INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/09 axa 6-7
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Si Ðoa Eƒe Taɖodzinu Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
  • Na Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nu Si Nàwɔ Be Wò Gbeadziƒuƒoƒo Naɖe Vi Na Wò
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyabiaɖaka
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 8/09 axa 6-7

Kpekpe Hena Gbeadziyiyi

1. Nu ka tae míedina be míayi gbeadzi le ɖoɖo nu?

1 Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le ale si míawɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le ɖoɖo nu be wòakpɔ dzidzedze nyuie la me. Nenema kee egbea hã, ame siwo le xexea me katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm la di vevie be yewoakpɔ egbɔ be wowɔ dɔ sia abe ale si Yesu ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖii ene. Le ɖekawɔwɔ me kple taɖodzinu sia la, hame siwo le xexea me godoo wɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi, si nye mɔ aɖe si dzi wotona wɔa ɖoɖo na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒowo be woayi gbeadzi.—Mat. 24:45-47; 25:21; Luka 10:1-7.

2. Nu kawoe wòle be míakpɔ mɔ na ne míeyi kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi?

2 Ðoɖo Nyui Aɖee: Wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi ŋu be woade dzi ƒo na ame, afia nu, ahana mɔfiame ame siwo akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me. Woate ŋu adzro gbe sia gbe mawunyakpukpuia me kpuie ne edze ƒãa be eku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, wohea susu yia ŋkuɖodzinya aɖewo siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, Reasoning gbalẽa, alo Subɔsubɔ Suku gbalẽa me la dzi be woatsɔ adzra ame siwo katã va kpekpe hena gbeadziyiyi la ɖo ɖe dɔ si woawɔ gbe ma gbe ŋu. Woate ŋu awɔ ɖoɖo hã be woazã agbalẽ si nam míele la atsɔ awɔ wɔwɔfia kpui aɖe. Hafi woado gbe ɖa akpa kpekpea la, ele be ame sia ame nanya woa kple ame si le gbeadzi yi ge kpakple afi si anyigbamama si me woawɔ dɔa le la le. Ne wonya wu kpekpe sia, si maxɔ wu miniti 15 o, nu ko la, ele be ame sia ame nayi ɖe eƒe anyigbamama me enumake.

3. Ame ka ƒe agbanɔamedzie wònye be wòawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi la ŋu?

3 Aleke Wowɔa Ðoɖoae? Subɔsubɔdɔdzikpɔlaa ƒe agbanɔamedzie wònye be wòawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi la ŋu ahakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe ɖoɖoa dzi. Ƒuƒoƒodzikpɔlawo alo woƒe kpeɖeŋutɔwo ƒe ŋkumee wòkpɔ be woaxɔ ŋgɔ na woƒe ƒuƒoƒoawo le gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo me le kwasiɖa nuwuwuwo. Ate ŋu anya wɔ na ƒuƒoƒodzikpɔla aɖewo alo subɔsubɔdɔwɔla aɖewo be wɔaxɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒoa le kwasiɖa dome gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowo me. Ƒuƒoƒodzikpɔlawo wɔa dɔ aduadu kple subɔsubɔdɔdzikpɔlaa be woate ŋu axɔ anyigbamama ƒe lolome si asu na woƒe ƒuƒoƒoa le tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔwɔ me le kwasiɖa nuwuwuwo. Le kwasiɖa bliboa me la, subɔsubɔdɔdzikpɔla ye ana mɔfiame siwo dzi wòle be ame siwo axɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒoawo le subɔsubɔdɔa me la nazɔ ɖo.

4-6. (a) Taɖodzinu kae le kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi la ŋu si do ƒome kple hamea ƒe anyigbamama? (b) Nu kawo ŋue woate ŋu ade ŋugble le be woanya hiahiã siwo gbɔ wòle be woakpɔ le ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu me?

4 Afi Kae Woawɔ Kpekpe Siawo Le, Eye Ɣekaɣiwoe Wòle Be Woawɔ Wo? Le esi teƒe be woana hamea katã nava nɔ ƒu ƒom ɖe teƒe ɖeka la, zi geɖe la, enyo wu be woawɔ ɖoɖo be woawɔ kpekpe siawo le teƒe vovovo siwo asɔ na nɔviawo, zi geɖe la, anye nɔviwo ƒe aƒewo me, le hamea ƒe anyigbamamaa aƒe akpa sia akpa, ale be woate ŋu akpe hamea ƒe anyigbamamaa ɖo nyuie. Woate ŋu azã Fiaɖuƒe Akpatawo hã le kpekpe siawo wɔwɔ me. Hame geɖewo wɔa kpekpe hena gbeadziyiyi le Fiaɖuƒe Akpataa me le Kwasiɖagbe ƒe dutoƒokpekpea kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a megbe kpuie. Ele be woadze agbagba akpɔ egbɔ be gbeƒãɖelawo nagazɔ mɔ legbee hafi ayi ɖe anyigbamamaa me o. Eya ta anyo be, tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, woagbugbɔ ŋku alé ɖe ɖoɖoawo ŋu ahakpɔe ɖa be teƒe siwo wowɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi le la gasɔ kokoko be hamea nate ŋu awɔ dɔ le anyigbamamaa me nyuie ahakpee ɖo keŋkeŋ mahã.

5 Ɣeyiɣi siwo anye nyuitɔ siwo dzi woawɔ kpekpe siawo kple zi gbɔ zi ale si woawɔ woe le kwasiɖa bliboa me la nɔ te ɖe ale si anyigbamamaa ƒe nɔnɔme le dzi. Biabia siwo gbɔna ate ŋu anye mɔfiame ku ɖe teƒe siwo woawɔ kpekpewo hena gbeadziyiyi le kpakple ɣeyiɣi siwo woawɔ wo be woasɔ na gbeƒãɖelawo nyuie wu la ƒe nyametsotsowo wɔwɔ ŋu.

6 Anyigbamama ka mee wòhiã be woagawɔ dɔ le geɖe wu? Ɣeyiɣi kae asɔ nyuie wu na tso aƒe me yi aƒe me dɔa? Ðe wòle be woawɔ ɖoɖo ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le fiẽ me na tso aƒe me yi aƒe me dɔa alo tɔtrɔyiwo wɔwɔa? Ele be woaklã ɖoɖo siwo katã wowɔ ɖe gbeadziyiyi ŋu la ɖe hamea ƒe nyatakakaklãɖoƒea. Enye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo katã ƒe didi be yewoakpe yewoƒe anyigbamamaa ɖo tsitotsito ale gbegbe be yewo hã yewoate ŋu agblɔ abe apostolo Paulo ene be: “Teƒe aɖeke megale nuto siawo me, si nyemekpɔ ɖo o.”—Rom. 15:23.

7. Agba kae le ame si wode dɔ asi na be wòaxɔ ŋgɔ akpɔ kpekpe hena gbeadziyiyi dzi la dzi?

7 Ale Si Woakpɔ Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Dzi: Ame si wode dɔ asi na be wòakpɔ kpekpe sia dzi ɖenɛ fiana be yedea bubu deto teokrasi ɖoɖowo ŋu ne edzra ɖo ɖe eŋu nyuie. Ele be kpekpe siawo nadze egɔme ɖe game dzi, woanɔ kpuie, woaxɔ miniti 10 alo 15, eye nufiame nanɔ wo me. Ele be kpekpea dzi kpɔla nanya anyigbamama siwo me ƒuƒoƒoa awɔ dɔ le la do ŋgɔ na kpekpea gɔme dzedze. Togbɔ be mehiã be ne wowu kpekpe hena gbeadziyiyi nu vɔ la woalala ame siwo tsi megbe o hã la, anyo be woagblẽ mɔfiame aɖe ɖe megbe si akpe ɖe megbetsilawo ŋu woanya afi si ƒuƒoƒoa le dɔ wɔm le. Ne wowu kpekpea nu ko la, ele be ame sia ame naɖo ta anyigbamama si wode asi nɛ la me enumake. Ðikeke mele eme o be kpekpe hena gbeadziyiyi si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo nyuie, si me nufiame nyuiwo le la ana be mɔfiame siwo hiã be woate ŋu awɔ subɔsubɔdɔa gbe ma gbe la nasu ame siwo katã va kpekpea si.—Lod. 11:14.

