Wɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu Le Gbeadzi
Le ƒe 2014 subɔsubɔƒea me la, Yehowa Ðasefowo zã gaƒoƒo 1,945,487,604 le gbeƒãɖeɖedɔa me—si na wòdze ƒãa be míeɖoe kplikpaa be míawɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me! (Ps. 110:3; 1 Kor. 15:58) Esi wònye be “ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ” ta la, ɖe manyo ŋutɔ be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi xɔasi la ŋu dɔ aɖo ame geɖe wu gbɔ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me oa?—1 Kor. 7:29.
Míaƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ nyuitɔ nu bia be míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le gbeadzi. Le kpɔɖeŋu me, ne èzãa gaƒoƒo ɖeka alo esi wu ema le subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe koŋ wɔwɔ me evɔ mètea ŋu ɖia ɖase na ame aɖeke o la, ɖe nàte ŋu awɔ tɔtrɔ aɖewo ale be nàke ɖe ame geɖe wu ŋu ahaɖi ɖase na woa? Nɔnɔmeawo to vovo le afi sia afi. Ke hã aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie, ale be nàganɔ ‘zɔzɔm ɖe ya me’ o.—1 Kor. 9:26.
Ðaseɖiɖi Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me: Tso gbe aɖe gbe ke la, gbeƒãɖela geɖe wɔa aƒe me yi aƒe me dɔa le ŋdiwo me. Gake esi dɔmedela geɖe dzona le aƒe me le ŋdi me ta la, ɖe manyo be nàte aƒe me yi aƒe me dɔa kpɔ le ɣetrɔ alo fiẽsi me esime ame geɖe nɔa aƒe me eye woɖea dzi ɖi oa? Le ŋkekea me la, ablɔdziɖaseɖiɖi alo ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo ate ŋu aɖe vi wu.
Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ: Hamea ƒe anyigbamama ƒe akpa siwo ame gbogbowo tona ye wòle be woada kplɔ̃ kple kekevi siwo dzi míeɖoa míaƒe agbalẽwo ɖo la ɖo. (Kpɔ July 2013 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 5.) Ne eva dzɔ be ame geɖe megatoa afi si woda kplɔ̃ alo kekevia ɖo na dutoƒoɖaseɖiɖidɔa o la, ekema Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia ate ŋu atso nya me be woaɖe wo le afi ma ada ɖe teƒe bubu si ame gbogbowo tona.
Tɔtrɔyi Kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo: Ðe wòanya wɔ be nàtrɔ wò ɖoɖowo be nàwɔ tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo le ɣeyiɣi siwo me ɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa bubu wɔwɔ maɖe vi boo o mea? Le kpɔɖeŋu me, ne tso aƒe me yi aƒe me dɔa tsea ku le Memleɖa ŋdiwo la, ɖe nàte ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃wo le ŋdɔ alo fiẽ mea? Ne miele tɔtrɔyiwo wɔm la, ɖe manyo be miawɔ ɖoɖo ayi nusrɔ̃vi siwo le nuto ɖeka me la gbɔ le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi, ale be miate ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me oa?
Togbɔ be míate ŋu abu gaƒoƒo ɣesiaɣi si míede gbeadzi hã la, dzi dzɔa mí wu nenye be míete ŋu ɖi ɖase na ame geɖe. Ne èkpɔe be subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe metsea ku le ɣeyiɣi aɖewo koŋ me o la, trɔ ɖe eƒe akpa bubu aɖe ŋu. Do gbe ɖa nàbia “nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ” Yehowa be wòafia mɔ wò be nàwɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu le gbeadzi!—Mat. 9:38.