Dzrae Ðo
Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi
Alesi Woazã Emedegbalẽvi Siae
Dzeɖonya siwo gbɔna la dometɔ akpa gãtɔ dze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo do va yi me. Te kpɔ nàzã wo dometɔ geɖe alesinu nàte ŋui le wò ɖaseɖiɖidɔa me ne nàkpɔ nusiwo ado tso eme ɖa. Dzra emedegbalẽvi sia ɖo, eye nàgato eme ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu.
Àte ŋu anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu ne èyi nyaa gbɔ tẽ. Bia nya aɖe, eye nàxlẽ ŋuɖoɖo kpui si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la nɛ. Àte ŋu ate aɖaŋuɖoɖo siawo zazã kpɔ:
“Ne èle etsɔme ŋu bum la, ɖe dzi ɖoa ƒowò alo dzi ɖena le ƒowòa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia la gblɔ nudzɔdzɔ manyatalenu siwo teƒe kpɔm míele egbea kple emetsonuwo ɖi.”—Tim. II, 3:1, 2, 5; Lod. 2:21, 22.
“Lãmesẽ me nɔnɔ va zu nusi me míetsɔa ɖe le vevie egbea. Ènya be Mawu do ŋugbe be yeaɖe lãmesẽkuxiwo katã ɖa tegbeea?”—Yes. 33:24; Nyaɖ. 21:3, 4.
“Ðe nènya be Biblia gblɔe ɖi be dziɖuɖu ɖeka koe ava ɖu xexeame katã dzi le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie mea?”—Dan. 2:44; Mat. 6:9, 10.
“Aleke nèbu be nɔnɔmewo anɔ ne Yesu Kristoe le xexeame dzi ɖum?”—Ps. 72:7, 8.
“Wodea mama amewo me le ameƒomevi si wonye, subɔsubɔha si me wole, alo teƒe si wotso ta. Aleke nèbuna be Mawu sena le eɖokui me le nazãbubu ɖe amewo ŋu alea ŋu?”—Dɔw. 10:34, 35.
“Míenyae be Yesu Kristo wɔ nukunu geɖe le eƒe ŋkekea me. Ne wòanya wɔ be nàbiae be wòagawɔ nukunu ɖeka la, nukae nàbia?”—Ps. 72:12-14, 16.
“Kuxi gbogbo siwo li ŋu nya sese va ti amewo. Wodi be yewoase alesi woakpɔ wo gbɔe. Gake afikae míate ŋu akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ le?”—Tim. II, 3:16, 17.
“Ènya nu tso Fiaɖuƒe si nèdoa gbe ɖa biana le Aƒetɔ (alo, Mía Fofo) ƒe Gbedodoɖa me ŋua?”—Nyaɖ. 11:15.
Dzeɖonya Gɔmedzenyawo
Biabia siwo gbɔna siwo woɖe tso Reasoning-gbalẽa me nyatiwo me la fia eƒe axa si woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo dometɔ ɖesiaɖe le:
Nukatae míetsina kua amegã hekuna? (98)
Nɔnɔme ka mee ame kukuwo le? (100)
Ðe susu nyuiwo li si ta wòle be míaxɔ Mawu dzi asea? (145)
Ðe Mawu nye amesi li ŋutɔŋutɔa? (147)
Ðe Mawu tsɔa ɖe le nusiwo dzɔna ɖe mí amegbetɔwo dzi me ŋutɔŋutɔa? (147)
Ame nyuiwo katã ayi dziƒoa? (162)
Ðe wòle be woayi dziƒo hafi akpɔ etsɔme si me dzidzɔ le ŋutɔŋutɔa? (163)
Nukata wòle vevie be míanya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ eye míazãe? (196)
Mawue Yesu Kristo nye nyateƒea? (212)
Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe vɛ? (227)
Tameɖoɖo kae le amegbetɔwo ƒe agbe ŋu? (243)
Nukae ana srɔ̃ɖeɖe me nanyo wu? (253)
Ðe subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋua? (322)
Aleke míawɔ anya subɔsubɔha si nye vavãtɔ? (328)
Ŋusẽ ka gbegbe Satana kpɔ ɖe xexeame dzi egbea? (364)
Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? (393)
Nukata vɔ̃ɖinyenye bɔ alea gbegbe ɖo? (427)
Amekae le xexe sia dzi ɖum—Mawue alo Satanae? (436)
Nya Siwo Míagblɔ Atsɔ Ana Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza Lae
“Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be ame geɖe xɔ Mawu dzi se. Amesiwo katã xɔ edzi se alɔ̃ ɖe edzi be Mawu di nane tso mía si. Ne wobia amewo be, Nukae Mawu di tso mía si? la, woƒe ŋuɖoɖowo nɔa vovovo.” Azɔ tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae, ʋu nusɔsrɔ̃ 1, eye nàdzro eme.
“Esi ƒomegbenɔnɔ me kuxiwo le agbɔ sɔm ɖe edzi egbea alea la, ɖe nède ŋugble le afisi ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ atso ŋu kpɔa?” Ne eɖo eŋu vɔ la, ɖe eme be Mawu ɖe nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ atso ava la ɖe go le Biblia me. Xlẽ Yesaya 48:17. Eyome trɔ ɖe nusɔsrɔ̃ 8 lia ŋu le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me, he eƒe susu yi mawunyakpukpui siwo woyɔ dometɔ aɖewo siwo naa ƒomea me tɔ ɖesiaɖe mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le la dzi. Xlẽ biabia siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Bia amea ne alɔ̃ be yeaxlẽ ŋuɖoɖoawo hã.
“Nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo deto si ku ɖe Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo ŋue le agbalẽ gbadza sia me. Le eƒe axa ɖesiaɖe la, àkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ɖe fu na amewo ƒe alafa geɖe. Le kpɔɖeŋu me, ‘Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?’” Ʋu nusɔsrɔ̃ 5 lia, eye nàxlẽ biabia siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Bia aƒemenɔla ne wòafia esi dze eŋu wu, eye nàxlẽ eƒe memama(wo), kple eme mawunyakpukpui siwo sɔ. Ðe eme be ate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo dodzidzɔname na biabia bubuawo bɔbɔe abe esia ke ene. Gblɔ nɛ be yeagatrɔ va ake ava dzro biabia bubu me kplii.
“Nuka gbɔe nèbu be ʋunyaʋunyawɔwɔ siwo katã yia edzi le sukuwo la tso? Dzilawo gbɔe wòtso be womele hehe nam wo viwo oa? Alo ɖe wòtso nu bubu, abe Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ene, gbɔa?” Na wòaɖo eŋu. Ne amea gblɔ be etso Abosam ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔ la, ekema xlẽ Nyaɖeɖefia 12:9, 12. Te gbe ɖe Abosam ƒe wɔƒe le tɔtɔ hehe va xexeame dzii la dzi. Eyome ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 4 lia, eye nàbia amea nenye be ebu afisi Abosam tso ŋu kpɔ. Yi edzi nàxlẽ memama gbãtɔ eveawo nadzro wo me. Ne amea tia ‘dzilawo ƒe hehe manamana ɖeviwo’ be eya gbɔe ʋunyaʋunyawɔwɔ le sukuwo tso la, xlẽ Timoteo II, 3:1-3 nɛ, eye nàfia asi nɔnɔme siwo dze ƒã be woawo gbɔe kuxi siawo tso la ƒe ɖewo. Ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 8 lia, xlẽ memama 5 lia, eye nàyi numedzodzroa dzi.
“Ðe nèsusu be susu le eme be míakpɔ mɔ be Wɔla la ana mí nunya si míehiã be míatsɔ atu ƒomegbenɔnɔ si akpɔ dzidzedze ɖoa?” Ne eɖo eŋu vɔ la, ɖe Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ɖe go. Ʋu nusɔsrɔ̃ 8 lia eye nàɖe eme be Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ŋu dze le eme. Gblɔ be yedi be yeafiae alesi wòate ŋu azã agbalẽ gbadza sia atsɔ asrɔ̃ Biblia lae bene wòakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso eme.
“Le nɔnɔme sesẽ siwo katã míedoa goe le agbe me egbea ta la, ɖe nèbu be gbedodoɖa akpe ɖe mía ŋu ŋutɔŋutɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe gblɔna be gbedodoɖa naa ŋusẽ yewo le ememe. [Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.] Togbɔ be anɔ alea hã, amewo senɛ le wo ɖokui me be yewomele ŋuɖoɖo kpɔm na yewoƒe gbedodoɖawo o. [Ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 7 lia.] Agbalẽ gbadza sia ɖe alesi gbedodoɖa ate ŋu ahe viɖe gbogbowo vɛ na mí me.
“Míele dze ɖom kple míaƒe aƒelikawo le susu si ta subɔsubɔha vovovowo bɔ ɖe xexeame egbea ŋu. Evɔ ne èbu eŋu kpɔ la, Biblia ɖeka koe li. Le wò susu nu la, nukatae subɔsubɔha vovovowo li ɖo? [Na wòaɖo eŋu. Ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 13 lia, nàxle biabia siwo le eƒe gɔmedzedzea nɛ.] Àkpɔ ŋuɖoɖo dodzidzɔnamewo na biabia siawo le nusɔsrɔ̃ sia me.”
Ne èna Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ame aɖe vɔ la, biae ne alɔ̃ be yeaxlẽ memama kpui aɖe nɛ wòase hã. Ne eɖe mɔ be nàxlẽe la, ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia. He eƒe susu yi biabia siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze dzi, eye nàgblɔ nɛ be wòalé to ɖe biabia gbãtɔ ƒe ŋuɖoɖo ŋu esi nèle memama gbãtɔ xlẽm. Ne èxlẽ memamaa vɔ la, gabia biabia la nàɖe mɔ nɛ be wòaɖo eŋu. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ, eye ne exɔe la, wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ yi be miakpɔ ŋuɖoɖo na biabia eve siwo kplɔ ema ɖo.
Nya Siwo Míagblɔ Atsɔ Ana Sidzedze-gbalẽa
Lé Biblia ɖe asi nàdze dzeɖoɖoa gɔme ale: “Míele mawunyakpukpui aɖe me dzrom kple amesiame le nuto sia me egbea. Egblɔ be . . .” Xlẽ Yohanes 17:3, eye nàbiae be: “Ède dzesi nusi ƒe ŋugbe wodo na mí ne sidzedze nyuitɔ su mía sia? [Na wòaɖo eŋu.] Afikae míakpɔ sidzedze ma le?” Ne eɖo eŋu vɔ la, tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae, eye nàgblɔ be: “Agbalẽ sia ɖe sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me la fia. Ewɔ esia to biabia siwo amewo biana vevie ku ɖe Biblia ŋu la ƒe ŋuɖoɖowo nana me.” Tsɔ emenyawo fiae eye nàbiae nenye be ede ŋugble le nyati siawo dometɔ aɖe ŋu kpɔ.
“Ède ŋugble le eŋu nenye be Mawu tsɔa ɖe le madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe siwo ƒo xlã mí me, alo esiwo vaa mía ŋutɔwo dzi me ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia la na kakaɖedzi mí be Mawu lɔ̃ mí, eye be akpe ɖe mía ŋu le fukpekpewo me.” Xlẽ Psalmo 72:12-17 ƒe akpa aɖewo. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 8 lia, nàɖee fiae be ena biabia aɖe si ame miliɔn geɖe biana, be, Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo?, la ƒe ŋuɖoɖo si faa akɔ na ame. Ne mɔɖeɖe li la, dzro Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu aɖewo siwo me wodzro le memama 3 vaseɖe 5 lia me kplii, alo àte ŋu awɔe nenema ne ètrɔ yi ɣebubuɣi.
“Mía dometɔ akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na mí kpɔ. Èbu eŋu kpɔ nenye be míagakpɔ wo akea? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu ɖo kpe edzi be míaƒe lɔlɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ ɖeɖe tso ku si me. [Xlẽ Yohanes 11:11, 25, 44.] Togbɔ be esia dzɔ ƒe alafa geɖe enye esia hã la, eɖe nusi Mawu do ŋugbe be yeawɔ na mí la fia.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 85 lia, nàtsɔ nɔnɔmetata si le afima fiae, eye nàxlẽ numeɖenya si woŋlɔ ɖe eŋu la nɛ. Emegbe tsɔ nɔnɔmetata si le axa 86 lia fiae, eye nàɖe nusi wòfia me. Wɔ tɔtrɔyi ŋuti ɖoɖo da ɖi to biabia be: “Èdi be yeanya susu si ta amegbetɔwo tsina hekunaa?” Trɔ yi nava dzro ta 6 lia me kplii.
“Èbu susu si ta agbedidinɔnɔ dzroa amegbetɔwo vevie ŋu kpɔa?” Ne eɖo eŋu vɔ la, ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 6 lia, eye nàxlẽ memama 3 lia nɛ. Dzro mawunyakpukpui siwo woyɔ me kplii. He eƒe susu yi biabia eve siwo le memamaa ƒe nuwuwu dzi, eye nàbiae ne adi be yeakpɔ woƒe ŋuɖoɖowo. Ne elɔ̃ la, dzro memama ʋɛ siwo kplɔe ɖo me kplii.
“Míele amewo biam nenye be woxɔ nya sia dzi se be . . .” Xlẽ Mose I, 1:1, eye nàbia be: “Ðe nèlɔ̃ ɖe nya ma dzia?” Ne amea lɔ̃ la, ekema gblɔ be: “Nye hã melɔ̃ ɖe edzi. Gake, ɖe nèbu be ne Mawue wɔ nuwo katã la, ke eya ke gbɔe ŋutasesẽ hã tsoa?” Ne èse eƒe ŋuɖoɖowo vɔ la, xlẽ Nyagblɔla 7:29 nɛ. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 8 lia, eye nàxlẽ memama 2 lia nɛ. Ne melɔ̃ ɖe Mose I, 1:1 ƒe nyaa dzi o la, ɖo aɖaŋu nɛ be wòabu kpeɖodzi siwo li be Wɔla aɖe li la ŋu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 84-6.
“Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be alesi agbenyuinɔnɔ le to yim kabakaba egbea la wɔe be, míehiã mɔfiame si dzi míate ŋu aka ɖo oa? [Na wòaɖo eŋu.] Togbɔ be Bibliae nye agbalẽ xoxotɔ kekeake hã la, eɖo aɖaŋu le alesi míanɔ agbe egbea wòadze edzi kple alesi dzidzɔ anɔ ƒomegbenɔnɔ me ŋu.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 2 lia, nàxlẽ memama 10 lia, kple memama 11 lia ƒe nyagbe gbãtɔ, kpakple Timoteo II, 3:16, 17.
“Àdi be yeanya nusi etsɔme ahe vɛ na mí kple anyigba la? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia la tsɔ nyagbe ɖeka ɖɔ alesi etsɔme anɔ—Paradiso! Afimae Mawu tsɔ ame eve gbãtɔwo da ɖo esime wòwɔ wo. De dzesi alesi woɖɔ teƒeae le afisia.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 8 lia, eye nàxlẽ memama 9 lia le tanya si nye “Agbenɔnɔ le Paradiso Me” te. Eyome dzro nya vevi siwo le memama 10 lia me, nàxlẽ mawunyakpukpui si woyɔ, Yesaya 55:10, 11. Gblɔ be yedi be yeatrɔ ava ne miayi numedzodzroa dzi kple alesi agbenɔnɔ anɔ le paradiso si wogbugbɔ ɖo anyi me, le memama 11-16 me.
Ne ètrɔ yi amesiwo xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:
“Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, edzɔ dzi nam be mena Gbetakpɔxɔ magazine aɖe wò. Ðewohĩ ède dzesii be magazinea ƒe tanya bliboae nye, Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa ƒe Fiaɖuƒe. Egbea medi be maɖe nusi Fiaɖuƒe sia nye kple nusi wòate ŋu afia na mia kple wò ƒomeae la me na wò.” Ekema ʋu Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe nusɔsrɔ̃ 6 lia, xlẽe eye nàdzro eme le alesi amea ƒe ɣeyiɣi aɖe mɔe nu.
“Meva srã wò kpɔ nyitsɔ eye mena Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe tata aɖewo wò. Magazine siawo kpena ɖe amewo ŋu wodea asixɔxɔ Biblia kple eƒe agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiamewo ŋu geɖe wu. Esi mekpɔe be ele vevie be amesiame nase Mawu ƒe Nya la gɔme tae megatrɔ va be mafia nane si akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ esia la wò.” Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza alo Sidzedze-gbalẽa fiae, eye nàdo Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe egbɔ.
Ne èle axa 192-gbalẽ xoxoawo dometɔ ɖesiaɖe nam la, àte ŋu ate ɖaseɖinya sia kpɔ:
“Wotea gbe ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ deŋgɔ ƒe vevienyenye dzi ale gbegbe. Le wò nukpɔsusu nu la, agbalẽsɔsrɔ̃ ka ƒomevi mee wòle be ame naƒo eɖokui ɖo hafi wòate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzedze vavãtɔ kekeake le agbe me? [Na wòaɖo eŋu. Eyome xlẽ Lododowo 9:10, 11.] Wotu agbalẽ sia [yɔ agbalẽ si nam nèle ƒe ŋkɔ] me nyawo ɖe Biblia dzi. Efia asi sidzedze tsoƒe ɖeka kolia si ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee.” Tsɔ eƒe kpɔɖeŋu ɖeka fiae le agbalẽa me eye nàde dzi ƒo nɛ be wòaxlẽe.
Agbalẽ Bubuwo
Ðaseɖinya bubu siwo míate ŋu azã ne míele agbalẽ kple agbalẽ gbadza bubuwo nam la dze le Watch Tower Publications Index ƒe tanya siwo gbɔna te (le Eŋlisigbe me):
“Presentations”
“List by Publication”
Yi Nyaa Gbɔ Tẽ
Be nàte ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme la, te mɔnu siawo siwo le tẽ dometɔ ɖeka kpɔ:
“Ènya be le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me la, àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me biabia vevi aɖea? Le kpɔɖeŋu me, biabia si nye . . .” Ekema nàzã nyabiabia aɖe si dze le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la me nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖeka ƒe gɔmedzedze si nèkpɔ be anyɔ amea ƒe ɖetsɔleme.
“Meva be mafia míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ si míewɔna kple amewo femaxee la wò. Alesi míewɔnɛ ƒe kpɔɖeŋu axɔ abe aɖabaƒoƒo atɔ̃ ko ene. Àte ŋu anam aɖabaƒoƒo atɔ̃ koa?” Ne elɔ̃ la, tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza ƒe nusɔsrɔ̃ 1 wɔ nusɔsrɔ̃a ƒe wɔwɔfiae, xlẽ mawunyakpukpui tiatia ɖeka alo eve ko. Emegbe biae be: “Ɣekaɣie nàte ŋu akpɔ abe aɖabaƒoƒo 15 ene be míate ŋu ato nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me?”
“Biblia le ame geɖe si gake womenya be eɖo biabia vevi siwo ku ɖe mí katã míaƒe etsɔme ŋu la ŋu o. Ne míezã nusrɔ̃gbalẽ sia [Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze-gbalẽa] abe gaƒoƒo ɖeka ene kwasiɖa sia kwasiɖa la, Biblia me sidzedze veviwo asu asiwò le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me. Adzɔ dzi nam be mafia alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae la wò.”
“Meva be mawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wò femaxee. Ne àɖe mɔ nam la, madi be matsɔ aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo awɔ alesi amesiwo le dukɔ 200 kple edzivɔ me la dzroa Biblia me ɖekae kple woƒe ƒomewo le woƒe aƒeme la ƒe kpɔɖeŋu afia wò. Míate ŋu azã tanya siawo dometɔ ɖesiaɖe atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee. [Tsɔ Sidzedze-gbalẽa me nyawo fiae.] Wo dometɔ kae do dzidzɔ na wò wu?” Na wòatia esi wòlɔ̃. Ʋu ta si wòtia, eye miadze nusɔsrɔ̃a gɔme tso memama gbãtɔ.
“Mefiaa Biblia amewo femaxee eye mate ŋu agana nusrɔ̃vi bubuwo hã nakpɔ gome le ɖoɖoa me. Biblia-srɔ̃gbalẽ siae míezãna. [Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae.] Nusɔsrɔ̃a axɔ ɣleti ʋɛ aɖewo ko, eye aɖo biabia geɖe ŋu, abe: Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Nukata míetsina kua amegã hekuna? Nukae dzɔna ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku dzi? Aleke míawɔ ate ɖe Mawu ŋu? Mate ŋu awɔ nusɔsrɔ̃a ƒe kpɔɖeŋu afia wòa?”
Ne èkpɔ be ɖaseɖinya aɖe si ŋudɔ nèwɔna la nyɔa amewo ƒe ɖetsɔleme nyuie la, yi edzi nàzãe! Ðeko nàtrɔ asi le eŋu wòasɔ kple ɣletia ƒe agbalẽnunanaa.