Subɔsubɔkpekpewo Hena February
Kwasiɖa si Dze Egɔme April 7
Hadzidzi 100
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Gblɔ magazine yeyewo me nyati siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Ame Gbogbo Aɖewo Va le Mía Kpem.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro aɖaŋu vevi siwo woɖo ɖe Gbetakpɔxɔ, August 15, 1993, axa 12-17 me.
18 min: “Kpe Ðe Ame Makpɔnuteƒewo Ŋu be Woase Nuwo Gɔme.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa ƒe akpa vovovoawo me: nusɔsrɔ̃mɔnu si le bɔbɔe, nyabiabia siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi, nɔnɔmetata dzeaniwo, Ŋɔŋlɔ gbogbo siwo woyɔ ɖe eme. Te gbe ɖe taɖodzinu si nye be woadze nusɔsrɔ̃ si ana woava srɔ̃ Sidzedze-gbalẽa gɔme la dzi. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nazã nusɔsrɔ̃mɔnu si le memamã 4 lia me awɔ alesi woadze nusɔsrɔ̃ gɔmee afia. De dzi ƒo na dzilawo katã le hamea me be woasrɔ̃ agbalẽ gbadza la kple wo viwo.
Hadzidzi 130 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme April 14
Hadzidzi 107
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, ekema gblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔwo kpuie le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa nana alo etsɔtsɔ dze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmee ŋu.
15 min: “Nusrɔ̃viwo ƒe Susu Hehe Va Habɔbɔ si Ŋu Míaƒe Ŋkɔ Le Dzi.” (Memamã 1-6) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã 5-6 kple mawunyakpukpui siwo woŋlɔ ɖe eme. Gblɔ mia gbɔ nuteƒekpɔkpɔwo le alesi Biblia-nusrɔ̃viwo wɔ nu esi wokpɔ video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name la ŋu.
20 min: “Fia Nusi Mawu Di la Amewo.” Dzro memamã 1-4 me kple nyaselawo. Na woawɔ ewɔwɔmɔnu siwo le memamã 5 ƒe wɔwɔfiawo le mɔ vovovo ene dzi—le ablɔdzi, le aƒeme, le dɔwɔƒe, kple le modzakaɖebