Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
1. Taɖodzinu kae le kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu?
1 Gbe ɖeka la, Yesu kpe kple eƒe nusrɔ̃la 70 hafi woyi gbeƒãɖeƒe. (Luka 10:1-11) Ede dzi ƒo na wo be “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ,” Yehowa, anɔ kpli wo, eye wòafia mɔ wo. Edzra wo ɖo ɖe dɔa ŋu, eye wòma wo “eveveve.” Egbea hã taɖodzinu ma kee le kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu. Eyae nye be woade dzi ƒo na mí, woadzra mí ɖo, eye woama mí na gbeadziyiyi.
2. Miniti nenie kpekpe hena gbeadziyiyi axɔ tso fifia?
2 Va se ɖe fifia la, kpekpe hena gbeadziyiyi, si me amewo mama, anyigbaa mama na wo kple gbedodoɖa le la katã xɔa miniti 10 va se ɖe 15. Gake tso fifia la, maganɔ alea o. Tso April me la, kpekpe hena gbeadziyiyi axɔ tso miniti atɔ̃ va se ɖe adre ko. Gake ne hame ƒe kpekpe aɖe megbee woawɔe le la, ke ele be wòaganɔ kpuie wu gɔ̃ hã, elabena nɔvi siwo ayi gbeadzi la kpɔ gome le Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro nyui aɖe me xoxo. Ne kpekpe hena gbeadziyiyi le kpuie la, ana nɔviwo katã nazã ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi. Hekpe ɖe eŋu la, ne mɔɖelawo alo gbeƒãɖela bubuwo dze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme hafi va kpekpe hena gbeadziyiyi la, ekema magblẽ ɣeyiɣi na wo fũu o.
3. Aleke woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu be woaɖe vi geɖe na gbeƒãɖelawo?
3 Ele be woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu nyuie be woaɖe vi geɖe na gbeƒãɖelawo. Le hame geɖe me la, edea ame dzi wu ne nɔviwo kpe le woƒe gbeadziƒuƒoƒo vovovoawo me tsɔ wu be hamea katã naƒo ƒu le afi ɖeka. Esia ana wòanɔ bɔbɔe be gbeƒãɖelawo naɖo afi si woakpe le la kaba, kple ɖewohĩ woƒe anyigbamama hã me kaba. Woate ŋu ama gbeƒãɖelawo kabakaba, eye wòanɔ bɔbɔe na ƒuƒoƒoa dzikpɔlaa be wòalé ŋku ɖe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖe sia ɖe ŋu nyuie. Hamemetsitsiwo ƒe ha la abu wo gbɔ nɔnɔmewo ŋu nyuie ahatso nya me le nu si sɔ ŋu. Ele be ame sia ame nanya afi si wòawɔ dɔ le kple ame si wòazɔ kplii hafi woado gbe kpui aɖe ɖa atsɔ awu enu.
4. Nu ka tae wòle be míabu kpekpe hena gbeadziyiyi be ele vevie abe kpekpe bubuawo ene?
4 Ele Vevie Abe Hame Ƒe Kpekpe Bubuawo Ene: Esi wònye ame siwo ayi gbeadzi lae wowɔa kpekpe sia na ta la, ɖewohĩ menye hame bliboae adee o. Gake esia mefia be woabui nu tsɛe alo abui be mele vevie de hame ƒe kpekpe bubuawo nu o. Abe míaƒe kpekpe bubuawo ene la, kpekpe hena gbeadziyiyi hã nye Yehowa ƒe ɖoɖo si kpena ɖe mía ŋu be míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ. (Heb. 10:24, 25) Eya ta ele be kpekpea dzikpɔla nadzra ɖo nyuie ale be numedzodzroa nade bubu Yehowa ŋu eye wòaɖe vi na vavalawo. Ne anya wɔ la, gbeƒãɖela siwo ayi gbeadzi nadze agbagba ade kpekpea.
Mele be míabu kpekpe hena gbeadziyiyi nu tsɛe alo abui be mele vevie de hame ƒe kpekpe bubuawo nu o
5. (a) Ðoɖo kawoe subɔsubɔdɔdzikpɔlaa awɔ ku ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu? (b) Aleke wòle be nɔvinyɔnu nakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi?
5 Ale Si Kpekpea Dzikpɔla Adzra Ðoe: Hafi nɔvi aɖe nadzra ɖo nyuie ɖe dɔ si wòawɔ le kpekpe aɖe me ŋu la, ele be woade dɔa asi nɛ do ŋgɔ. Nenemae wòle le kpekpe hena gbeadziyiyi hã gome. Ne nɔviwo kpe le woƒe gbeadziƒuƒoƒo vovovoawo me la, ƒuƒoƒoa dzikpɔla alo eƒe kpeɖeŋutɔ ye kpɔa kpekpea dzi. Gake ne hame bliboae akpe hena gbeadziyiyi la, ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlaa nade dɔ asi na ame si akpɔ edzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔla aɖewo tsɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowɔɖi naa edzikpɔlawo katã eye woklãa ɖeka ɖe gbeƒãɖeɖewo klãɖoƒea. Ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlaa nabu nuwo ŋu nyuie ne ele dɔ dem asi na ame siwo akpɔ kpekpea dzi, eye wòanɔ susu me nɛ be kpekpea ƒe nyonyome anɔ te ɖe edzikpɔlawo ƒe nufiafiaŋutete kple ɖoɖowɔwɔŋutete dzi. Ne hamemetsitsi, subɔsubɔdɔwɔla, alo nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ bubu si dze meli akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi le ŋkeke aɖewo dzi o la, ekema subɔsubɔdɔdzikpɔlaa nadee asi na nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ aɖe si dze be wòakpɔ edzi.—Kpɔ nyati si nye, “Ne Nɔvinyɔnue Akpɔ Kpekpea Dzi.”
6. Nu ka tae wòle vevie be ame si akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi nadzra ɖo nyuie?
6 Ne wode dɔ asi na mí le Teokrasi Subɔsubɔ Suku alo Subɔsubɔ Kpekpea me la, míetsɔnɛ vevie hedzrana ɖo ɖe eŋu nyuie. Mía dometɔ aɖeke malala kaka ne ele mɔ dzi yina kpekpea hafi wòanɔ nya si wòagblɔ ŋu bum o. Nenema kee wòle be míatsɔe vevie ne wode dɔ asi na mí be míakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi. Fifia esi kpekpe hena gbeadziyiyi aganɔ kpuie wu la, ele vevie ŋutɔ be míadzra ɖo nyuie be tsɔɖui nanɔ eme eye míawu enu ɖe game dzi. Dzadzraɖo nyuie bia hã be kpekpea dzikpɔla nanya anyigbamama si me míawɔ dɔ le la do ŋgɔ.
7. Nu kawo mee kpekpe hena gbeadziyiyi dzikpɔla ate ŋu adzro?
7 Nu Si Me Woadzro: Esi nɔnɔmeawo to vovo le anyigbamama ɖe sia ɖe me ta la, kluvi nuteƒewɔla la meta nuƒogbalẽ si woazã na kpekpewo hena gbeadziyiyi o. Nu vovovo siwo me míate ŋu adzro la dze le aɖaka si nye “Nu Siwo Me Míate Ŋu Adzro Le Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Me” la me. Zi geɖe la, kpekpe sia anye numedzodzro. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu awɔ wɔwɔfia si ŋu wodzra ɖo ɖo nyuie, alo aɖe video aɖe si sɔ si le jw.org. Ne ame si akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi le dzadzram ɖo la, ele be wòabu nu siwo ade dzi ƒo na ame siwo ayi gbeadzi gbe ma gbe ahadzra wo ɖo la ŋu.
Ne ame si akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi le dzadzram ɖo la, ele be wòabu nu siwo ade dzi ƒo na ame siwo ayi gbeadzi gbe ma gbe ahadzra wo ɖo la ŋu
8. Nu kawo mee wòanyo be woadzro le kpekpewo hena gbeadziyiyi me le Memleɖa kple Kwasiɖagbe?
8 Le kpɔɖeŋu me, le Memleɖagbewo la, gbeƒãɖela geɖe naa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le gbeadzi. Ame siwo ayi gbeadzi le Memleɖagbe la dometɔ geɖe meyi le kwasiɖaa domedome o, eya ta ɖewohĩ woŋlɔ dzeɖonya si wosrɔ̃ le woƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me la be. Le esia ta kpekpea dzikpɔla ate ŋu adzro kpɔɖeŋudzeɖonya siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe megbekpaa dzi la dometɔ ɖeka me. Nu bubu siwo me wòagate ŋu adzro ye nye ale si míatrɔ asi le nutoa me nyadzɔdzɔ aɖe alo azãɖugbe aɖe ŋu nyawo ŋu be wòade nu magazinenana ƒe dzeɖonyaa me, alo nya si míagblɔ na aƒemenɔla si xɔ magazineawo atsɔ aɖo tɔtrɔyi gɔme anyi. Ne nɔvi siwo va kpekpe hena gbeadziyiyi dometɔ aɖewo dze magazine si nam míele la nana gɔme xoxo la, ke kpekpea dzikpɔla ate ŋu ana woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonamewo. Le Kwasiɖagbewo la, kpekpea dzikpɔla ate ŋu awɔe nenema le agbalẽ si nam míele le ɣletia me hã gome. Míate ŋu ana nusrɔ̃gbalẽwo abe Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ! kple Ðo To Mawu gbalẽ gbadzawo kpakple Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ene ɣesiaɣi, eya ta kpekpea dzikpɔla ate ŋu adzro ale si míana woe hã me kpuie.
9. Nu kawo mee woate ŋu adzro le kwasiɖanuwuwuwo ne míele dɔ tɔxɛ aɖe wɔm?
9 Ne hamea le traktmama alo amekpekpedɔ tɔxɛ wɔm le kwasiɖanuwuwu aɖe la, ke kpekpea dzikpɔla ate ŋu adzro ale si míana magazinewo tsɔ kpe ɖe trakt alo amekpegbalẽvia ŋu, alo nu si míawɔ ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le nyaa me la me. Agate ŋu ana nɔviwo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖe ale si dɔ tɔxɛa le vevie la fia.
10, 11. Nu ka tae wòle vevie be gbeƒãɖelawo nadzra ɖo hafi kpekpe hena gbeadziyiyi nadze edzi nyuie?
10 Ale Si Gbeƒãɖelawo Adzra Ðoe: Akpa vevi aɖe li gbeƒãɖelawo hã awɔ be kpekpe hena gbeadziyiyi nadze edzi nyuie. Ne míedzra ɖo ɖe eŋu nyuie do ŋgɔ, ɖewohĩ le míaƒe ƒometadeaguwɔɣi la, míate ŋu agblɔ nu siwo míesrɔ̃ la na gbeƒãɖela bubuwo. Dzadzraɖo nyuie bia hã be míaxɔ magazine kple agbalẽ siwo míazã le gbeadzi la hafi ava kpekpe hena gbeadziyiyi ale be mí katã míate ŋu ayi anyigbamamawo me enumake le kpakpã megbe.
11 Ele vevie hã be míawɔ ɖoɖo ava ɖo miniti ʋɛ aɖewo ya teti do ŋgɔ na kpekpea ƒe gɔmedzedze. Míenya be ele be míadze agbagba aɖo hame ƒe kpekpe ɖe sia ɖe ɖe game dzi. Gake vevietɔ le kpekpe hena gbeadziyiyi gome la, nuwo ate ŋu atɔtɔ nenye be míetsi megbe. Le mɔ ka nu? Kpekpea dzikpɔlaa bua nu geɖewo ŋu hafi maa amewo. Ne gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe va la, ate ŋu atiae be yeana woayi aɖawɔ dɔ le anyigbamama aɖe si womekpe ɖo vɔ o me. Ne nɔvi aɖewo zɔ afɔ tso didiƒe va, evɔ anyigbamamaa me didi la, ate ŋu awɔ ɖoɖo be wo kple ame siwo si ʋu le la nazɔ. Ne nu vlo wɔwɔ bɔ ɖe nuto aɖe me la, ate ŋu ama nɔvinyɔnuwo kpe ɖe nɔviŋutsuwo ŋuti alo ana nɔviŋutsuwo ƒe anyigbamama nagogo nɔvinyɔnuwo tɔwo. Ate ŋu ana gbeƒãɖela siwo si lãmesẽ mele o nawɔ dɔ le teƒe siwo anyigbaa medze kpo dze ʋe le o, alo afi si atrakpuiwo mesɔ gbɔ ɖo o. Ðewohĩ ama gbeƒãɖela yeyewo be woazɔ kple gbeƒãɖela bibiwo. Gake ne gbeƒãɖelawo tsi megbe la, ke agblẽ ɖoɖo bliboa me wòava hiã be woagbugbɔ amewo ama. Ele eme baa be nanewo ate ŋu awɔe be míatsi megbe ɣeaɖewoɣi ya. Gake ne megbetsitsi zu numame na mí la, ke anyo be míakpɔe ɖa be nu ka gbɔe wòtso hã—ɖe míekpɔ asixɔxɔ si le kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu oa, alo ɖoɖo nyui mawɔmawɔ yea?
12. Ne wò ŋutɔ èwɔa wò ɖoɖowo zi geɖe la, nu kae wòanyo be nàwɔ?
12 Gbeƒãɖela siwo va kpekpe hena gbeadziyiyi ate ŋu awɔ ɖoɖo do ŋgɔ be yewoazɔ kple nɔvi aɖe, alo be woama wo kple nɔvi aɖe. Ne wò ŋutɔ èwɔa wò ɖoɖowo zi geɖe la, ke anyo be ‘nàʋu wò dzi me’ be nàzɔ kple gbeƒãɖela vovovowo, ke menye be nànɔ zɔzɔm kple xɔlɔ̃ ʋɛ aɖewo ko ɣesiaɣi o. (2 Kor. 6:11-13) Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo ɣeaɖewoɣi azɔ kple gbeƒãɖela yeye aɖe be nàkpe ɖe eŋu wòatu eƒe nufiafiaŋutete ɖoa? (1 Kor. 10:24; 1 Tim. 4:13, 15) Ðo to nyuie nàse mɔfiameawo, si ƒe ɖee nye afi si wòafia wò be nàdze dɔa gɔme tsoe. Ne wokpã kpekpea la, mèganɔ ɖoɖoawo trɔm o, eye nàyi anyigbamamaa me kaba.
13. Vi kae kpekpewo hena gbeadziyiyi aɖe ne ame sia ame wɔ eƒe akpa dzi veviedodotɔe?
13 Nusrɔ̃la 70 siwo Yesu ma woyi gbeadzi la “trɔ gbɔ kple dzidzɔ.” (Luka 10:17) Ðikeke mele eme o be kpekpe si Yesu wɔ kpli wo hafi woyi gbeadzi la kpe ɖe wo ŋu wowɔ dɔa nyuie. Egbea hã kpekpewo hena gbeadziyiyi ate ŋu aɖe vi nenema ke. Ne gbeƒãɖelawo kple kpekpea dzikpɔlawo siaa wɔa woƒe akpa dzi veviedodotɔe la, ekema kpekpewo hena gbeadziyiyi ade dzi ƒo na mí ahadzra mí ɖo be míawɔ dɔ si wode mía si be ‘míaɖi ɖase na dukɔwo katã’ la nyuie.—Mat. 24:14.