INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/94 axa 1
  • Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Subɔsubɔdɔa—Nu Ka Tae Wòhiã Vevie Fifia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðaseɖiɖi tso Aƒeme yi Aƒeme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Alɔ Megaku Wò Le Nyanyuia Gbɔgblɔ Me O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Aƒeme Yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa ƒe Agbanɔamedzi Tsɔtsɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 7/94 axa 1

Wɔ Aƒeme yi Aƒeme Dɔa Madzudzɔmadzudzɔe

1 Wosa vɔwo le blema Israel gbesiagbe. (Mose II, 29:38-42) Dzo nɔ vɔsamlekpuia me ɣesiaɣi; dzudzɔ si nɔ tutum la nye “ʋeʋẽ lilili” si dze Yehowa ŋu. (Mose II, 29:18) Woƒoe ɖe mía nu egbea be “[míatsɔ] kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” (Heb. 13:15) Esi teƒe be míasa vɔ siwo ŋu Sea ƒo nu tsoe la, míedea ta agu na Yehowa to ekafukafu madzudzɔmadzudzɔe me.—Yes. 43:21; Dɔw. 5:42.

2 Yesu Kristo, Ðasefo gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ la, fia alesi míatsɔ tadedeagu dzadzɛ ana to kafukafuvɔsa tsɔtsɔna me la mí. Efia eƒe nusrɔ̃lawo be gbedasi si woɖea gbeƒãe la hiã kpata. Enya be mɔ nyuitɔ si dzi woato atsɔ nyanyuia ayi na amewoe nye be woaƒo nu na wo tẽ le woƒe aƒewo me. (Mat. 10:7, 12) Eyata míekpɔe be apostoloawo wɔ ɖe eƒe mɔfiame si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me si wòna wo be woaɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme la dzi.—Dɔw. 20:20.

3 Aleae wòle egbea hã. Esi Kristotɔ vavãtɔwo nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ta la, wosrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu to gbeƒãɖeɖe nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme me. Togbɔ be woaɖe ɖeklemi ahati mía yome le esia wɔwɔ me hã la, ame miliɔn geɖe srɔ̃ nyateƒea eye nusrɔ̃la akpe geɖe va le kpekpem ɖe ameha gã la ŋu ƒe sia ƒe, si ɖo kpe edzi be mɔ sia dzi tom Yehowa le be eƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Esia tae míekua kutri le míaƒe subɔsubɔdɔa me.

4 Gbeƒãɖeɖe tso Aƒeme yi Aƒeme ƒe Viɖewo: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o . . . amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Aƒe ɖesiaɖe me yiyi le míaƒe anyigbamamã me ɖenɛ fiana kɔte be míekpɔa ame ŋkume o, eye wònaa mɔnukpɔkpɔ amesiame be wòase Fiaɖuƒegbedasia edziedzi. Esia na míete ŋu kpena ɖe amesiwo ɖoa to la ŋu ɖekaɖeka ɖe woƒe hiahiãwo nu.

5 Gbeƒãɖelawo katã kloe, siwo me ɖeviwo, ame tsitsiwo, kple ame yeyewo gɔ̃ hã le la ate ŋu akpɔ gome le aƒeme yi aƒeme dɔa me. Amesiame ate ŋu atsɔ eƒe ‘nuyi aʋu eme hena agbexɔxɔ’ le mɔ sia nu. (Rom. 10:10) Aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ kple ame bubuwo tea mí ƒoa ƒu le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖe míaƒe dzidodo afia ne womexɔ mí nyuie o alo wotsi tre ɖe mía ŋu. Míaƒe xɔse ɖeɖefia le gaglãgbe alea na míezua “nukpɔkpɔ,” eye esia naa dzinyuitɔwo kpɔnɛ be Biblia fiafia ƒe ɖoɖo le mía si eye be ate ŋu aɖe vi na woawo. (Kor. I, 4:9) Edze ƒã be Yehowa le aƒeme yi aƒeme dɔa yram eye wòto edzi le ameha gã la nu ƒom ƒu ɖe eƒe tadedeagu dzadzɛ ƒe “aƒe” la me.—Yes. 2:2-4.

6 Ehiã be amewo nase Fiaɖuƒegbedasia fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Mína míayi edzi aɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme madzudzɔmadzudzɔe vaseɖe esime Yehowa nagblɔ be enyo. (Yes. 6:11) Ne míewɔe alea la, woatsɔ dzidzɔ si tsoa gomekpɔkpɔ le aƒeme yi aƒeme dɔ vevi si ɖea vi le nuwuɣi sia me la ayra mí.—Kor. I, 15:58.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe