INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 6/97 axa 8
  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Esiae Nye Agbe Mavɔ La”
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe Ðaseɖimɔnu Aɖewo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Alesi Míakaka Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 6/97 axa 8

Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu

1 Hafi nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu asiwò la, anɔ eme be biabia geɖe nɔ asiwò le agbe ŋu siwo mekpɔ ŋuɖoɖo na o. Aleke gbegbe wòhedzɔ dzi na wòe nye si esi woɖo biabia mawo ŋu na wò tso Biblia me! Fifia ète ŋu le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu wole ŋuɖoɖo mawo ke kpɔm. (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 2:2.) Àte ŋu agblɔ sidzedze Mawu si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la na wo. (Yoh. 17:3) Gake aleke nàte ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòakpɔ asixɔxɔ si le sidzedze sia ŋu adze sii? Bu biabia siwo ŋu nyateƒea ɖo na wò la ŋu kpɔ. Nuka dim nyateƒea dilawo le be yewoanya? Nya siawo ŋu bubu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa. Aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò ne èle dzadzram ɖo ɖe ɖaseɖiɖi le June me ŋu.

2 Esi wònye ame geɖe biaa wo ɖokui nusitae fukpekpe le xexeame alea gbegbe ɖo ta la, woate ŋu aɖo to dzeɖonya sia:

◼ “Ne afɔku dzɔ alo nuvlowɔwɔ kple ŋutasẽnuwɔwɔ le agbogbo dom ɖe edzi la, zi geɖe la amewo biaa nusitae nu dziŋɔ siawo dzɔna la wo ɖokui. Aleke nàɖo eŋui?” Na wòaɖo eŋu eye nàkafui. Azɔ ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 8 lia eye nàhe eƒe susu ayi memamã 2 me nyawo dzii. Ðe eme nɛ be agbalẽ sia gblɔ alesi Biblia ɖe nusitae nya vɔ̃wo dzɔna la me, eye nàgblɔ be: “Adzɔ dzi nam be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò.” Wɔ ɖoɖo be natrɔ ayi hena numedzodzroa dziyiyi.

3 Ne ètrɔ yi afisi nèna “Sidzedze” ƒe agbalẽa le la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Metsɔ ɖe le nya si nègblɔ tso nusitae fukpekpe le xexeame alea gbegbe ɖo me vevie. Èlɔ̃ ɖe Biblia me ŋuɖoɖo si wogblɔ ɖe agbalẽa me dzia?” Na wòaɖo eŋu. Xlẽ memamã 17 lia le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 77, eye nàgblɔ be yewoaxlẽ Romatɔwo 9:14 le aƒemenɔlaa ŋutɔ ƒe Biblia me. Azɔ gblɔ be: “Nyanyui lae nye be Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be wòahe vevesese kple fukpekpe ava mía dzii o. Edo ŋugbe be yeana agbe mavɔ mí le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me. Agbalẽ sia ƒe ta gbãtɔ ƒe tanyae nye ‘Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ le Etsɔme!’ Madi be magblɔ alesi esia ate ŋu ava eme na mia kple wò lɔlɔ̃tɔwoe.” Ʋu ta 1, eye nàwɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃ae fiae. Midzro ta la me nya geɖe alesinu sɔ le nɔnɔmea nu la me.

4 Ðewohĩ àdi be yeazã ŋgɔdonya si le agbalẽvi si nye “Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme” ƒe axa 3 lia le tanya si nye “Amegãkuku/Ku” te:

◼ “Èbia kpɔ be, ‘Ne míeku la, ke míaƒe vɔɖoƒe koe nye ma? Alo ɖe nu bubu aɖe gali le ku megbea?’ [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ɖe nya sia nya si anɔ mía si míabia le ku ŋu la me na mí. [Xlẽ Nyagblɔla 9:5, 10.] Eɖee fia hã be mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li na xɔsetɔwo. [Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 84, memamã 13 lia; xlẽ nya siwo Yesu gblɔ le Yohanes 11:25 eye nàɖe wo me.] Wotrɔ asi le ta blibo sia ŋu koŋ wòɖo biabia si nye, Nukae dzɔna ɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku dzi? la ŋu. Madi be magblẽ esia ɖe gbɔwò.”

5 Ne ègatrɔ yi egbɔ la, àte ŋu agblɔ alesi wòdzɔ dzi na wò be miedo go va yi eye nàgblɔ be:

◼ “Míedzro nusi dzɔna ne ame ku la me va yi. Ame geɖe xɔe se be ne woayi edzi anɔ agbe le ku megbe la, ke anye dziƒo loo alo dzomavɔ mee. Gake èbu alesi wòate ŋu adzɔe be kukuawo nagava nɔ agbe le anyigba sia ke dzi ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be amesiwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ aɖewo anye ame fafa siwo anyi anyigba la dome. [Xlẽ Psalmo 37:11, 29, eye miadzro memamã 20 lia me le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 88.] Mɔkpɔkpɔ sia na gɔmesese kple tameɖoɖo yeye va le ame miliɔn geɖe siwo vɔ̃na na ku tsã la ƒe agbe ŋu. Agbalẽ sia akpe ɖe ŋuwò nàse nya la gɔme nyuie wu. Àdi be mawɔ alesi míesrɔ̃a nui afia yea?”

6 Ne dzeɖonya si bɔbɔ wu ye nèdi la, àte ŋu azã esia akpɔ:

◼ “Medi be matsɔ nɔnɔmetata si le agbalẽ sia, Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la afia wò. Ðe nɔnɔmetata sia menya kpɔ na wò oa?” Ʋu agbalẽa bene aƒemenɔlaa nate ŋu akpɔ axa 4-5. Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ nya siwo le axa 5 lia. Ƒo eta be: “Àte ŋu axɔ agbalẽ sia axlẽ.” Bia ɣeyiɣi si sɔ lae ne nàtrɔ ayi aɖatu ɖetsɔleme si wòɖe fia ɖo.

7 Sidzedze si tso Mawu gbɔ, si ɖo agbe me nyabiabia veviwo ŋu la le mía si. Dzra ɖo veviedodotɔe, eye Yehowa ayra agbagba siwo nàdze be yeana agbalẽ sia si naa agbe ame la nasu nyateƒea dilawo si.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe