Míana Agbalẽ Gbadza Yeye Aɖe!
1. Agbalẽ kae míana le November me, eye taɖodzinu ka tae wota agbalẽ sia ɖo?
1 Le “Minɔ Ŋudzɔ!” Nutome Gã Takpekpe si míewɔ le ƒe 2009 me me la, woɖe agbalẽ gbadza yeye si ƒe tanyae nye The Bible—What Is Its Message? (Biblia La—Nya Kae Le Eme?) ɖe go. Le November me la, hame siwo le xexea me godoo la ama agbalẽ gbadza sia zi gbãtɔ. Alekee agbalẽ sia aɖe vi na amewo le míaƒe anyigbamamaa me? Ame geɖe, vevietɔ ame siwo menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔha aɖeke me tɔ o la, menya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o. Eya ta agbalẽ gbadza la ɖe nu me le axa 3 lia be wotrɔ asi le eŋu be wòaƒo nu tso “nya vevi siwo le Biblia me la ŋu kpokploe.”
2. Alekee míate ŋu ana agbalẽ gbadza la?
2 Ale Si Míanae: Àte ŋu agblɔ be: “Medi be makpɔ wò nukpɔsusu le mawunyakpukpui sia ŋu. [Xlẽ 2 Timoteo 3:16.] Ame siwo meɖo dze kpli la dometɔ geɖe lɔ̃ ɖe nya sia dzi; ame bubu aɖewo hã susui be agbalẽ nyui aɖe koe Biblia nye. Aleke wò ya nèbua Biblia lae? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Dzixɔse ka kee ɖale mía si o, susu nyuiwo li siwo tae wòhiã be míawo ŋutɔwo míadzro Biblia me ɖo. [Xlẽ memama si wotsɔ ʋu agbalẽa nu, si dze le axa 3 lia.] Ne èle Biblia me nya vevi siwo wogblɔ kpuie le mɔ lédziname aɖe nu la xlẽm le agbalẽa sia me la, àke ɖe nu dodzidzɔname aɖe ŋu; eyae nye be: Tanya ɖekae le Biblia bliboa si eye elé gbedeasi ɖeka ɖe asi.”
3. Mɔnu bubu kae míate ŋu azã, vevietɔ ne míele gbeƒã ɖem le nuto si me ame geɖe menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo me tɔ o la me?
3 Mɔnu bubu enye esia, vevietɔ ne míele gbeƒã ɖem le nuto si me ame geɖe menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo me tɔ o me. Míate ŋu agblɔ be: “Medi be makpɔ wò nukpɔsusu le nya sia si dze le Ŋɔŋlɔawo (alo agbalẽ kɔkɔe sia) me ŋu. [Xlẽ Psalmo 37:11.] Aleke nèsusu be anyigba dzi anɔ ne nyagblɔɖi sia va eme? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa si dukɔ vovovowo kple xɔseha vovovowo me tɔwo ate ŋu akpɔ tso Biblia me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka enye esia.” Xlẽ memama si wotsɔ ʋu agbalẽa nu, si dze le axa 3 lia na aƒemenɔlaa, eye nàtsɔ agbalẽ gbadza la nɛ.
4. Alekee míate ŋu azã agbalẽ gbadza la atsɔ adze Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme?
4 Dze Biblia Nusɔsrɔ̃ Gɔme: Ne míetrɔ yi la, míate ŋu aɖo ŋku dze si míeɖo va yi la me nyawo dzi na aƒemenɔlaa, eye míazã nyabiase siwo le agbalẽa ƒe ta aɖe si do ƒome kple nya si ŋu míeɖo dze tsoe va yi la ƒe nuwuwu atsɔ adzro memama ɖeka alo eve me kplii. Alo ne míedi be míazã Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa enumake la, míate ŋu axlẽ nya siwo le agbalẽ gbadzaa ƒe megbekpa dzi la nɛ, eye míatsɔ Biblia Ƒe Nufiafia gbalẽa nɛ. Eyome míabiae be tanya kae do dzidzɔ nɛ si me wòadi be míadzro mahã, eye míadzro ta ma ƒe memama ɖeka alo eve me ɖekae. Mina mí katã míaƒo mía ɖokui ɖe agbalẽ gbadza sia mama dɔa me bliboe le November me!