Alesi Míakaka Sidzedze Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
1 Yehowae nye ‘Amesi fia sidzedze amegbetɔwo.’ (Ps. 94:10) Ele mía zãm be míagblɔ ye ŋuti sidzedze si xɔa ame ɖe agbe na amesiwo menya alesi woasubɔe wòadze eŋu o la. Agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me nye nufiagbalẽ nyui aɖe si dzianukwaretɔwo ate ŋu azã be gɔmesese vavãtɔ nasu wo si le Mawu ŋu tso eƒe Nya Biblia si woŋlɔ ɖi me. (Tim. I, 2:3, 4) Alesi Sidzedze-gbalẽa gblɔ nyateƒea eme kɔ kple ɖoɖo nyui si nu woɖoe ɖo la akpe ɖe amewo ŋu woase nusi Yehowa di be yeafia wo gɔme. Le ɣleti sia me la, míedi be míaɖo dze kple amewo si ana woadi be yewoaxlẽ agbalẽa. Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye si. Le esi teƒe be nàte kpɔ alé wo ɖe susu me la, dze agbagba boŋ be nàgblɔ nya veviawo le wò ŋutɔ wò nyawo me le alesi nèɖoa dzee le dzɔdzɔme nu.
2 Esi lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na ame akpa gãtɔ kpɔ ta la, àte ŋu ade tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa dzeɖoɖoa me ne ègblɔ nya sia tɔgbe tsɔ dze egɔmee be:
◼ “Lɔlɔ̃tɔ aɖe ku na mí ame akpa gãtɔ kpɔ. Ðe nèbua eŋu nenye be àgava kpɔ ame ma akea? [Na wòaɖo eŋu.] Ku menɔ Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na amegbetɔwo me o. Yesu ɖo kpe edzi be woate ŋu aɖe míaƒe lɔlɔ̃tɔwo le ku si me. [Xlẽ Yohanes 11:11, 25, 44.] Togbɔ be nusia dzɔ ƒe alafa nanewoe nye sia hã la, eɖe nusi ŋugbe Mawu do be yeawɔ na mí fia. [Ʋu nɔnɔmetata si le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 85 eye nàxlẽ nuŋɔŋlɔ si le eŋu. Emegbe tsɔ nɔnɔmetata si le axa 86 fiae eye nàƒo nu tso eŋu.] Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ fakɔname sia ŋu la, adzɔ dzi nam be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò.”
3 Ne miedzro tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa me va yi gbã la, àgate ŋu adze dzeɖoɖo bubu gɔme kple ame ma ke ale:
◼ “Ðewohĩ èɖo ŋku nya si megblɔ be ku menɔ Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖo na amegbetɔ me o la dzi. Ne ele eme nenema la, ke nukata míetsina kua amegã hekuna? Klo aɖewo nɔa agbe ƒe 100 kple vɔ, eye ati aɖewo hã li siwo le agbe ƒe akpe geɖee nye sia. Nukata wònye ƒe 70 alo 80 koe amegbetɔwo ya nɔa agbe? [Na wòaɖo eŋu.] Esi ame eve gbãtɔwo meɖo to Mawu o tae míekuna ɖo.” Xlẽ Romatɔwo 5:12. Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 53 eye nàxlẽ ta ma ƒe tanya. Midzro memamã etɔ̃ gbãtɔwo me eye nàgblɔ biabia siwo wota ɖe eme ƒe ŋuɖoɖowo nɛ. Ðo ɣeyiɣi be yeagatrɔ ava bene yewoadzro taa ƒe akpa mamlɛ me. De dzi ƒo na amea be wòaxlẽ ta ma awu nu do ŋgɔ.
4 Ne èle nu ƒom na amesi dze mawusubɔla veviedola la, àte ŋu agblɔ be:
◼ “Le nyateƒe me la, subɔsubɔha vovovo alafa geɖe li egbea. Wofia nu geɖe siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ame aɖewo gblɔna be subɔsubɔhawo katã nyo eye metsɔ le eme nusi dzi míexɔ se o. Aleke nèkpɔe? [Na wòaɖo eŋu.] Subɔsubɔ vavãtɔ ŋue Yesu fia nu le eye wòɖee fia be tadedeagu ƒomevi bubuwo medzea Mawu ŋu o. [Xlẽ Mateo 7:21-23.] Ne míedi be míadze Mawu ŋu la, ele be míade ta agu nɛ wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 5, xlẽ tanyaa, eye nàxlẽ tanya sue aɖewo hã. Ðe eme be nya siawo akpe ɖe ame ŋu wòasrɔ̃ alesi wòawɔ nu wòadze Mawu ŋu. Ne elɔ̃ be yeaxlẽ agbalẽa la, ke tsɔe nɛ eye nàgblɔ be yewoxɔa nudzɔdzɔwo hena míaƒe xexeame katã ƒe dɔa wɔwɔ.
5 Ðewohĩ ne ètrɔ yi eye nèɖo biabia sia ŋu la, adzɔ dzi na amesiwo tɔtɔ le esi subɔsubɔha geɖe li ta:
◼ “Esi subɔsubɔha vovovo geɖe li egbea ɖe, aleke míawɔ anya esi nye nyuitɔ? Aleke nàwɔ anya? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu gblɔ alesi míade dzesi eyomedzela vavãwoe na mí.” Xlẽ Yohanes 13:35. Midzro Sidzedze-gbalẽa, ta 5 ƒe memamã 18 kple 19 me. Ðee fia be ne wozã Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame siawo kple nuwo me tiatia ƒe mɔnu la, ate ŋu ana woakpɔ subɔsubɔha vavãtɔ adze sii. Gblɔ alesi wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame katã le lɔlɔ̃ vavã kple agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ si le wo si ta nɛ. Ðe alesi Sidzedze-gbalẽa tsɔtsɔ srɔ̃ Bibliae ana tadedeagu si dzea Mawu ŋu nadze ƒãe me.
6 Ne èdo go dzila aɖe la, nya sia gbɔgblɔ ate ŋu awɔ dɔ:
◼ “Míesea nu tso sɔhɛ siwo dze abe ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu aɖeke mele wo si o ene ƒe agbe vloe nɔnɔ ŋu gbesiagbe. Dzila aɖewo di be yewoada agbaa ɖe sukuwo dzi be woawoe mefia vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome ɖeviwo o. Amekae nèbu be eyae wòle be wòana hehe sia? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ le biabia sia ŋu ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 6:4.] Nya ma na míenya be dzilawo ƒe agbanɔamedzie wònye be woaƒã agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu ɖe ɖeviwo me.” Ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 145, xlẽ memamã 16, eye nàƒo nu tso nɔnɔmetata siwo le axa 147 ŋu. Ðe eme be ɖe wotrɔ asi le agbalẽa ŋu be ƒome bliboa nasrɔ̃. Zã memamã 17 kple 18 le axa 146 eye nàgblɔ be yeawɔ alesi míewɔa nusɔsrɔ̃a kple ƒomewoe la wòakpɔ.
7 Ne èdze nusɔsrɔ̃ gɔme kple dzila aɖe si tsi dzi le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu ayi edzi ne ètrɔ yi be:
◼ “Egbexexea da tetekpɔ geɖe ɖe mɔ dzi na mía viwo. Esia wɔnɛ be wòsesẽna na wo vevie be woava zu mawuvɔ̃lawo ne wole tsitsim. Ðewohĩ èɖo ŋku edzi be míetɔ asi gɔmeɖose eve le numedzodzro si míewɔ va yi me. Esi míenye dzila mawuvɔ̃lawo ta la, ehiã be míaɖo kpɔɖeŋu nyuiwo na mía viwo, eye ele be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ na wo afia ɣesiaɣi. Nu bubu aɖe hã li si Biblia gblɔ be ɖeviwo hiã tso wo dzilawo gbɔ.” Xlẽ Lododowo 1:8. Trɔ ɖe Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 148 eye miayi nusɔsrɔ̃a dzi akpe memamã 19-23 ɖo. Doe ɖa be yeagatrɔ ava be yeasrɔ̃ nu kple ƒome bliboa tso ta 1 dzi.