8. Mɔ kawo nue ame siwo va ƒoa ƒu na kpekpe hena gbeadziyiyi la ate ŋu awɔ nu aduadu kple ame siwo le ŋgɔ xɔm la le?

8 Gomekpɔkpɔ Le Kpekpe Hena Gbeadziyiyi Me: Nuwɔwɔ aduadu le vevie. (Heb. 13:17) Ne anya wɔ la, ame si xɔ ŋgɔ na ƒuƒoƒoa la nadze agbagba akpe ɖe ame aɖe si hiã kpeɖeŋutɔ si wòayi gbeadzi kpli la ŋu. Anyo be gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe la nava kpekpea ale be woana kpekpeɖeŋu gbeƒãɖela yeyewo kple esiwo si nuteƒekpɔkpɔ boo mesu o la. Gbeƒãɖela siwo lɔ̃na faa be yewoazɔ kple ame bubu ɖe sia ɖe, tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe ŋutɔ. (Lod. 27:17; Rom. 15:1, 2) Ele be ame sia ame nadze agbagba vevie anɔ game dzi. Bubudede teokrasi ɖoɖo sia ŋu kpakple mía nɔvi Kristotɔwo ŋu bubu aʋã mí be míawɔ asitɔtrɔ ɖe sia ɖe si hiã be míanɔ game dzi.—2 Kor. 6:3, 4; Fp. 2:4.

9. Mɔ vevi kawo nue mɔɖelawo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le ɖoɖo sia me le?

9 Kpekpeɖeŋu Si Mɔɖelawo Ate Ŋu Ana: Mɔɖelawo ƒe gomekpɔkpɔ le kpekpe hena gbeadziyiyi me le vevie ŋutɔ eye woƒe vava dea dzi ƒo na ame sia ame. Le nyateƒe me la, agba geɖe le mɔɖelawo dzi. Tsɔ kpe ɖe Biblia nusɔsrɔ̃wo kpakple tɔtrɔyiwo wɔwɔ ŋu la, dɔ siwo mɔɖelawo wɔna gbe sia gbe ate ŋu alɔ ƒomegbanɔamedziwo kple dɔwɔɖuinyawo ɖe eme. Eya ta mahiã be mɔɖelawo nase le wo ɖokui me be ele kokoko be yewoakpɔ gome le kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe sia ɖe si ŋu hamea wɔ ɖoɖo ɖo la me o, vevietɔ ne wowɔa wo gbe sia gbe. Ke hã, ɖewohĩ ate ŋu anya wɔ na mɔɖelawo be woakpɔ gome le kpekpe hena gbeadziyiyi aɖewo ya me kwasiɖa sia kwasiɖa. Le mɔ aɖewo nu la, hehexɔƒee kpekpe hena gbeadziyiyi nye, eye gbɔgbɔmeɖoɖo siwo yia edzi kpakple nuteƒekpɔkpɔ siwo su mɔɖelawo si ate ŋu anye kpekpeɖeŋu gã aɖe na nɔvi bubuwo. Woƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi na be nuteƒekpɔkpɔ su wo si le subɔsubɔdɔa me. Woate ŋu ana esia naɖe vi na ame bubuwo. Woƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa kpakple kpekpe hena gbeadziyiyi me dzonɔamemetɔe la na be wozu kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí míasrɔ̃. Eye míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe gomekpɔkpɔ le kpekpe siawo me ŋu vevie ŋutɔ.

10. Nu ka tae wòsɔ be Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo katã nakpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu tso dzi blibo me?

10 Abe ale si wònɔ le Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gome ene la, tso aƒe me yi aƒe me ɖaseɖiɖidɔa dzie míetona wɔa míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa gãtɔ. Kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi ƒe taɖodzinue nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo eye míakpɔ gome le dɔ sia me dzidzedzetɔe. Ele be nya nyuia ƒe gbeƒãɖelawo katã nakpe asi ɖe teokrasi ɖoɖo siawo ŋu nyuie ale si woate ŋui. (Dɔw. 5:42; 20:20) Mina mí katã míakpe asi ɖe kpekpe siwo míewɔna hena gbeadziyiyi la ŋu tso dzi blibo me. Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be míaxɔ yayra geɖe tso Yehowa gbɔ, eye esi míele gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ta la, míate ŋu ado dzidzɔ na míaƒe Kplɔla, Yesu Kristo, ƒe dzi.—Mat. 25:34-40; 28:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe