Aƒeme Yi Aƒeme Subɔsubɔdɔa ƒe Agbanɔamedzi Tsɔtsɔ
1 Susu si nye be woanɔ amesiwo womenya o la gbɔ yim tso aƒeme yi aƒeme la nyea dɔ sesẽ aɖe ŋutɔ na ame geɖe siwo le subɔsubɔ dzadzɛtɔ me vam. Gake lɔlɔ̃ vavãtɔ na Yehowa kpena ɖe ame ŋu be woawɔ dɔ sia, eye amesiwo kpea ŋu vevie kura gɔ̃ hã yi ŋgɔ kakaka va zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyui gbeƒãɖelawo.
2 Biblia gblɔe eme kɔ be Kristotɔ gbãtɔwo gblɔ Mawu ƒe fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme. (Dɔw. 5:42; 20:20, 21) Abe Kristotɔ siwo le ƒe alafa 20 lia sia me ene la, míawo hã míele gome kpɔm le dɔ sia me. Lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi la ʋãa mí be míawɔ dɔ sia togbɔ be míado go ɖekematsɔleme, dzikudoname, vlododo, alo woatsi tre ɖe mía ŋu tẽ kura gɔ hã.
3 Nusi Agbanɔamedzia Tsɔtsɔ Wɔna: Ɣesiaɣi si míeyi amewo gbɔ la, míedzea agbagba be míaƒã nyateƒea ƒe ku ʋee aɖewo, esi míenyae be nusi ado go tso ye katã me mlɔeba la anye Fiaɖuƒekuwo tsetse. (Nyagb. 11:6) Amewo ƒe nɔnɔmewo trɔna. Nya aɖe adzɔ si ate ŋu ana aƒemenɔla nabu tame le nya aɖe si mía dometɔ aɖe gblɔ kpɔ le eƒe aƒeme la dzi, eye ɣebubuɣi la aɖo to nyuie wu.
4 Míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa naa mɔnukpɔkpɔ amesiwo lɔ̃a nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye la be woasrɔ̃ nu le Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, eye wònaa wodzea egɔme nɔa zɔzɔm le agbemɔa dzi. Wotoa dɔ sia wɔwɔ me xlɔ̃a nu amesiwo le xexemedzidzɔdonuwo yome tim la be woawɔ tɔtrɔ be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Subɔsubɔdɔ sia ɖea gbeƒã Yehowa ŋkɔ hã hedea bubu eŋu, ne aƒemenɔla ɖasee alo meɖasee o.—Xez. 3:11.
5 Gome kpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me kpena ɖe ame ŋu be wòatse gbɔgbɔ ƒe kuawo, siwo nye ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, kple dzigbɔgbɔ blewu. (Gal. 5:22) Ekpena ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui ahase veve ɖe ame nu, elabena ebia be woawɔ nyui na ame bubuwo. Yehowa ƒe dɔ wɔwɔ ɣesiaɣi kpɔa mía ta tso xexeame gbɔ.—Kor. I, 15:58.
6 Kpe De Wo Ŋu Woatsɔ Agbanɔamedzia: Ele be ame yeyeawo nasrɔ̃ alesi woawɔ dɔ dodzidzɔname sia si ƒo ɖesiaɖe ta la. Zi geɖe la, dzideƒo menɔa wo si o eye esia ate ŋu ana be dzi naɖe le wo ƒo nenye be wobu tame tso aƒeme yi aƒe me dɔa wɔwɔ ŋu. Míate ŋu adzro tsitretsiɖeŋunya siwo míedoa goe kple alesi míaɖo wo ŋui la me kpli wo. Míate ŋu awɔ alesi míazã aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Comment raisonner-gbalẽa me atsɔ ɖo dzeɖoɖonutsinyawo ŋui la akpɔ. Nukatae màtsɔ ɖokuiwò ana be yeakpe ɖe wo ŋu woadzra ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu o? Woate ŋu agakpɔ kpekpeɖeŋu geɖe ne wodea kpekpewo hena gbeadziyiyi edziedzi, eye emegbe wowɔa dɔ le gbeadzi kple gbeƒãɖela siwo bi wu. Dɔ wɔwɔ kple ƒuƒoƒo aɖe ate ŋu ado ŋusẽ wo ŋutɔ.
7 Mɔnukpɔkpɔ wònye su mía si be míanɔ mía Mawu, Yehowa teƒe esi míele dɔ wɔm tso aƒeme yi aƒeme. Bubu gã kae gali wu esia be ame nanye Mawu ƒe hadɔwɔla ŋutɔŋutɔ? (Kor. I, 3:9) Ne míeɖo ŋu ɖe eŋu la, eƒe gbɔgbɔ la akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ aƒeme yi aƒeme ƒe agbanɔamedzia.—Kor. I, 3:5.