INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/13 axa 4-6
  • Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ Ƒe Mɔnu Yeye Si Doa Dzidzɔ Na Ame
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ðe Gbeƒã Nyanyuia Le Afisiafi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Ðaseɖiɖi Nyuie le Afisi Amewo Sɔa Gbɔ Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Mɔ Siwo Dzi Míetona Ðea Gbeƒã Nya Nyuia
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 7/13 axa 4-6

Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Yeyewo

1. Kpɔɖeŋu kae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo?

1 Menye tso aƒe me yi aƒe me dɔa koe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ o. Woɖi ɖase le dutoƒo hã. (Dɔw. 20:20) Le kpɔɖeŋu me, woyi ɖe gbedoxɔa me, afi si wonya be woate ŋu akpɔ ame geɖe le. (Dɔw. 5:42) Esi apostolo Paulo nɔ Atene la, eɖi ɖase na ame siwo wòkpɔ le asi me la gbe sia gbe. (Dɔw. 17:17) Egbea, mɔnu vevitɔ si míezãna tsɔ kakaa nya nyuia ye nye tso aƒe me yi aƒe me. Ke hã míeyina ɖaɖia ɖase na amewo le ʋuɖoƒewo, asitsaƒewo, modzakaɖebɔwo me, ablɔwo dzi kple teƒe bubu siwo míate ŋu akpɔ amewo le ko. Wodea dzi ƒo na mí katã be míawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ale si míate ŋui. Fifia mɔnukpɔkpɔ asu gbeƒãɖela geɖe si be woakpɔ gome le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe mɔnu yeye eve aɖewo me.

2. Dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeye ka gɔmee wodze le November 2011 me?

2 Dugã Me Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Ðoɖo Tɔxɛ: Abe ale si wogblɔe le ƒe 2013 Ƒegbalẽa ƒe axa 16 kple 17 ene la, wodze dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeye aɖe dodo kpɔ gɔme le New York City, le November 2011 me. Woda kplɔ̃ kple kekevi siwo dzi woɖo míaƒe agbalẽ siwo le gbe vovovowo me ɖo la ɖe dugã la ƒe nuto aɖewo me, afi si ame gbogbowo tona. Gbe sia gbe la, ame akpe geɖe, siwo dometɔ aɖewo le aƒe siwo ŋu wodzɔna vevie me, kple ame siwo míetuna le aƒe me o la zɔa afɔ toa afi ma va yina. Enye dzidzɔ be nu nyui geɖe do tso dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛ sia me. Nyitsɔ laa la, wona magazine 3,797 kple agbalẽ 7,986 le ɣleti ɖeka pɛ ko me. Ame siwo toa teƒe mawo dometɔ geɖe bia be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo. Esi taɖodzinua koŋ ye nye be woadze Biblia nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme ta la, woxɔ ɖetsɔlemetɔwo ƒe adrɛs heɖoe ɖe hame siwo sɔ me be woayi aɖatu woƒe ɖetsɔlemea ɖo.

3. Aleke wole dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo yeyea kekem ɖe enui?

3 Esi dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛ sia si wodo kpɔ la kpɔ dzidzedze ta la, fifia wole ekekem ɖe enu be míawɔe le xexea me godoo, le dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo ŋutɔ me. Alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ɖe sia ɖe me ye atia dugã siwo me ɖoɖo sia asɔ le. Zi geɖe la, woanye dugã siwo me ʋudzeƒe gãwo le, alo esiwo me dɔwɔƒe gã geɖewo le, si nana be mɔtozɔlawo sɔa gbɔ ŋutɔ le teƒe mawo. Ne alɔdzedɔwɔƒea tia teƒeawo vɔ la, woana hame siwo akpɔ gome le dɔ sia me la nanya eye woana mɔfiame bubu siwo hiã la wo. Zi geɖe la, gbesiagbe mɔɖelawo kple mɔɖela veviwoe woazã, gake le teƒe aɖewo la, woate ŋu azã kpekpeɖeŋu mɔɖelawo hã.

4. Aleke wowɔa dugã me dutoƒoɖaseɖiɖidɔ tɔxɛ lae?

4 Ale Si Wowɔa Ðaseɖiɖidɔ Siae: Nɔvi siwo kpɔa gome le dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛa me la tsia tsitre ɖe kplɔ̃ alo kekevi si dzi woɖo míaƒe agbalẽwo ɖo la ŋu. Ne ame aɖe te ɖe wo ŋu la, wonana wòtiaa agbalẽ si do dzidzɔ nɛ. Mɔɖelaawo ɖoa biabia siwo le ameawo si la ŋu na wo tso Ŋɔŋlɔawo me. Ne ame aɖe tsɔ agbalẽ aɖe la, mɔɖelaawo meƒoa nu tso nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa ŋu nɛ o. Gake ne amea ŋutɔ bia nya tso ale si míekpɔa ga tsɔ wɔa míaƒe dɔae ŋu la, woɖea eme nɛ be ate ŋu adzɔ ga faa aɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒea to adrɛs si le agbalẽa me dzi. Ne asɔ la, mɔɖelaawo biana be: “Àdi be ame aɖe nava gbɔwò le aƒe me miadzro nu mea?” alo “Ènya be tsɔ kpe ɖe agbalẽa ŋu la, míesrɔ̃a Biblia kple amewo femaxeea?”

5. Aleke ɖaseɖiɖimɔnu yeye sia le vi ɖem na atsu kple asi aɖe siwo le gome kpɔm le eme?

5 Nɔvi siwo le gome kpɔm le dɔ sia me la le dzidzɔ geɖe kpɔm. Atsu kple asi aɖe gblɔ be: “Ne míetsi tsitre ɖe kplɔ̃a ŋu hele ame akpe geɖe siwo le yiyim le gbɔgbɔm kpɔm la, dɔ gã si gbegbe wɔm míele be míaɖo amewo katã gbɔ le xexea me la gadoa dzidzɔ na mí geɖe wu. Ne míebu ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame gbogbo siawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu la, enana míegaɖonɛ kplikpaa wu be míayi edzi atsɔ gbeƒãɖeɖedɔa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Míekpɔnɛ le susu me be Yehowa le ame siwo katã le kplɔ̃a ŋu tom la ƒe dzi me dzrom hele ame siwo dze la dim. Esia na míesena le mía ɖokui me be mawudɔla siwo nye míaƒe hadɔwɔlawo le mía ŋu kplikplikpli.”

6. (a) Dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo bubu ka wɔm wole le hame geɖe me, eye aleke esia to vovo tso dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛa gbɔe? (b) Aleke hamewo ate ŋu awɔ nu aduadu le dutoƒoɖaseɖiɖidɔ sia me?

6 Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Ðoɖo Si Miate Ŋu Awɔ Le Mia Gbɔ: Tsɔ kpe ɖe dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛa ŋu la, hamemetsitsiwo ƒe ha geɖewo le ɖoɖo wɔm ɖe dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeye aɖe ŋu le woƒe anyigbamama me. Le esia me la, gbeƒãɖelawo ɖoa agbalẽwo ɖe kplɔ̃ alo kekevi dzi le teƒe siwo ame gbogbowo tona le woƒe hamea ƒe anyigbamama me. Ðoɖo sia to vovo na dugã me dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe ɖoɖo tɔxɛ si me wozãa gbeƒãɖela siwo tso hame geɖewo me be woaɖe gbeƒã le dugã la ƒe teƒe siwo ame gbogbowo tona, si alɔdzedɔwɔƒea ŋutɔ tia la.—Kpɔ aɖaka si nye “Nuwɔwɔ Aduadu Hiã.”

7. Le teƒe siwo wòanya wɔ le la, alekee hamemetsitsiwo awɔ ɖoɖo ɖe dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeyea ŋu le woƒe anyigbamama me?

7 Hamemetsitsiwo akpɔe ɖa be teƒe aɖewo le woƒe hamea ƒe anyigbamama me siwo ame gbogbowo tona, afi si wòasɔ be woawɔ ɖoɖo ɖe dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu sia ŋu le mahã. Teƒe siwo woate ŋu ada kplɔ̃ alo kekevi siawo ɖoe nye ʋudzeƒewo, modzakaɖebɔwo, mɔdodo siwo dzi ame gbogbowo tona, fiase gãgãwo, yunivɛsiti sukukpowo dzi, yameʋudzeƒewo, kple teƒe siwo woɖua dukɔa ƒe azãwo le. Asɔ wu ne woda kplɔ̃ siawo ɖe teƒe mawo ke, le ŋkeke mawo ke dzi, le gaƒoƒo mawo ke me. Wokpɔe be eɖea vi wu ne woda kplɔ̃awo ɖe teƒe siwo fiase gãgãwo sɔ gbɔ ɖo, tsɔ wu be woada wo ɖe teƒe si fiase gã ɖeka aɖe ko le, elabena nane koŋ ƒeƒle tae amewo yia fiase ɖeka aɖe koŋ me ɖo. Le teƒe aɖewo abe afɔtoƒe siwo woɖe ɖe mɔ gãwo to, siwo ame gbogbowo tona ene la, anyo wu be míazã kekevi suewo. Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpakple Biblia ƒe Nufiafia gbalẽa ƒe ŋgɔgbekpa gã tɔxɛwo ƒe kɔpiwo le míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea. Wotrɔ asi le wo ŋu be woata wo atsɔ ado boblo agbalẽawo le dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu sia me. Nɔvi siwo akpɔ gome le eme la awɔ dɔa abe ale si ko nɔvi siwo le dugã me dutoƒoɖaseɖiɖidɔ tɔxɛa wɔm la wɔnɛ ene, eye ele be woawɔ ɖe subɔsubɔdɔdzikpɔlaa ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. Ne woxɔ ɖetsɔlemetɔ aɖe si mele woƒe anyigbamama me o ƒe adrɛs la, ele be woakpe Taflatsɛ Mitrɔ Yi Wo Gbɔ (S-43) gbalẽvia ɖo enumake eye woatsɔe ana hamea ƒe agbalẽŋlɔla.

8. Ne dutoƒoɖaseɖiɖi ƒe mɔnu yeye eveawo masɔ le mia gbɔ o la, ke dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa bubu kawo mee nàte ŋu ayi edzi akpɔ gome le?

8 Kpɔ Gome Le Dutoƒoɖaseɖiɖi Ƒe Mɔnu Bubuawo Me: Le hame aɖewo ƒe anyigbamama me la, teƒe aɖeke manɔ anyi si ame gbogbowo tona si ta woada kplɔ̃ alo kekevi siwo dzi woɖo agbalẽwo ɖo la ɖi o. Ke hã le hame mawo me la, wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woayi edzi akpɔ gome le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ƒe akpa bubu siwo wɔm míele xoxo la me le woƒe anyigbamama me. Ðe fiasewo, asitsaƒewo alo dɔwɔƒewo le wò anyigbamama mea? Ðe modzakaɖebɔ alo teƒe bubu aɖe li si amewo ƒoa ƒu ɖoa? Ðe wowɔa hadomewɔna aɖe enuenu le mia gbɔa? Ekema àte ŋu awɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa le teƒe mawo.

9. Nu ka tae wòle be míado vevie nu aɖe gbeƒã na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le?

9 Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:4) Eya ta míedzea agbagba ɖe sia ɖe be míagblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na ame geɖe ale si nu míate ŋui hafi nuwuwua naɖo. (Mat. 24:14) Le teƒe geɖe la, esesẽna be míakpɔ amewo le aƒe me. Ke hã míate ŋu aɖe gbeƒã na wo ne míedo go wo le teƒe bubuwo. Dutoƒoɖaseɖiɖidɔa dzi koe ame aɖewo ato ase nya nyuia. Eya ta mina míado vevie nu aɖi ɖase na amewo le afi sia afi si míakpɔ wo le, ale be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔ la bliboe.—2 Tim. 4:5.

[Aɖaka si le axa 5]

Nuwɔwɔ Aduadu Hiã

Woka nya ta be ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖela siwo tso hame vovovo siwo le nuto ɖeka me la wɔa dutoƒoɖaseɖiɖidɔa le ablɔ, ʋutɔɖoƒe, ʋudzeƒe, alo asitsaƒe ɖeka ma ke le ŋkeke ma ke dzi. Gbeƒãɖela siwo tso hame vovovo me gblẽa magazinewo ɖe amedzroxɔƒewo alo afi si amewo lalana le, eye woɖea gbeƒã na ame siwo le dɔwɔƒe ɖeka ma ke le ŋkeke ma ke dzi. Esia nana dɔwɔlawo kple nutoa me tɔwo doa dziku ɣeaɖewoɣi, ne menye ɣeyiɣi ɖeka mee gbeƒãɖelaawo va afi ma o gɔ̃ hã. Eya ta anyo wu be míawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa le anyigbamama si wode asi na hamea be wòawɔ dɔ le eme la ko me.

Ne gbeƒãɖelawo di be yewoawɔ dutoƒoɖaseɖiɖidɔa le hame bubu si le woƒe nutoa me ƒe anyigbamama me la, ele be woabia woƒe subɔsubɔdɔdzikpɔla. Eya hã akpɔ hame kemɛa ƒe subɔsubɔdɔdzikpɔla axɔ mɔɖeɖe hafi ana gbeƒãɖelaawo nayi. Le teƒe siwo hame siwo doa gbe vovovowo wɔa dɔ le anyigbamama ɖeka ma ke me la, ele be subɔsubɔdɔdzikpɔlawo nade adaŋu kple wo nɔewo awɔ ɖoɖo siwo sɔ ale be gbeƒãɖelawo naganɔ fu ɖem na anyigbamamaa me tɔwo o. Nuwɔwɔ aduadu alea ana “nuwo katã nanɔ ɖoɖo nu ale si dze.”—1 Kor. 14:40.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe