Ŋɔŋlɔ Sia Ŋɔŋlɔ Nyo na Nufiafia
1 Susu vovovo geɖe le amewo si le Biblia ƒe asixɔxɔ ŋu. Gake míeka ɖe edzi be ameƒomea ƒe kuxi ɖefunamewo ƒe ŋuɖoɖowo kple mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋuti mɔfiame siwo ŋu kakaɖedzi le la le eme. (Lod. 3:5, 6) Nunya si le eƒe aɖaŋuɖoɖo me tɔgbe meli o. Agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu aɖeke mede esi wòfiana nu o. Eme gbedasiwo sẽa ŋu eye ‘wòte ŋu nyaa tamesusuwo kple dzimedidiwo.’ (Heb. 4:12) Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔe be ehiã be woaɖe agbalẽ sia le agbalẽti me ahadzro eme nyuie? Ðewohĩ àdi be yeazã aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna ƒe ɖewo kpɔ ne èle New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? nam le November me.
2 Esi ame geɖe tsia dzi ɖe alesi woakpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔe ŋu ta la, ɖewohĩ woadi be yewoase nya sia:
◼ “Ame geɖe siwo meɖoa dze kple le ŋkeke siawo me tsi dzi ɖe alesi woawɔ akpɔ woƒe ganyawo gbɔe ŋu. Ame geɖe nyrɔ̃ wo ɖokui ɖe ŋutilãmenuwo didi me vĩ, eye esia na nu tena ɖe wo dzi. Afikae nye teƒe nyuitɔ si míatrɔ ɖo axɔ aɖaŋuɖoɖo le nya siawo ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Mekpɔe be Biblia ɖo aɖaŋu nyui siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na kuxi siwo mehiã hafi o la. Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka.” Ʋu agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe axa 163 eye nàxlẽ Timoteo I, 6:9, 10 si woŋlɔ ɖe memamã 3 lia me. Gagblɔ nya aɖewo tso memamã 4 lia me eye nàtsɔ agbalẽa nɛ.
3 Aɖaŋuɖoɖo bubu enye si ɖewohĩ nàdi be yeazã:
◼ “Ɣesiaɣi si míexlẽ nyadzɔdzɔgbalẽ alo se nyadzɔdzɔwo la, míesea nu tso kuxi sesẽ bubu aɖe ŋu si na míetsia dzi vevie. [Ƒo nu tso nudzɔdzɔ ɖefuname aɖe si wogblɔ le nyadzɔdzɔwo me eteƒe medidi o ŋu.] Aleke míawɔ anɔ te ɖe kuxi siawo tɔgbe nu? [Na wòaɖo eŋu.] Le ƒe 1983 ke me la, [Ronald Reagan] si nye United States ƒe dukplɔla ɣemaɣi gblɔ be Biblia mee nya nyuitɔ si woŋlɔ kpɔ la le eye be ‘kuxi siwo katã va amegbetɔ dzi kpɔ gbɔ kpɔnuwo katã le eme.’ Nya si wògblɔ na meɖoa ŋku nya si Biblia ŋutɔ gblɔ dzi. [Xlẽ Timoteo II, 3:16, 17.] Na mafia nusita míate ŋu aka ɖe Biblia dzi la wò.” Gblɔ nya vevi aɖewo tso trakt si nye Nusita Nate ŋu Aka ɖe Biblia Dzi me. Gblɔ nɛ be yeagatrɔ ava emegbe be yewoadzro alesi wòɖe dzesii be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam le fifi xexemenudzɔdzɔwo mee la me.
4 Ne amesiwo mele subɔsubɔha aɖeke me o sɔ gbɔ ɖe wò anyigbamamã me la, àdi be yeate mɔnu sia kpɔ:
◼ “Ame geɖe le nuto sia me bua agbalẽ kɔkɔe aɖewo be wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu eye be glitotowo ko wonye. Wokpɔe be wowɔ nu gbegblẽ geɖe le subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ me ale gbegbe be womeka ɖe Biblia gɔ̃ hã dzi o. Le nyateƒe me la, ame geɖe wu va le eŋu bum ne Mawu ƒe Nyae Biblia nye loo alo amegbetɔ tɔe. Aleke nèsusu?” Na wòaɖo eŋu. Le alesi aƒemenɔla la xɔ nyaa nui la, ʋu agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe akpa si dzro aƒemenɔla la ƒe tsitretsiɖeŋunya alo nukpɔsusu me la eye nàdzro nya vevi ɖeka alo eve me kplii. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ adzɔ be nàzã memamã 27-9 si dze egɔme tso axa 66 le tanya sue si nye “Yesu—Ame Ŋutɔŋutɔe Wònye” la te.
5 Míaƒe Nufiala Gãtɔ kpɔ egbɔ be sidzedze eƒe lɔlɔ̃nu li amesiwo katã di be yewoasrɔ̃e la nakpɔ. Kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woanya Biblia ƒe asixɔxɔ ŋutɔŋutɔe nye nu nyuitɔ siwo míate ŋu awɔ akpe ɖe wo ŋu dometɔ ɖeka; ate ŋu aɖe woƒe agbe.—Lod. 1:32, 33.