Biblia—Mawu ƒe Mɔfianu na Amewo Katã
1 Wobu akɔnta be wota Biblia wòde biliɔn ene ɖe gbegbɔgblɔ 2,100 kple edzivɔ me, ale be Mawu ƒe Nya la le anyigbadzinɔlawo ƒe memamã 90 le alafa me si. Gake “Yehowa ƒe nyawo sese” ƒe dɔ to le xexeame. (Amos 8:11) Ame geɖe siwo si Biblia le la mexlẽnɛ loo alo sea emenyawo gɔme o. Aleke míawɔ ado ŋusẽ wo be woazã Biblia abe mɔfianu nyui ene le woƒe agbe me?
2 Le December me la, míana agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? kpakple Biblia gɔmeɖeɖe si kpe ɖe mía ŋu le ƒe 47 siwo va yi me—New World Translation la. Míate ŋu awɔ nusia to alesi míaɖe alesi woŋlɔe ɖe egbegbe gbegbɔgblɔ nu la afia. (Kpɔ “All Scripture” ƒe agbalẽa, axa 328, memamã 6.) Míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto si le mía me ɖe nunana sia si tso Yehowa gbɔ ŋu afia ne míetsɔ dzonɔameme kpe ɖe amewo ŋu wose egɔme be Biblia nye Mawu ƒe mɔfianu na amewo katã.
3 Àte ŋu azã trakt si nye “Nusita Nate ŋu Aka ɖe Biblia Dzi” atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee. Àte ŋu agblɔ be:
◼ “Togbɔ be Biblia le xexeamenɔla 90 le alafa me si hã la, ame ʋee aɖewo koe xlẽnɛ edziedzi. Nukae nèsusu be eya gbɔe wòtso?” Xlẽ trakt la ƒe memamã eve gbãtɔawo kpakple Timoteo II, 3:16. Tsɔ New World Translation kple God’s Word ƒe agbalẽa nɛ. Ne aƒemenɔla la mexɔe o la, na wòaxlẽ trakt la ƒe akpa susɔe le eɖokui si. He susu yi tanya sue mamlɛtɔa dzi si nye, “Etsɔ Me Gbɔgblɔɖi.”
4 Ne ètrɔ yi amesiwo nèna trakt si nye “Nusita Nate ŋu Aka ɖe Biblia Dzi” gbɔ la, àte ŋu ate mɔnu sia akpɔ:
◼ Ne ègaɖe ɖokuiwò fia vɔ la, xlẽ trakt la ƒe memamã mamlɛtɔ eveawo. Bia aƒemenɔla la nenye be ebu agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi ŋu kpɔ hã. Ne wòɖo eŋu vɔ la, gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be nyagblɔɖi siwo katã le Biblia me la ava eme, eye esiwo gblɔ etsɔme wɔnuku aɖe ɖi na amesiwo katã wɔna ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi hã ava eme.” Tsɔ nɔnɔmetata si le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la ƒe axa 13 fiae, trɔ yi nusɔsrɔ̃ 5 lia dzi, eye gblɔ nɛ be yewoadzro biabiaawo ƒe ŋuɖoɖowo me, ale nàdze nusɔsrɔ̃ gɔmee.
5 Le anyigbamamã si me amewo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me la, àte ŋu agblɔ nya sia ne èyi zi gbãtɔ:
◼ “Míele dzi dem ƒo na amewo be woade bubu Biblia ŋu geɖe wu. Biblia le ƒome geɖewo si, gake ne nya sesẽ aɖe tu wo la, ƒã hafi wokpɔa eme. Ède dzesii nenema? [Na wòaɖo eŋu.] Ðewohĩ esi wosusu be Biblia zu tsigãdzinu tae. Agbalẽ sia si nye The Bible—God’s Word or Man’s?, na kpeɖodzi si me kɔ be Biblia gblɔ nya wòsɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu pɛpɛpɛ eye be egbe kuxi sesẽwo gbɔ kpɔnu nyuiwo le eme.” He susu yi nya vevi ʋee aɖewo siwo le agbalẽa ƒe ta 8 alo ta 12 lia me dzi, eye nàtsɔe anae.
6 Ne ètrɔ yi afisi nèna “God’s Word” ƒe agbalẽa le la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, míeɖo dze tso alesi Biblia kpena ɖe mía ŋu míekpɔa egbe kuxi sesẽwo gbɔe ŋu. Ekpe ɖe amesiwo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae wònye la hã ŋu be dzidzɔ kple dzidzeme geɖe va le woƒe agbe me wu. Medi be mafia wò Biblia me gɔmeɖose ɖeka si wɔa dɔ si me woɖe le agbalẽ si metsɔ na wò la me.” Dzro Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo le ta 12 lia, memamã 3-6 la dometɔ ɖeka me, eye nàxlẽ memamã 7 tsɔ wu enui. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, gblɔ be yewoasrɔ̃ Sidzedze-gbalẽa loo alo Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la.
7 Ðewohĩ dzeɖonya si gbɔna la adzɔ dzi na ame tsitsiwo:
◼ “Ɣeaɖeɣi va yi la, woxlẽa Biblia le aƒe ɖesiaɖe kloe me eye ƒomewo nɔa agbe ɖe eƒe gɔmeɖosewo nu. Nenemae wònɔ le miaƒe ƒomea mea? [Na wòaɖo eŋu.] Egbea, edze abe ame geɖe mevo kura ɖe Biblia xexlẽ ŋu o alo wosusu be eƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti gɔmeɖosewo zu tsigãdzinu ene. Agbalẽ sia si nye The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe ta 13 lia gblɔ agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔ etɔ̃ tso amesiwo ƒe agbenɔnɔ va nyo ɖe edzi esi wosrɔ̃ Biblia vɔ megbe la ŋu. Ne àdi be yeaxlẽ alesi Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ kpe ɖe wo ŋui la, anye dzidzɔ nam be matsɔ agbalẽ sia kple egbegbe Eŋlisigbe me Biblia ana wò.”
8 Ne ètrɔ yi la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Esi míeɖo dze va yi la, míelɔ̃ ɖe edzi be amesiwo li egbea megabua Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo ɖe naneke me o. Ðe wòle be nuŋumabumabu ma naka mía? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu Kristo de asixɔxɔ gã aɖe Biblia me sidzedze xɔxɔ ŋu.” Xlẽ Yohanes 17:3. Azɔ gblɔ Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 1, memamã 5 lia me nyawo nɛ. Ðe míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me nɛ, eye gblɔ nɛ be yeawɔe afiae.
9 Do gbe ɖa be Yehowa nayra agbagba siwo katã nàdze be yeatrɔ amewo ƒe susu ɖe Biblia—Mawu ƒe mɔfianu na amewo katã la ŋu.