe be ne ŋdɔ nu le sesẽm la, ɖiɖiɖeme kpuie ana ŋusẽ nagaɖo mía ŋu na dɔa dzi yiyi. Gake ele be nàda asɔ elabena menye ɣesiaɣie ɖiɖiɖeme mawo ahiã o.

4 Eva le sesẽm be woakpɔ amewo le aƒeme le ɣeyiɣi siawo me. Be woate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme sia la, gbeƒãɖela geɖe wɔa woƒe aƒeme yi aƒeme dɔa le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi bubuwo me. Nukata màte ɣetrɔ alo fiẽ ɖaseɖiɖi kpɔ o?

5 Anyo wu be míaganɔ dze ɖom kple mía nɔewo le ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me o. Ðe ema teƒe la, minɔ adzɔge vie tso mia nɔewo gbɔ eye amesiame nate ɖe amewo ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kpli wo. Ema awɔe be ɣeyiɣia naɖe vi geɖe eye miakpɔ dzidzɔ geɖe tso dɔa me.

6 Wɔ Mɔnukpɔkpɔwo Ŋudɔ tsɔ Ði Ðase: Esi aƒemenɔla aɖe gblɔ be nyanyuia medze ye ŋu o la, Ðasefoa bia ne ame bubu le aƒea me si yeate ŋu aƒo nu kplii. Esia na wòdze dzeɖoɖo gɔme kple aƒea tɔ si nɔ dɔ lém ɣeyiɣi didi aɖe eye wòtsi aba dzi. Mɔkpɔkpɔ si le Mawu ƒe Nya la me na be agbenɔnɔ gadzroe. Eteƒe medidi o, ehaya, eye wòdze kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me gɔme henɔ eƒe mɔkpɔkpɔ yeyea gblɔm na amewo!

7 Nɔvinyɔnu ƒewuivi aɖe wɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be woayi gbeadzi gaƒoƒo ɖeka do ŋgɔ na Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ la dzi. Le ʋɔtru gbãtɔ si nu wòyi la, ekpɔ nyɔnuvi ƒe 13 vi aɖe si ɖo to nyuie eye wòxɔ agbalẽ. Eƒe ŋufɔke la, nɔvinyɔnu sɔhɛa kpɔ nyɔnuvi sia ke le suku. Emegbe kpuie la, ebia be yeasrɔ̃ Biblia kplii, eye nyɔnuvia lɔ̃.

8 Na Ɣeyiɣia Naɖe Vi: Gbeadziyiyi edziedzi kpena ɖe mía ŋu míebina le nyanyuia gbɔgblɔ me. Ðe nàte ŋu azã ŋgɔdonya si nyɔa ɖetsɔleme be wò dzeɖoɖo gɔmedzedze le ʋɔtru nu nanyo ɖe edzia? Ðe nàte ŋu ava zu nufiala bibi wu le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ mea? Ne èwɔe nenema la, àte ŋu ana ɣeyiɣi si nèzãna le gbeadzi naɖe vi vavã eye wò subɔsubɔdɔa natse ku geɖe wu.—Tim. I, 4:16.

9 Esi ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie’ ta la, ele be míazã míaƒe agbe ɖe Kristotɔwo ƒe dɔwo ŋu. (Kor. I, 7:29) Ele be ɣeyiɣi ɖoɖo ɖi na gbeƒãɖeɖe naxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe ɖoɖowɔɖiwo me. Mina míatsɔ dzonɔameme si dze awɔ subɔsubɔdɔ lae. Ɣeyiɣi nye nu xɔasi aɖe si Yehowa tsɔ na mí. Wɔ eŋudɔ le nunya me ɣesiaɣi eye nàna wòaɖe vi.

[Aɖaka si le axa 8]

Bu Aɖaŋuɖoɖo Siawo Ŋu Kpɔ:

◼ Ðo kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe game dzi.

◼ Nunya anɔ eme be hatsotso siwo me woanɔ ayi gbeadzi nanɔ sue.

◼ Mègatsi megbe hafi ayi anyigbamamaa me o.

◼ Wɔ dɔ le anyigbamamaa me le ɣeyiɣi si me ame geɖe le aƒeme.

◼ Ne afɔku manɔ eme o la, wò ɖeka yi gbeadzi ɣeaɖewoɣi.

◼ Wɔ tɔtrɔyiwo le teƒe si te ɖe anyigbamama si me miewɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa le ŋu.

◼ Ne ame bubu siwo le hatsotsoa me xɔ ɣeyiɣi le ʋɔtru aɖe nu la, wò hã nɔ nu ƒom na ame bubuwo.

◼ Ɣesiaɣi si nɔnɔmeawo aɖe mɔ la, nɔ gbeadzi wòadidi wu vie.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe