Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ Ƒe Mɔnu Yeye Si Doa Dzidzɔ Na Ame
1. Nu kae wode dzi ƒo na hame siwo ƒe anyigbamama me teƒewo li ame geɖe tona la be woawɔ?
1 Le hame siwo me teƒe aɖewo li koŋ ame geɖe tona gome la, wode dzi ƒo na wo be woawɔ kplɔ̃wo kple kekeviwo ŋu dɔ le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me. Ne kekevi ye woazã la, gbeƒãɖela ɖeka ya teti nanɔ anyi alo atsi tsitre ɖe egbɔ. Gake ne kplɔ̃e la, ke gbeƒãɖela eve nanɔ eŋu. Ele be ame siwo le dɔa wɔm la nado vivi ɖe ame ŋu, woawɔ nu ɖe ame ŋu xɔlɔ̃tɔe eye woakɔ mo ɖe amewo ŋu. Ne ame aɖe te va agbalẽawo gbɔ la, gbeƒãɖelaawo dometɔ ɖeka ate ŋu adze dzeɖoɖo gɔme kplii ale, “Èbu nu si Biblia gblɔ tso nya ma ŋu la ŋu kpɔa?” Gbeƒãɖela ɖeka alo eve bubu ate ŋu anɔ afi si tsɔ agbalẽawo gbɔ ahanɔ vomeɖase ɖim na amewo.
2. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ si ɖee fia be dutoƒoɖaseɖiɖi si me míeɖoa agbalẽwo ɖe kplɔ̃ alo keke dzi la ɖea vi.
2 Ðaseɖimɔnu sia na woɖo Biblia nusɔsrɔ̃ anyi kple ame geɖe. Le kpɔɖeŋu me, kɔledzivi aɖe tiae be yeaku nu me aŋlɔ nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu, gake mete ŋu ke ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖeke ŋu o. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, ekpɔ woɖo míaƒe agbalẽwo ɖe kplɔ̃ dzi le sukukpoa dzi. Woɖo Biblia nusɔsrɔ̃ anyi kple sukuvi sia. Fifia ezu gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ eye eya ŋutɔ hã le gome kpɔm le ɖaseɖimɔnu sia me.
3. Nya kae gbeƒãɖela aɖewo gblɔ tso ɖaseɖimɔnu sia ŋu?
3 Nɔvinyɔnu aɖe si kpɔ gome le ɖaseɖimɔnu sia me la gblɔ be: “Ame aɖewo tɔna ɖe agbalẽawo gbɔ be yewoaxɔ magazine yeyewo. Ame aɖewo hã mese Yehowa Ðasefowo ŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o. Mekpɔe be mɔnu sia wɔnɛ be nyaa ɖoa ame geɖe gbɔ.” Nɔvinyɔnu bubu gblɔ be, “Esia nye ɖaseɖimɔnu yeye si doa dzidzɔ na ame, elabena ameawoe ava gbɔwò, eye ne mede ɖeke o la, wodina be yewoanya nu si wɔm míele ya teti.”
4. Nu ka tae wònyo be míaɖo agbalẽawo ɖe teƒe aɖewo koŋ le ɣeyiɣi aɖewo koŋ dzi le kwasiɖaa me?
4 Eɖea vi nenye be míeɖoa agbalẽawo ɖe teƒe aɖewo koŋ, le ŋkeke aɖewo koŋ dzi kple ɣeyiɣi aɖewo koŋ dzi le kwasiɖaa me. Esia nana amewo dzea ŋku ɖe mía ŋu, si wɔnɛ be wote ŋu ɖea dzi ɖi tena ɖe mía ŋu be yewoabia nya alo axɔ agbalẽ. Ðe wowɔ ɖoɖo ɖe dutoƒoɖaseɖiɖidɔa ŋu le miaƒe hamea mea? Ne nenemae la, àte nu akpɔ gome le ɖaseɖimɔnu tseku sia si doa dzidzɔ na ame la me atsɔ aɖe “gbeƒã Mawu fiaɖuƒe la.”—Luka 9:60.