Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
1 Yehowae nye amesiwo ɖea ɖetsɔleme vavãtɔ fiaa amewo ƒe kpɔɖeŋuɖola gãtɔ kekeake. Esi wònye Xexeame Katã ƒe Fiagã ta la, enya nusiwo hiã amegbetɔ siwo wòwɔ. (Pet. I, 5:7) Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woaɖe ye Fofo, amesi naa ɣe dzena eye tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa la ƒe nɔnɔmewo afia. (Mat. 5:45) Àte ŋu asrɔ̃ Yehowa to ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖefia amewo me—ne èdzra ɖo be yeagblɔ Fiaɖuƒegbedasia na amesiame si nàdo goe. Ne ènya agbalẽ gbadza siwo ŋudɔ míawɔ le subɔsubɔdɔa me le July me nyuie la, àte ŋu asu te nyuie akpe ɖe amewo ŋu le gbɔgbɔ me. Wogblɔ nya aɖewo le alesi nàte ŋu adzra ɖo ɖe yiyi zi gbãtɔ ŋu eye nàgatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ ɖe ɣeyiɣi dzi le aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna me.
2 Ne èle agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” nam la, ate ŋu agblɔ be:
◼ “Ðe nède ŋugble le nusita Mawu ɖe mɔ be amegbetɔwo nakpe fu ne etsɔa ɖe le eme na wo nyateƒe la ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Menye ɖeko agbalẽ gbadza sia ɖo nyabiase sia ŋu wòde edeƒe ko o, ke boŋ efia hã be Mawu do ŋugbe be yeava ɖe nugbegblẽ siwo katã amegbetɔ he va eɖokui kple eƒe aƒe si nye anyigba la dzii ɖa.” Xlẽ memamã 23 lia le axa 27. Tsɔ nɔnɔmetata si le ete la fiae, eye nàxlẽ Psalmo 145:16 le memamã 22 lia. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ. Ne eɖe ɖetsɔleme fia la, bia nya si ŋu nàte ŋu aɖo ne ègatrɔ yi, abe: “Ðe nàdi be yeanya alesi Mawu ana tame si wòɖo be yeayra ameƒomea eye be yeatrɔ anyigba la wòazu paradiso la nava emea?”
3 Ne ètrɔ yi amesiwo nèna agbalẽ gbadza si nye “Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?” gbɔ la, àte ŋu adze dzeɖoɖo bubu gɔme ale:
◼ “Esi meva gbɔwò nyitsɔ la, míeɖo dze be Mawu tsɔa ɖe le eme na mí vavã eye be eɖo tame be yeaɖe nugbegblẽ siwo katã amegbetɔ he va eɖokui kple eƒe aƒe si nye anyigba la dzii la ɖa.” Ʋu agbalẽ gbadza la ƒe nɔnɔmetata siwo le axa 2-3 eye nàgblɔ be: “Míebia nya sia tsɔ wu míaƒe dzeɖoɖoa nui be, Aleke Mawu ana tame si wòɖo be yeayra ameƒomea eye be yeatrɔ anyigba la wòazu paradiso la nava emee? Nukae nèsusu?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 17, eye nàxlẽ memamã 2 lia kple Daniel 2:44. Emegbe nàxlẽ memamã 12 lia le axa 18. Bia aƒemenɔla la ne alɔ̃ miadzro agbalẽ gbadza la ƒe akpa 9 lia me mahã. Ne alɔ̃ la, srɔ̃e kplii.
4 Dzeɖonya aɖee nye si nàte ŋu azã ne èle agbalẽ gbadza si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” nam. Tsɔ eƒe akpa fia eye nàgblɔ be:
◼ “Míele agbalẽ gbadza sia si fa akɔ na ame miliɔn geɖe siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku eye wòna mɔkpɔkpɔ wo la nam amewo egbea. Ède ŋugble le mɔkpɔkpɔ si li na ame kukuwo la ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ tsitretsitsi ƒe ŋugbe si Mawu do la eme kɔ ƒã.” Xlẽ Yohanes 5:28, 29. Ʋu agbalẽ gbadza la eye nàƒo nu le nya siwo wogblɔ le memamã mamlɛ si le axa 28 kple axa 31 ƒe memamã gbãtɔ ŋu. Tsɔ nɔnɔmetata siwo kpe ɖe wo ŋu la fiae. Tsɔ agbalẽ gbadza la nɛ. Àte ŋu aʋu mɔ ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu ne èbia be, “Aleke míawɔ aka ɖe edzi be woava ɖe ku ɖa keŋkeŋ mlɔeba?”
5 Àte ŋu azã dzeɖonya sia ne ètrɔ yi afisi nèna agbalẽ gbadza si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” le:
◼ “Esi míeɖo dze va yi la, míedzro tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ wɔnuku la me. Agbalẽ gbadza si metsɔ na wò la ɖe nusita míate ŋu aka ɖe edzi be woava ɖe ku ɖa keŋkeŋ mlɔeba la me. Ðe mèkpɔe be Mawu ƒe ŋugbedodowo faa akɔ eye wonaa kakaɖedzi ame oa?” Na wòaɖo eŋu. Azɔ̃ ʋu agbalẽ gbadza la ƒe axa 31, eye nàxle memamã evelia kple etɔ̃lia kpakple Nyaɖeɖefia 21:1-4. Ƒo nu le mɔkpɔkpɔ si le mía si be míanɔ agbe eye míaku akpɔ o la ŋu. Le ɖetsɔleme si wòaɖe afia kple alesi nɔnɔmewo anɔ le ɣeyiɣia me nu la, àte ŋu adoe ɖa be yewoawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ le Sidzedze-gbalẽa me alo nàbia nya bubu si aʋu mɔ ɖi be nàgatrɔ ayi.
6 Ne èle agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake ɖe Eŋu?” nam la, àte ŋu agblɔ nya siwo gbɔna:
◼ “Ame geɖe bu tame le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Wobia wo ɖokui be: ‘Nukata mele afisia ɖo? Afika meɖo tae? Aleke etsɔme anɔ nam?’ Afikae nèsusu be míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le? [Na wòaɖo eŋu.] Kpɔ nusi Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ Psalmo 36:10.] Ðe susu mele eme be míaƒo nya ta be Amegbetɔwɔlae dze nyuie wu aɖe nusita míele afisia ɖo me oa? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ gbadza sia ɖe tameɖoɖo wɔnuku si le Mawu si na mí la fia.” Ʋu axa 20-1, xlẽ nya si woŋlɔ kpe ɖe nɔnɔmetataa ŋu, eye nàƒo nu le nɔnɔmetata la ŋu; ekema nàtsɔ agbalẽ gbadza la nɛ. Biae be: “Aleke míawɔ aka ɖe edzi be ekpɔtɔ nye Mawu ƒe tameɖoɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi?” Ðo ɣeyiɣi si nàgatrɔ ayi.
7 Ne èna agbalẽ gbadza si nye “Tameɖoɖo Kae le Agbe Ŋu—Aleke Nàwɔ Ake ɖe Eŋu?” la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe ne ètrɔ yi:
◼ “Esi meva gbɔwò va yi la, edzɔ dzi nam ŋutɔ esi míedzro Biblia ƒe nukpɔsusu be tameɖoɖo le amegbetɔ ƒe agbe ŋu vavã la me.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 31 fiae eye nàbiae be, “Aleke míawɔ aka ɖe edzi be ekpɔtɔ nye Mawu ƒe tameɖoɖo be amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi?” Xlẽ memamã 3 lia le axa 20. Dzro nya siwo le tanya sue si nye, “Egakpɔtɔ Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo” te la me le axa 21. Trɔ ɖe agbalẽ gbadza la ƒe megbekpa ŋu, eye nàxlẽ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ŋu nya nɛ. Tsɔ Sidzedze-gbalẽa fiae, eye nàgblɔ be yeafia alesi míezãnɛ le Biblia sɔsrɔ̃ me lae.
8 Ele be míaƒe subɔsubɔdɔa naɖe ɖetsɔleme vavãtɔ si le mía me be míakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu “woava nyateƒe ƒe sidzedze la me” la afia. (Tim. I, 2:4) Eyata di ɣeyiɣi le wò gbeadziyiyi ƒe ɖoɖowɔɖia me nàtrɔ ayi amesiame si nàna agbalẽ gbadzae la gbɔ. Ðetsɔleme vavãtɔ si nàɖe afia wo la ana nàkpe ɖe amesiwo le hũ ɖem eye wole nu xam le ŋunyɔnu siwo wɔm wole le alakpasubɔsubɔ me la ŋu be woade dzesi wo hena agbetsitsi. (Xez. 9:4, 6) Àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme hã si dona tsoa sidzedzee be yele Yehowa srɔ̃m to ɖetsɔleme vavãtɔ ɖeɖefia amewo me.—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:20.