INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/97 axa 8
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu be Ana Nuwo Natsi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu be Ana Nuwo Natsi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Míazã Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Srɔ̃ Yehowa To Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Dzeɖonya Siwo Míate Ŋu Azã le Gbeadzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nusɔsrɔ̃ Gɔmedzedze le Nusi Mawu Di ƒe Agbalẽ Gbadza la Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 8/97 axa 8

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu be Ana Nuwo Natsi

1 “Zi gbãtɔe nye sia si mekpɔ dzidzɔ tɔxɛ si tsoa kpekpeɖeŋu nana le hame yeye ɖoɖo me. Esia bia dɔwɔwɔ veviedodotɔe ƒe eve, gbedodoɖa edziedzi kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa, amesi ‘nana nuwo tsina’ ŋu.” Nenemae mɔɖela kutrikula aɖe si kpɔ alesi wòhiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ana nuwo natsi la ŋlɔ. (Kor. I, 3:5-9) Le amesiwo tsɔa ɖe le gbɔgbɔmenuwo me didi me la, míawo hã míahiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hafi míaƒe subɔsubɔ natse ku.—Lod. 3:5, 6.

2 Ðe Woléa Be na Nukuwo Hafi Wotsina: Ele be woalé be na nyateƒea ƒe nukuwo hafi woatsi. Nu nyuiwo doa go tsoa eme ne wogatrɔ yi amea gbɔ le ŋkeke ɖeka alo eve megbe. Dzidzɔ nenɔ mewò eye nàɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia. Na amea naɖe dzi ɖi. Wò ɖeka mègaƒo nu o. Na wòadze si wò, eye nàɖee afia be yetsɔ ɖe le eme nɛ.

3 Tso July tsɔ yi August me la, míana agbalẽ gbadza vovovo amesiwo míado goe. Gake ehiã be míayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia kple amesiwo míena agbalẽe gbɔ. Míewɔa tɔtrɔyiwo hedoa Biblia-nusɔsrɔ̃wo ɖe wo gbɔ tsɔ wɔa esiae. (Mat. 28:19, 20) Míate ŋu azã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la atsɔ adze nusɔsrɔ̃wo gɔme le go sia me. Ðewohĩ àkpɔe be aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna la akpe ɖe ye ŋu.

4 Ne amesi tsi dzi ɖe afisi xexeame ɖo tae ŋue nèƒo nu kpli la, àte ŋu ayi dzeɖoɖoa dzi ne ègblɔ be:

◼ “Mexɔe se be ètsi dzi ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe gbegblẽ le amegbetɔƒomea me ŋu abe alesi nye hã metsi dzi ɖe eŋui ene. Míesea nyatakaka ɖefunamewo le aƒemenuvlowɔwɔ si hea ŋutasesẽ le ɖeviwo, dzilawo, kple ame srɔ̃ ŋu vɛ. Eye edze abe ame geɖe te ŋu kaa aʋatso alo fia fi faa tsɔ kpɔa nusi wodi ene. Ðe nèsusu be alesi amewo nɔa woƒe agbee la ka Mawua? [Na wòaɖo eŋu.] Mawu ɖo dzidzenu aɖewo na amegbetɔ be wòanɔ agbe ɖe wo nu, eye le nyateƒe me la, womesesẽ na mí o.” Xlẽ Yohanes I, 5:3. Azɔ tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la fiae, eye ʋu nusɔsrɔ̃ 10 lia. Xlẽ memamã gbãtɔ. He susu yi nya siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe le memamã 2-6 ƒe gɔmedzedze, eye bia aƒemenɔla ne wòagblɔ nuwɔna si wòbu be egblẽa nu le amewo ŋu wu. Xlẽ memamã siwo ƒo nu tso nya si wòagblɔ ŋu eye nàxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka eve aɖewo ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi. Xlẽ memamã 7 lia tsɔ ƒo etae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava ne yewoayi dzeɖoɖoa dzi.

5 Àte ŋu agblɔ nya siawo tɔgbe na amesiwo nèdo goe siwo tsɔ ɖe le ƒomenyawo me:

◼ “Ðe nèbu be asɔ be míakpɔ mɔ be Wɔla la ana nusiwo hiã bene woatsɔ atu ƒomegbenɔnɔ kpɔdzidzedze ɖo la mía?” Na wòaɖo eŋu. Tsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa fiae, ʋu nusɔsrɔ̃ 8 lia, eye nàɖe eme be eƒo nu tso gɔmeɖose siwo tso Biblia me na ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ŋu. Gblɔ nɛ be yeafia alesi wòazã agbalẽ gbadzaa akpe ɖe Biblia ŋu be wòakpɔ viɖe gãtɔ kekeake tso eme lae. Wɔ ɖe mɔfiafia siwo le agbalẽ gbadza la ƒe axa 2 lia dzi. Wɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ayi aɖayi akpa ma dzi, alo ne ète ŋu wu enu kplii la, be miava dzro nusɔsrɔ̃ bubu si aƒemenɔla tia le agbalẽ gbadzaa me la me.

6 Dzeɖonya si le tẽ si nàte ŋu azã atsɔ ado míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ɖe ame aɖe gbɔe nye si. Tsɔ “Nusi Mawu Di” ƒe agbalẽ gbadza la fiae, eye nàgblɔ be:

◼ “Nusɔsrɔ̃ deto si ku ɖe Biblia me nufiafia veviwo ŋue le agbalẽ gbadza sia me. Àkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo ɖe fu na amewo ƒe alafa geɖe le axa ɖesiaɖe. Le kpɔɖeŋu me, Tame kae Mawu ɖo ɖe anyigba la ŋu?” Ʋu nusɔsrɔ̃ 5 lia, eye nàxlẽ biabia siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze. Bia aƒemenɔla be kae dzɔ dzi nɛ wu hã, eye azɔ nàxlẽ memamã si(wo) ku ɖe nyaa ŋu, eye miaxlẽ mawunyakpukpui siwo sɔ. Ðe eme nɛ be ate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo nyuiwo na biabia bubuwo hã bɔbɔe abe esia ke ene. Gblɔ be yeagatrɔ ava dzro biabia bubu kple eƒe ŋuɖoɖo me kplii.

7 Alo ɖewohĩ àdi be yeate dzeɖonya si le bɔbɔe wu gbɔgblɔ kpɔ atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee ne ègblɔ be:

◼ “Ènya be yeate ŋu atsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko akpɔ ŋuɖoɖo na Biblia me nyabiabia vevi aɖea? Le kpɔɖeŋu me, . . .” Bia nya si dze le agbalẽ gbadza la me nusɔsrɔ̃awo dometɔ ɖeka ƒe gɔmedzedze si nèbu be ado dzidzɔ na amea. Kpɔ March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi si ƒe tanyae nye “Na Dzi Nenɔ Ƒowò be Nàwɔ Tɔtrɔyiwo,” memamã 15 kple 16, hena biabia siwo nàte ŋu azã ŋuti aɖaŋuɖoɖo aɖewo.

8 Dzidzɔ si míatsɔ awɔ tɔtrɔyiwo kple Biblia-nusɔsrɔ̃ la nye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” nyenye ƒe akpa aɖe. (Kor. I, 3:9) Ne míewɔ dɔ sesĩe be míatu amesiwo míekpɔna ƒe ɖetsɔleme ɖo eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be ana nuwo natsi la, míakpɔ dzidzeme vavãtɔ si megale dɔ bubu aɖeke wɔwɔ me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe