INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/06 axa 8
  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Àte Ŋu Akpɔ Gome Le Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Wɔ Ɣeyiɣia Ŋu Dɔ Le Mɔ Nyuitɔ Nu Le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 9/06 axa 8

Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme

1. Nyabiase kae fɔna ɖe te ku ɖe tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa ŋu, eye nukatae?

1 “Amesiwo bi ɖe ɖaseɖimɔnu vovovowo zazã tsɔ kakana Nyateƒea me la alɔ̃ ɖe edzi be tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ, le MILLENNIAL DAWN gbalẽa mama me, nye Nyateƒea kaka mɔnu si wɔa dɔ wu le egbeŋkekea me.” Nya sia si dze le Eŋlisigbe me Zion’s Watch Tower, July 1, 1893, tɔ me la te gbe ɖe alesi tso aƒeme yi aƒeme dɔa tsea kui dzi. Amewo tsɔa dɔ sia dea dzesi Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo. Esi wònye be ele sesẽm be míake ɖe amewo ŋu le aƒeme le dukɔ aɖewo me ta la, ɖe ɖaseɖimɔnu sia gaɖea vi kokokoa?

2. Kpeɖodzi kawoe ɖee fia be tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa tso Ŋɔŋlɔawo me?

2 Etso Ŋɔŋlɔawo Me eye Ele Vevie: Ðaseɖiɖi tso aƒeme yi aƒeme dɔa tso Ŋɔŋlɔawo me. Yesu dɔ nusrɔ̃la 70 eveveve be woayi amewo gbɔ le aƒewo me. (Luka 10:5-7) Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Biblia gblɔ le nusrɔ̃lawo ŋu be: “Gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia . . . le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔw. 5:42) Apostolo Paulo hã fia nu dzonɔamemetɔe tso aƒeme yi aƒeme.—Dɔw. 20:20.

3. Viɖe siwo dona tso ɖaseɖiɖi tso aƒeme yi aƒeme dɔa me dometɔ aɖewo ɖe?

3 Ðaseɖiɖi tso aƒeme yi aƒeme gakpɔtɔ nye nyanyuia kaka mɔnu vevi aɖe egbea. Ekpena ɖe mía ŋu ‘míedia’ amesiwo dze la tsitotsito le ɖoɖo nyui nu. (Mat. 10:11) Amewo ɖea dzi ɖi geɖe wu ne wole aƒeme. Dzeɖoɖo kpli wo ŋkume kple ŋkume—woƒe gbe sese, alesi woɖo moe kpɔkpɔ, kple ŋkuléle ɖe alesi wo nɔƒewo le ŋu—nana míenyaa nusiwo me wotsɔa ɖe le kple nusiwo ŋu wotsia dzi ɖo. Zi geɖe la, esia nana mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake mí be míaɖo dze geɖe.

4. Aleke míawɔ be tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa natse ku geɖe wu?

4 Trɔ Asi Le Wò Ðoɖowo Ŋu: Apostolo Paulo lɔ̃ faa trɔ asi le eƒe ɖoɖowo ŋu le “nyanyui la ta.” (Kor. I, 9:23) Ðewohĩ míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ɖoɖowo ŋu be míate ŋu aɖe gbeƒã le ɣeyiɣi si me ame geɖe wu nɔa aƒeme, abe le fiẽsiwo, kwasiɖanuwuwuwo, alo le ŋkekenyuiwo dzi ene. Miwɔ amesiwo ŋu mieke ɖo le aƒeme o ŋuti nuŋlɔɖi, eye miadze agbagba atrɔ ayi wo gbɔ le ɣebubuɣi le ŋkeke ma ke dzi loo alo le ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me.

5. Aleke míawɔ be amesiwo mele lãmesẽ nyui me o hã nakpɔ gome kpli mí le tso aƒeme yi aƒeme dɔa me?

5 Amesiwo mele lãmesẽ nyui me o gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ gome le gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme dɔa me. Ðewohĩ míate ŋu awɔ ɖoɖo akplɔ amesiawo tɔgbe ayi aƒe siwo wòanya wɔ be woate ŋu ayi me, eye míagbɔ dzi ɖi na wo be woawɔ dɔ le woƒe ŋutete nu le dziɖeɖi me. Le esi gbɔgbɔtsixe tsia ƒo na nɔvinyɔnu aɖe ta la, aƒe ɖeka me koe wòte ŋu ɖia ɖase le le miniti 30 ɖesiaɖe me. Ke hã esi nɔviwo na wòkpɔ gome le tso aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me kpli wo la, edzɔ dzi nɛ ŋutɔ!

6. Nukatae wòle be míanɔ gome kpɔm le tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa me edziedzi?

6 Míegakpɔtɔ le kekem ɖe amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo la ŋu le tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔ me. Gbeɖeka, gbeƒãɖela aɖe ƒo ʋɔ na ame aɖe eye amea gblɔ nɛ be: “Ge ɖe eme. Menya amesi nènye. Menɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòadɔ ame aɖe ɖa wòava kpe ɖe ŋunye, enumake mese nèƒo ʋɔa. Mawu se nye gbedodoɖaa eye wòdɔ wò ɖe gbɔnye.” Nusiwo dona tsoa ɖaseɖimɔnu sia me ɖenɛ fiana be Yehowa le yayram ɖe mɔnu sia dzi. (Mat. 11:19) Ðoe kplikpaa nànɔ gome kpɔm le tso aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖidɔa me edziedzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe