INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/01 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Na Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Míagadzro Gbe Sia Gbe Mawunyakpukpuia Me Le Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Me Azɔ O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 9/01 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Nya kawoe wòle be woagblɔ le kpekpewo hena gbeadziyiyi me?

Taɖodzinu si le kpekpe hena gbeadziyiyi ŋue nye be wòahe míaƒe susu ayi dɔwɔna si akplɔe ɖo la dzi—subɔsubɔdɔa. Eyata ele be edzikpɔla nadzra ɖo nyuie ahanɔ klalo be yeagblɔ nya aɖe si le tẽ si ade dzi ƒo, si gbeƒãɖelawo ate ŋu azã. Ne ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia ƒo nu tso gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tẽ la, woate ŋu axlẽe adzro eme kpuie. Gake ele be kpekpea koŋ naku ɖe dɔ si míeyina wɔwɔ ge ŋu, atsɔ akpe ɖe amesiwo katã le gome kpɔ ge le ɖaseɖiɖidɔa me ŋu be woanɔ dzadzraɖoɖi nyuie ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu gbemagbe.—Tim. II, 4:5.

Miate ŋu adzro Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me nyati siwo sɔ me be amesiame nanya agbalẽ si míele nanam le gbeadzi kple alesi woanae. Le Magazineŋkeke dzi la, miate ŋu awɔ nya si míagblɔ ƒe wɔwɔfia tso aɖaka si nye “Nya Siwo Míagblɔ le Magazineawo Ŋu” me. Le agbalẽ bubuwo naɣi la, miate ŋu adzro ŋgɔdonya ɖeka alo eve siwo sɔ na miaƒe anyigbamama me tɔwo me le Reasoning-gbalẽa me. Miate ŋu adzro subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe me alo awɔ eƒe wɔwɔfia, abe alesi míazã Biblia le ʋɔtruwo nu, nya si míagblɔ ne wogblɔ dzeɖonyanutsinyawo, alesi míado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe aƒemenɔla gbɔe, alo alesi míatrɔ yi afisi woɖe ɖetsɔleme fia le lae.

Mele be kpekpewo hena gbeadziyiyi naxɔ wu aɖabaƒoƒo 10 va ɖo 15 o, eye amesiwo woazɔ kplii kple anyigbamama la mama, kpakple gbedodoɖa hã le eme. Ne miekaka la, ele be vavalawo katã nanya amesi wo kplii woazɔ kple afisi woawɔ dɔ le, eye woayi anyigbamamaa me kaba. Esi wònye kpekpe hena gbeadziyiyi medidina o ta la, ele vevie be amesiame nava ɖe game dzi. Ne kpekpe hena gbeadziyiyi kplɔ hamea ƒe kpekpe aɖe, abe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene, ɖo la, ele be wòanɔ kpuie wu. Mehiã be miagadzro ŋkekea ƒe mawunya me o, elabena miedzro Ŋɔŋlɔawo me nya tuameɖo aɖe me xoxo.

Mide dɔ asi na nɔviŋutsu bibi siwo xɔ nyɔnyrɔ la, do ŋgɔ be woakpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi ɖesiaɖe dzi. Ne nɔviŋutsu aɖeke meli axɔ ŋgɔ le ŋkeke aɖe dzi o la, ke hamemegãwo natia nɔvinyɔnu xɔnyɔnyrɔ siwo ate ŋu akpɔ kpekpea dzi ne ehiã. Esi nɔvinyɔnua kpɔtɔ le anyinɔƒe la, ana ƒuƒoƒoa nadzro ŋkekea ƒe mawunya alo mɔfiame bubu siwo ku ɖe ŋkekea ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋu la me, eye wòana eƒe nyawo nanɔ kpuie. Ele be wòabla ta.

Kpekpewo hena gbeadziyiyi nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe na mí be woade dzi ƒo na mí eye woadzra mí ɖo hena subɔsubɔdɔa wɔwɔ. Ne kpekpea dzikpɔla dzra ɖo nyuie la, ekema aɖe vi geɖe na amesiame.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe