Zã Agbalẽ Gbadza Vovovowo le Wò Subɔsubɔdɔ Me
1 Nya vovovowo sese dzɔa dzi na amewo egbea. Ne èle gbeadzi le July me la, àte ŋu atsɔ agbalẽ gbadza geɖe ɖe asi, eye nàwɔ esi alé dzi na amewo le anyigbamamãa me la ŋudɔ. Ðewohĩ àdi be yeazã dzeɖonya siawo dometɔ aɖe:
2 Ne èle agbalẽ gbadza si nye “Dziɖuɖu Si Ahe Paradiso Vɛ” nam la, àte ŋu abia be:
◼ “Aleke nèbu be xexeame anɔ ne Mawu ɖeka koe nye dziɖula? [Na wòaɖo eŋu.] Ne míele Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa alo Mía Fofo si Le Dziƒo si Yesu Kristo fia mí dom ɖa la, nusi tututu biam míele enye be Mawu nava xɔ anyigba ƒe dziɖuɖu. [Ʋu axa 3, eye nàxlẽ memamã gbãtɔ si me woŋlɔ Mateo 6:10 me nyawo ɖo.] Ne èdi be yeanɔ xexe si anɔ alea me la, ke xlẽ agbalẽ gbadza sia.” Azɔ̃ tsɔe nɛ.
3 Àte ŋu ana “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” to mɔ sia nu:
◼ “Èka ɖe edzi be ɣeyiɣi aɖe ava va esime mía dometɔ aɖeke ƒe lɔlɔ̃tɔ magaku oa? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ gbadza dzeani sia si wota la tsɔ Biblia me ŋugbedodo si ŋu kakaɖedzi le be ɣeyiɣi ma le ŋgɔ gbɔna kpuie la fa akɔ na ame miliɔn geɖe. [Ʋu axa 5, eye nàxlẽ memamã atɔ̃lia kple Korintotɔwo I, 15:21, 22 hã. Emegbe ke nɔnɔmetata si le axa 30.] Dzidzɔ si míakpɔ ne míegaxɔ míaƒe lɔlɔ̃tɔ kukuwo le tsitretsitsia me tututue nutala la ɖe fia le nɔnɔmetata sia me. Gake afikae nu dodzidzɔname sia adzɔ le? Agbalẽ gbadza sia afia alesi Biblia ɖo nya ma ŋui la wò.” Ne exɔ agbalẽ gbadzaa la, àte ŋu agagblɔ be: “Madi be magatrɔ va ne míayi nya sia me dzodzro dzi.”
4 Àte ŋu azã mɔnu sia si le tẽ la atsɔ ana agbalẽ gbadza si nye “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee:
◼ “Ame geɖe biaa nyawo le Biblia ŋu. Ðewohĩ èbu biabia siawo dometɔ ɖeka ƒe ŋuɖoɖo ŋu kpɔ. [Ʋu axa 30.] Ame geɖe tsɔ ɖe le biabia mamletɔ sia me vevie be: ‘Aleke nate ŋu adzra ɖo ɖe agbe mavɔ le Paradiso me ŋutie?’” Ne èdzro axa 29-30 ƒe memamã 57-8 me eye nèxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 la, ke èʋu mɔ ɖi na Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze. Ƒo eta eye nàtsɔ agbalẽa nɛ ahawɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava be yewoagadzro biabia bubuwo me.
5 Ðewohĩ àdi be yeazã enana mɔnu bɔbɔe sia atsɔ ana agbalẽ gbadza si nye “The Divine Name That Will Endure Forever”:
◼ “Mawu ŋkɔe nye nusiwo mesrɔ̃ le Biblia me gbã la dometɔ ɖeka. Ènya ŋkɔ si wònyea? [Na wòaɖo eŋu.] Na mafia wò. Ele Biblia me le Psalmo 83:19. [Xlẽe.] Agbalẽ gbadza sia fia alesi Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa dze le gbegbɔgblɔ vovovowo mee la mí. [Tsɔ aɖaka si le axa 8 fiae.] Ne àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe le Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la, ke xlẽ agbalẽ gbadza sia.” Tsɔ agbalẽ gbadza la na aƒemenɔla la.
6 Esi agbalẽ gbadza vovovo siawo le mía si míazã ta la, míesu te nyuie nyateƒe be ‘míagblɔ nyanyuia na ɖokuibɔbɔlawo.’—Yes. 61:1.