Tsɔ True Peace Ƒe Agbalẽa Ðe Gbeƒã Fiaɖuƒenyanyui Lae
1 Togbɔ Be Xexeamekplɔla Siwo Nya Nu Tso Nɔnɔmeawo Ŋu Nyuie Tsɔ Susu Nyui Dze Agbagba Be Yewoake Ðe Ameƒomea Ƒe Kuxi Siwo Le Dzidzim Ðe Edzi La Gbɔ Kpɔnu Si Anɔ Anyi Ðaa Ŋu Hã La, Womete Ŋu Ke Ðe Eŋu Kura O. Eyata Amewo Le Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Vavãtɔ Dim Le Afisiafi. Wodi Be Yewoavo Tso Kuxi Geɖe Siwo Ðea To Ðe Wo Ɣesiaɣi La Me. Ðe Mɔkpɔkpɔ Aɖe Le Teƒe Aɖea, Eye Afikae Wòatso Ava? Aleke Gbegbe Wòdzɔa Dzi Na Ame Henaa Kakaɖedzi Amee Nye Si Be Woanya Be Eteƒe Madidi O Mɔkpɔkpɔ Ma Ava Eme, Menye To Amegbetɔ Ƒe Ðoɖowo Dzi O Ke To Yehowa Ƒe Fiaɖuƒea Boŋ Dzi. Esiae Nye Gbedasi Si Sɔ Ðe Ɣeyiɣia Dzi Si Le True Peace Ƒe Agbalẽ Si Mɔnukpɔkpɔ Su Mía Si Be Míana Le August Me La Me. Gake Aleke Míate Ŋu Azã Agbalẽ Sia Atsɔ Akpe Ðe Ame Geɖe Siwo Si Dzi Nyui Le Gake Wole “Hũ Ðem, Eye Wole Nu Xam Ðe Ŋunyɔnu” Siwo Wole Wɔwɔm Le Nuɖoanyi Sia Me Ŋu La Ŋutii?—Xez. 9:4.
2 Míate ŋu azã ŋgɔdonya si gbɔna atsɔ aɖe vovototo si le nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ kple ŋugbe si kplɔla siwo nye amegbetɔwo do dome la afia:
◼ “Mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo nyui siwo amegbetɔdziɖuɖuwo wɔ be woakpɔ míaƒe kuxi gbogboawo gbɔe la ŋu. Togbɔ be ele alea hã la, nukae emetsonuwo ɖe fia le ƒeawo me? [Na wòaɖo eŋu.] Medi be míalé ŋku ɖe nya la ŋu le mɔ bubu nu.” Ʋu True Peace ƒe agbalẽa ƒe axa 8, eye nàdzro memamã 11 lia me, nàte gbe ɖe vovototo si le míaƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu siwo Mawu ƒe Fiaɖuƒea na kple esi ƒe ŋugbe xexeamekplɔlawo do dome dzi. Emegbe nàxlẽ memamã 13 lia. Le ema megbe àte ŋu ana aƒemenɔla nade ŋugble le nya siwo le ta si kplɔe ɖo me la dometɔ aɖewo ŋu. Àte ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo enumake to mɔ sia dzi.
3 Ne ètrɔ yi be yeafia nusita woaxɔ kakaɖedzi si li be Fiaɖuƒea akpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔ dzi ase la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Nyitsɔ ma la, míekpɔe be amegbetɔ ƒe kuxigbɔkpɔnuwo megogo nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ate ŋu awɔ kura o. Tsɔe be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ kuxi siwo nye aʋawɔwɔ, dɔwuame, kple nuvlowɔwɔ gbɔ. Ðe ema ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ blibo vɛa?” Na wòaɖo eŋu. “Na míadzro nya si le True Peace ƒe agbalẽa ƒe axa 19 me.” Midzro memamã 24-7 me ɖekae, eye miadzro nɔnɔmetata si le axa 21 me atsɔ aƒo etae. Wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi be miayi ɖe nusɔsrɔ̃a dzi.
4 Àte ŋu azã nɔnɔmetata siwo le agbalẽa me nyuie ne ètsɔ dzeɖoɖo si gbɔna dze egɔmee:
◼ “Le ŋkeke siawo me la, amesiame kloe tsi dzi ɖe nukliaʋa ƒe ŋɔdzi, nutomefɔkuwo, kple nu bubu siwo xea mɔ ɖe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ nu la ŋu. Èsusu be míakpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ ŋutɔŋutɔ le anyigba sia dzi gbaɖegbea?” Na wòaɖo eŋu. Ne èxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 vɔ la, nàʋu axa 98 ahagblɔ be: “Nɔnɔmetata sia fia alesi anyigba dzi paradiso la anɔ. Màdi be mia kple wò lɔlɔ̃tɔwo mianɔ teƒe si ŋutifafa kple dedienɔnɔ le alea oa?” Na wòaɖo eŋu. “Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi nàwɔ akpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ sia.” Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàƒo nu tso míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu nɛ.
5 Esi ame aɖewo gakpɔa mɔ be amegbetɔ ƒe ŋugbedodowo ava eme ta la, àte ŋu atrɔ ayi agava dze dzeɖoɖo gɔme kple ame ma ke ale:
◼ “Míekpɔe le míaƒe numedzodzroa me nyitsɔ be aʋawɔwɔ kple dzrehehe bubuwo le edzi yim le teƒe geɖe le anyigba dzi. Èsusu be ne amewo kpe asi ɖe xexeamekplɔlawo ŋu hena ɣeyiɣi wo la, woate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ si dim mí katã míele la vɛa?” Na wòaɖo eŋu. “Na míakpɔ nya si Biblia hã gblɔ le nya sia ŋu ɖa.” Xlẽ Yeremya 10:23 kple aƒemenɔla la ɖekae. Emegbe ʋu axa 13, eye nàtsɔ nɔnɔmetata la kple nya si woŋlɔ ɖe ete afiae. Ne ènyɔ eƒe ɖetsɔleme alea la, àte ŋu ayi edzi axlẽ memamã 7 kple 8 le axa 12. Wɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi be miadzro nya bubuawo hã me.
6 Esi nuteƒemawɔmawɔ le srɔ̃ɖeɖe me ƒe dzidziɖedzi le nu gblẽm le ƒome geɖe ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ŋu ta la, míate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le mɔ sia nu:
◼ “Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃ɖeɖe geɖe me le gbegblẽm fifia le nuteƒemawɔmawɔ kple seselelãmekuxi bubuwo ta. Ame geɖe bu be srɔ̃gbegbe koe woate ŋu atsɔ akpɔ srɔ̃ɖeɖemekuxiwo gbɔe. Nukae nye wò susu le nya sia ŋu?” Na wòaɖo eŋu. “Medi be míatsɔ agbalẽ sia adzro Biblia ƒe nukpɔsusu le nya vevi sia ŋu me kpuie.” Emegbe nàʋu True Peace ƒe agbalẽa ƒe axa 147 eye nàdzro memamã 13-15 me. Ne ɣeyiɣi li la, bia aƒemenɔla ne adi be yeadzro nya bubuwo me le ta la me. Tsɔ agbalẽa nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be nàgatrɔ ayi.
7 Ne ètrɔ yi be yeakpe ɖe amesiwo ŋu ƒomekuxiwo le ŋu la, àte ŋu adzro ƒomegbanɔamedziwo tsɔtsɔ ɖe mɔ si Biblia fia nu ƒe viɖewo me:
◼ “Medi be míayi dze si míeɖo nyitsɔ le srɔ̃ɖeɖemekuxiwo ŋu la dzi eye míadzro agbalẽ sia ƒe akpa aɖe si kpena ɖe mía ŋu míekpɔa nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ alé ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖe te le ƒomea me la me.” Azɔ ʋu True Peace ƒe agbalẽa ƒe axa 172, eye nàdzro memamã 21-4 me. He susu yi afisi woɖo agbalẽa me nyawo ɖo dzi nàtsɔ aɖee fia be viɖe bubuwo gali wòakpɔ tso agbalẽ bliboa katã sɔsrɔ̃ me.
8 Mina míawɔ ɖoɖo ana True Peace ƒe agbalẽa. Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míafia dzinyuitɔwo be agbalẽa ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ tso “ŋutifafa Mawu” la gbɔ.—Rom. 16:20.