INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/96 axa 1
  • Wode Dɔ Asi Na Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wode Dɔ Asi Na Mí
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Kpena Ðe Mía Ŋu Míeɖea Gbeƒã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Ðea Gbeƒã Tso Aƒe Me Yi Aƒe Me Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • “Miheyi Ðawɔ . . . Nusrɔ̃lawo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 11/96 axa 1

Wode Dɔ Asi Na Mí

1 Yesu de se na eyomedzelawo be “[woawɔ] dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mat. 28:19, NW) Yehowa Mawu kafula siwo wu miliɔn atɔ̃ le dukɔ kple ƒukpo hatsotso 232 dzi le anyigba dzi godoo la nye kpeɖodzi si li be Yesu ƒe sededea le eme vam. Ke mía ŋutɔwo hã ɖe? Ðe míebua sededea be míaɖe gbeƒã ŋkubiãnyaea?

2 Nyuiwɔwɔ ƒe Agbae: Dɔdasi nye “gbeɖeɖe be woawɔ dɔ siwo woɖo na ame.” Kristo ɖe gbe na mí be míaɖe gbeƒã. (Dɔw. 10:42) Apostolo Paulo kpɔe be ele na ye kokoko, alo enye nyuiwɔwɔ ƒe agba le ye dzi, be yeaɖe gbeƒã nyanyuia. (Kor. I, 9:16) Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be meli aɖe le nyɔnyrɔm eye nènye ʋumedɔwɔla le eme. Ʋumefia la ɖe gbe na wò be nàna ʋuɖolawo nanya ale be woage ɖe tɔdziʋu suewo me atsi agbe. Ðe nàdo toku gbeɖeɖe ma eye nànɔ ʋiʋlim be yeaɖe ye ɖeɖeko ƒe agbea? Màwɔ nenema gbeɖe o. Ame bubuwo ƒe agbe le asiwò me. Woƒe agbe ɖo afɔku me. Nyuiwɔwɔ ƒe agba le dziwò be nàwɔ wò dɔdasi akpe ɖe wo ŋu.

3 Mawu de dɔ asi na mí be míaxlɔ̃ nu amewo. Yehowa ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia katã ava nuwuwu kpuie. Ame miliɔn geɖe ƒe agbe tsi evedome. Ðe wòanyo be míaŋe aɖaba aƒu dzɔgbevɔ̃e si gbɔna amewo dzi la dzi eye míatsi dzi ɖe míawo ŋutɔ ko ƒe agbeɖeɖe ŋua? Kura o. Nyuiwɔwɔ ƒe agba le mía dzi be míakpe asi ɖe ame bubuwo ƒe agbeɖeɖe ŋu.—Tim. I, 4:16.

4 Nuteƒewɔwɔ ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Míasrɔ̃: Nyagblɔɖila Xezekiel kpɔe be agba le ye dzi be yeagblɔ nuxlɔ̃megbedasi na Israel-vi mawɔnuteƒeawo. Yehowa gblɔ nusiwo ado tso eƒe dɔdasia mawɔmawɔ me nɛ gbeteteɖedzitɔe be: “Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: ‘Èle kuku ge,’ eye mèxlɔ̃ nui . . . o la, ekema ame vɔ̃ɖi la aku le eƒe vodadawo ta; ke asiwò me mabia eƒe ʋu le.” (Xez. 3:18) Xezekiel wɔ eƒe dɔdasia de goe nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wotsi tre ɖe eŋu sesĩe hã. Eyata ete ŋu tso aseye esime Yehowa he to na amewo.

5 Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ gbeƒãɖeɖe ƒe agba si nɔ edzi la. Egblɔ be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me. Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.” Paulo ɖe gbeƒã le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme, elabena ekpɔe be ne yemewɔe o la, yeaɖi ʋufɔ le Mawu ŋkume.—Dɔw. 20:20, 26, 27.

6 Ðe Xezekiel ƒe dzonɔameme tɔgbe le mía mea? Ðe míesena le mía ɖokui me abe Paulo ene be míaɖe gbeƒã? Míaƒe dɔdasi le abe wo tɔ ke ene. Togbɔ be amewo mado vivi ɖe mía ŋu o, womatsɔ ɖeke le eme o, alo woatsi tre ɖe mía ŋu hã la, ele be míayi edzi atsɔ míaƒe agbanɔamedzi be míaxlɔ̃ nu wo. Ame akpe geɖe gali siwo ava xɔ Fiaɖuƒegbedasia ahagblɔ be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zax. 8:23) Mina lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple mía havi naʋã mí be míagana ta o. Wode dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe