INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/96 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena November
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme November 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 11/96 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena November

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 4

Hadzidzi 29

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa kple miaƒe hamea ƒe July gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ŋu. Ƒo nu tso dukɔa ƒe gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ koŋ ŋu. Nyabiaɖaka.

15 min: “Èle Mawu ƒe Nya la Ŋudɔ Wɔm Pɛpɛpɛa?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ nya aɖewo tso “Nusiwo tae wòle be míadzro Biblia me,” te le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 58-60 kpee.

20 min: “Esiae Nye Agbe Mavɔ La.” (Memamã 1-5) Ne ègblɔ ŋgɔdonya kpui aɖewo le memamã 1 me vɔ la, na gbeƒãɖela bibi eve nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 2-5 me ƒe wɔwɔfiawo. Te gbe ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ƒe taɖodzinua dzi. De dzi ƒo na amewo katã be woatsɔ July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia ɖe asi ne wogbɔna kwasiɖa si kplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔ Kpekpea.

Hadzidzi 128 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 11

Hadzidzi 85

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

20 min: Biblia Nusɔsrɔ̃wo Wɔwɔ Wòazɔ Tẽ. Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Míetsɔ Sidzedze-gbalẽa le Biblia-nusɔsrɔ̃dɔa wɔm ƒe ɖeka kloe enye sia. Anɔ eme be nusrɔ̃vi aɖewo srɔ̃ agbalẽa vɔ xoxo, eye bubuwo hã srɔ̃e yi ŋgɔ. Wode dzi ƒo na mí be míalé fɔ ɖe nusɔsrɔ̃ siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ame yeyewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea kabakaba, woawɔ eŋudɔ le woƒe agbenɔnɔ me, ne woazu hamea me tɔwo la ŋu. Woɖo aɖaŋu nyui aɖewo ɖe July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ emedegbalẽvia me bene wòakpe ɖe mía ŋu míanye nufiala bibiwo. Dzro nusiwo míate ŋu awɔ ale be míafia nu nusrɔ̃viwo aɖaŋutɔe dometɔ aɖewo me kpuie, abe alesi wòle emedegbalẽvi ma ƒe memamã 3-13 me ene. Emegbe nàƒo nu tso nusi wòhiã be míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu woaɖe afɔ kakaɖedzitɔe, abe alesi wogblɔe ɖe memamã 14-22 me ene ŋu. Xlẽ memamã 15, 17, 20-1. Gblɔ nyatakaka nyui aɖewo le dzidzedze nyui si miaƒe gbeƒãɖelawo kpɔ la ŋu. De dzi ƒo na ame bubu geɖe be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃dɔa.

15 min: “Esiae Nye Agbe Mavɔ La.” (Memamã 6-8) Dzro viɖe siwo le nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ tẽ ŋu me. Na gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 6-7 ƒe wɔwɔfiawo. Kpe nyaselawo be woagblɔ alesi wodze nusɔsrɔ̃ aɖe gɔme le yiyi zi gbãtɔ me. Esi wodo nusɔsrɔ̃ ɖe ŋutsu aɖe gbɔ tẽ la, eɖo eŋu be: “Yoo. Ge ɖe eme. Adzɔ dzi nam be masrɔ̃ nu.” Wodze nusɔsrɔ̃a gɔme kplii, eƒe ƒome bliboa va nua srɔ̃ƒe le kwasiɖa si kplɔe ɖo me, eye eteƒe medidi o wo katã wodze kpekpewo dede kple ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ gɔme.

Hadzidzi 129 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 18

Hadzidzi 140

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gagblɔ kwasiɖa sia ƒe gbeadziyiɖoɖowo.

15 min: “Wode Dɔ Asi na Mí.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Ƒo nu tso Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, January 1, 1988, axa 28-9, memamã 13-16 ŋu kpuie.

20 min: “Ƒe 1996 ‘Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo’ Nutome Gã Takpekpe.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro memamã 1-17 me. Xlẽ memamã 10, 11, 13, 16.

Hadzidzi 193 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme November 25

Hadzidzi 96

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

10 min: “Gbeƒãɖeɖe Nyateƒea Gbesiagbe le Yesu Sɔsrɔ̃ Me.” Hamemegã ƒe nuƒo.

20 min: “Ƒe 1996 ‘Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo’ Nutome Gã Takpekpe.” Tsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo dzro memamã 18-24 mee. Xlẽ memamã 18-19. Dzro “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me.

10 min: Dzro December ƒe Agbalẽnunana me. Mina New World Translation kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? Zã “All Scripture” ƒe agbalẽa, axa 327-31 nàtsɔ aɖe alesi New World Translation de ŋgɔ wui me: Edoa Mawu ƒe ŋkɔ ɖe dzi hekafunɛ (memamã 1-2); alesi woɖe egɔme nyuie wu na nyaawo gɔme nya se (memamã 6); enye dɔwɔnu vevi si míazã le subɔsubɔdɔa me (memamã 22-3). Gblɔ dzeɖonya aɖe eye nàwɔ eƒe wɔwɔfia kpuie, eye nàzã nya siwo le The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe axa 189. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, ele be miawɔ ɖoɖo nyuie atrɔ ayi egbɔ.

Hadzidzi 180 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe