Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana
1Edzɔ dzi na mí esime woɖe agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖe go! Wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ kaba. Mɔnukpɔkpɔ asu mía si zi gbãtɔ le March me be míana agbalẽ sia le míaƒe anyigbamamã me. Nya kae míagblɔ be míatsɔ anyɔ ɖetsɔleme?
2 Mɔnu si ate ŋu anyɔ amesi ƒe Mawudzixɔse gbɔdzɔ la ƒe ɖetsɔleme enye si:
◼ “Wotsɔ Mawudzixɔse nyi ame geɖe, gake wokpɔe fifia be yewoƒe xɔse megale abe alesi wònɔ tsã ene o. Nuka gbɔe nèsusu be esia tso? [Na wòaɖo eŋu.] Edoa ŋusẽ míaƒe Mawudzixɔse ne míede ŋugble le nukunu siwo le xexeame godoo ŋu. [Xlẽ Psalmo 19:2.] Amesi ƒe sewo kplɔa dziƒonu siawo na mɔfiame si me viɖe le hã mí. [Xlẽ Psalmo 19:8-10.] Mawunyakpukpui siawo te gbe ɖe alesi wòle vevie be míasrɔ̃ nusianu si míate ŋui tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu dzi. [He eƒe susu yi nɔnɔmetata si le axa 4 kple 5 dzi, eye nàxlẽ nya siwo woŋlɔ ɖe ete.] Ne èdi be yeakpɔ viɖe tso sidzedze tɔxɛ sia me la, adzɔ dzi nam be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò.”
3 Ne èlé nyitsɔ laa nyadzɔdzɔ ɖefuname aɖe ɖe susu me la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Meka ɖe edzi be èse nu tso [yɔ nudzɔdzɔa]. Ðe nèbu eŋu kpɔ be Mawu tsɔa ɖe le numadzɔmadzɔwɔwɔ kple fukpekpe siwo teƒe kpɔm míele alo le dzɔdzɔm ɖe mía ŋutɔwo dzi la mea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu lɔ̃ mí eye akpe ɖe mía ŋu míato ɣeyiɣi vɔ̃wo me ado.” Xlẽ Psalmo 72:12-17 ƒe akpa aɖewo. Ʋu agbalẽa ƒe axa 70, eye nàɖee fia be agbalẽ sia si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la ɖo nya aɖe si ame miliɔn geɖe biana ŋu, si nye be, Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? “Àkpɔe be alesi Biblia ɖo nya ma ŋu faa akɔ na ame ŋutɔ. Madi be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò be wò ŋutɔ nàxlẽ nu tso eŋu.”
4 Ne èdo go dzila la, àte ŋu ahe susu ayi ƒomea dzi be:
◼ “Dzila geɖe lɔ̃ ɖe edzi be kuxi geɖe le agbagbadzedze be woatu ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ɖo me. Nukawoe nède dzesi be wonye mɔxenu gãwo? [Na wòaɖo eŋu.] Mía dometɔ geɖe dzea agbagba alesi míate ŋui, gake míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si ana míakpɔ dzidzedze geɖe wu la ŋu zi geɖe. Biblia na aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake mí. [Xlẽ Kolosetɔwo 3:12, 18-21 ƒe akpa aɖewo.] Nya bubu geɖe le Biblia si wòagblɔ tso nya sia ŋu, abe alesi woŋlɔe ɖe agbalẽ sia ƒe ta 15 si nye ‘Ƒome si Nyea Bubu na Mawu Tutuɖo’ me ene. Edzro nuxlɔ̃ame si wona le Biblia me si fia alesi woavo tso srɔ̃ɖeɖe me fukpekpewo me kple alesi míakpe akɔ kple kuxi siwo mía viwo doa goe la me. Meka ɖe edzi be exexlẽ ado dzidzɔ na wò.”
5 Ne èdi mɔnu si le kpuie la, àte ŋu ate esia kpɔ:
◼ “Ðe nède ŋugble le nusita míetsina kua amegã hekuna ŋu kpɔa? Agbalẽ sia ƒe ta 6 lia ɖe nusi he ku vɛ kple alesi Mawu aɖee ɖae la me. Biblia gblɔ na mí be Mawu do agbe mavɔ ŋugbe na amesiwo lɔ̃a eyama. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Ne èdi be yeaxlẽ nu tso esia ŋu la, àkpɔe be nufiame geɖe le agbalẽa me ŋutɔ.”
6 Ne míedzra ɖo nyuie la, míate ŋu ‘aɖe Ŋɔŋlɔawo me’ na ame bubuwo le mɔ si ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wo nu!—Luka 24:32.