INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena July

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena July
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme July 1
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme July 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme July 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme July 22
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme July 29
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 7/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena July

Kwasiɖa si Dze Egɔme July 1

Hadzidzi 90

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe April gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu.

15 min: “Míaƒe Adzɔgbeɖefewo Xexe Gbesiagbe.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. De Insight, Babla 2, axa 1162, memamã 6-7 me nyawo eme nàtsɔ afia nusita adzɔgbeɖeɖe nye agbanɔamedzi vevi ɖo.

18 min: “Srɔ̃ Yehowa to Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me.” (Memamã 1-3) Zã memamã gbãtɔ tsɔ ƒo nu tso nyatia ƒe tanya ŋui. Kpɔe ɖa be agbalẽ gbadza kawoe le hamea si fifia si adzɔ dzi na amewo le míaƒe anyigbamamã me hã. Azɔ dzro memamã 2-3 ɖeɖeko me, eye nàwɔ alesi woazã Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe agbalẽ gbadza lae le yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi wɔwɔ siaa me ƒe wɔwɔfiawo. Gblɔ alesi gbeƒãɖelawo ate ŋu atrɔ asi le woa ŋutɔwo ƒe dzeɖonyawo ŋui ɖe agbalẽ gbadza bubu si asɔ na miaƒe anyigbamamã la nana ŋu.

Hadzidzi 112 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme July 8

Hadzidzi 43

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: “Srɔ̃ Yehowa to Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me.” (Memamã 4-5) Dzro memamã 4-5 ɖeɖeko kple Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku ƒe agbalẽ gbadza la me nyati vevi aɖewo me. Azɔ wɔ dzeɖonya siwo woazã le yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi me siwo ƒe aɖaŋu woɖo la ƒe wɔwɔfiawo.

20 min: “Nɔviŋutsu Geɖe Wu Hiã le Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ Me.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro alesi woate ŋu akpɔ ganyawo gbɔe si ŋu woƒo nu tsoe le Gbetakpɔxɔ, September 15, 1993 ƒe axa 28-31 me alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

Hadzidzi 16 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme July 15

Hadzidzi 162

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Ète Fiẽsiɖaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Kpɔa?” Nuƒo si me nyaselawo akpɔ gome le kple gbebiame aɖewo. Gblɔ nusi miede dzesii le mia gbɔ ne miele dɔ wɔm le anyigbamamã la me le fiẽsi me. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo fia alesi nu nyuiwo dona tsoa fiẽsiɖaseɖiɖi mee. Gblɔ kpekpe hena gbeadziyiyi kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe ɖoɖo si miewɔ le mia gbɔ.

10 min: “Mizã Mía Degbe me Nyɔ! La.” Numedzodzro kple nyaselawo. Na woakpɔ ŋudzedze ɖe mía degbe me Nyɔ! ŋu eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòagblɔ agbɔsɔsɔme si wòahiã la na magazinedzikpɔla. Te gbe ɖe nusita míatsɔ kakaɖedzi ana Nyɔ! Biblia-nusrɔ̃vi siwo xlẽa Twi kple Eʋegbe la dzi. (Hame siwo medoa Eʋegbe alo Twi o ate ŋu adzro nutome sue dzi kpɔla ƒe sasrãkpɔ si va yi ƒe nyatakakawo me alo adzro nya vevi siwo le nyati si ku ɖe wo ŋu me.)

15 min: “Srɔ̃ Yehowa to Ðetsɔleme Vavãtɔ Ðeɖefia Amewo Me.” (Memamã 6-8) Zã nyatia ƒe memamã mamlɛtɔ tsɔ de dzi ƒo na amesiame be wòatrɔ ayi amesiwo wona agbalẽ gbadzae gbɔ kaba. Zã memamã 6-7 nàtsɔ wɔ alesi woana Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? ƒe agbalẽ gbadza la le yiyi zi gbãtɔ me kple alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ me le tɔtrɔyi me ƒe wɔwɔfiawo. Ðo ŋku edzi na nɔviwo be woate ŋu atrɔ asi le woa ŋutɔwo ƒe dzeɖonyawo ŋu ɖe agbalẽ gbadza bubuwo nana ŋu, ne wolé ŋku ɖe dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me ŋu.

Hadzidzi 64 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme July 22

Hadzidzi 108

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro magazine yeyewo me nyawo me kpuie, nàtɔ asi nya dodzidzɔname siwo woate ŋu azã le wo nana me le aƒewo me dzi.

15 min: Minyã Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa ƒe Taɖodzinu La. Hamemegã kple ƒewuivi ɖeka alo eve ƒe dzeɖoɖo si nɔ te ɖe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, December 15, 1988 ƒe axa 25-7 dzi. Sɔhɛawo di be yewoaɖo taɖodzinu siwo woaminyã ne yewowu suku nu. Wokpɔ dzidzɔ ɖe ŋutilãmenudzedziname si xexemedɔwo ana woakpɔ ŋu. Hamemegã gblɔ susu nyui siwo ta wòanyo wu sã be woati mɔɖeɖedɔa wɔwɔ yome. Sɔhɛawo lɔ̃ ɖe edzi gake wogblɔ be asesẽ be yewoawɔ mɔɖeɖedɔa aganɔ yewoƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔm. Hamemegã gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo tso Gbetakpɔxɔ la me na wo tsɔ ɖee fia be mɔɖeɖedɔa nye taɖodzinu nyui si gbɔ ame geɖe te ŋu ɖo wòhe dzidzɔ geɖe vɛ na wo. Ƒewuiviawo gblɔ alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe hamemegã la ƒe nyaawo ŋui kple alesi woɖoe kplikpaa be yewoabu gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒedɔa me bliboe ƒe taɖodzinua minyaminyã ŋu vevie.

20 min: “Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe.” Gblɔ ŋgɔdonya kpui aɖe si nɔ te ɖe memamã 1-2 dzi. Tsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo dzro memamã 3-11 mee.

Hadzidzi 92 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme July 29

Hadzidzi 212

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

20 min: Aleke Woawɔ Akpɔ Biblia Nusɔsrɔ̃? Hamemegã aɖe kpɔ numedzodzro si yi edzi le woa kple ame eve alo etɔ̃ siwo kpɔ dzidzedze le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ƒe dɔa me dome dzi, eye wodzro mɔ siwo dzi míato adze nusɔsrɔ̃wo gɔme la me: (1) Do gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (2) Kpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo me edziedzi be nàkpɔ ɖetsɔlemetɔwo. (3) Ŋlɔ ɖetsɔlemetɔwo katã ƒe ŋkɔ ɖi, eye nàwɔ tɔtrɔyiwo emegbe kpuie. (4) Do nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia la gbɔ. (Kpɔ tanya sue si nye “Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze” si le Gbetakpɔxɔ, February 15, 1996 ƒe axa 20.) (5) Na kakaɖedzi nanɔ asiwò ɖe wò nufiafia ƒe ŋutete me to aɖaŋu ene siwo woɖo le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, August 1, 1984 ƒe axa 13-17 ŋudɔwɔwɔ me.

20 min: “Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe.” Nuƒo si kpe emedegbalẽvia ƒe memamã 12-16 ɖo. Wɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ si le edzi yim ƒe wɔwɔfia eve. Gbãtɔ nafia alesi woana hehe nusrɔ̃via be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu to dzesidede nya alo nyagbe siwo koŋ ɖo biabia siwo wota ɖe eme ŋu tẽ alo fli tete ɖe wo te me. Evelia nafia nya si nàgblɔ atsɔ ade dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃vi be wòayi Dutoƒo Kpekpe kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ae. Ðe eme be míadzro emedegbalẽvia ƒe akpa mamlɛa me le August ƒe Subɔsubɔ Kpekpe me. De dzi ƒo na amesiame be woadzrae ɖo nyuie.

Hadzidzi 116 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe