Na Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Naɖe Vi na Wò Bliboe
1. Aleke kpekpe hena gbeadziyiyi ate ŋu aɖe vi na míi?
1 Kpekpe hena gbeadziyiyi siwo me nufiame nyui le dea dzi ƒo na ame, eye wonana mɔfiame siwo dzi míazɔ ɖo hafi ayi gbeadzi. Enana mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ ɖaseɖiɖidɔa le ƒuƒoƒo me, enana míewɔa dɔ kple nɔvi bubuwo hexɔa kpekpeɖeŋu, eye míesrɔ̃a nu tso wo gbɔ. (Lod. 27:17; Nyagb. 4:9, 10) Nukae míawɔ be kpekpe siawo naɖe vi na mí bliboe?
2. Nukawoe nye nusiwo me kpekpea dzikpɔla ate ŋu adzro la dometɔ aɖewo?
2 Kpekpea Dzikpɔla: Le kpekpe hena gbeadziyiyi me la, womenana nyati si me woadzro do ŋgɔ o. Eyata ne wòe akpɔ kpekpea dzi la, ehiã be nàdzra ɖo nyuie. Mègana wòanye numame na wò be nànɔ gbesiagbe mawunyakpukpuia me dzrom ɣesiaɣi o, ke hã àte ŋu adzro eme kpuie ne emenyawo ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu tẽ. Wò susu nanɔ mɔfiame siwo aɖe vi na amesiwo akpɔ gome le ɖaseɖiɖidɔa me gbemagbe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu atiae be yewoadzro dzeɖonya aɖe me alo awɔ eŋuti wɔwɔfia. Àte ŋu atiae be yewoadzro nyati aɖe me le Reasoning gbalẽa (alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii), Subɔsubɔ Suku gbalẽa, alo nyati aɖe si me míedzro le Subɔsubɔ Kpekpe aɖe me nyitsɔ laa me. Le ɣebubuɣiwo la, àte ŋu adzro alesi miakpɔ dzeɖonyanutsinya aɖe si ate ŋu afɔ ɖe te le anyigbamamaa me gbɔe me, alo àte ŋu atiae be yeadzro alesi woatu ɖetsɔleme ɖo kple alesi woadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme me, vevietɔ ne nɔvi geɖe awɔ tɔtrɔyiwo. Eɖanye nuka ke mee nàdzro o, dze agbagba nàna dzo nanɔ eme eye wòade dzi ƒo na nɔviawo.
3. Ɣeyiɣi didi kae wòle be kpekpea naxɔ, eye nu vovovo kawoe wòle be woawɔ le ɣeyiɣi ma me?
3 Dze kpekpea gɔme ɖe game dzi, ne ènya be ame aɖewo atsi megbe gɔ̃ hã. Bu nɔviawo ƒe ŋutetewo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu ne èle wo mam, eye na anyigbamama amesiwo ahiã nɛ. Mele be kpekpea naxɔ wu miniti 10 va ɖo 15 o, eye wòanɔ kpuie wu ne miawɔe le hamea ƒe kpekpe aɖe megbe teti. Hafi nàwu kpekpea nu la, ele be amesiame nanya amesi wòazɔ kpli kple afisi woawɔ dɔ le. Ele be kpekpea nawu enu kple gbedodoɖa.
4. Nukae akpe ɖe amesiame ŋu be wòaɖe vi bliboe tso kpekpe hena gbeadziyiyi me?
4 Miate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu: Abe alesi wòle le hamea ƒe kpekpewo me ene la, enyea bubudede Yehowa ŋu kpakple ame bubuwo ŋu bubu ne míeva ɖe game dzi. Kpɔ gome le numedzodzroa me. Àte ŋu aɖe mɔ kpekpea dzikpɔla natia amesi mia kpli miawɔ dɔ na wò, alo wò ŋutɔ àte ŋu awɔ wò ɖoɖo do ŋgɔ na kpekpea. Ne ètiae be ye ŋutɔ yeawɔ ɖoɖo hã la, dze agbagba be ‘nàkeke ɖokuiwò’ to dɔwɔwɔ kple gbeƒãɖela vovovowo me, tsɔ wu be nànɔ dɔ wɔm kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ɖeɖeko ɣesiaɣi. (Kor. II, 6:11-13) Ne kpekpea nya wu nu ko la, mele be miaɖɔli amesi wotia na mi le mia ɖokui si o, eye miadzo enumake ayi ɖe anyigbamamaa me.
5. Taɖodzinu kae le kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu?
5 Taɖodzinu si le hame ƒe kpekpewo ŋu la kee le kpekpe hena gbeadziyiyi hã ŋu. Wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu be “míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” (Heb. 10:24, 25) Ne míewɔ míatɔ sinu be kpekpe hena gbeadziyiyi ɖesiaɖe naɖe vi na mí la, akpe ɖe mía ŋu be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe—‘dɔ nyui’ wònye vavã!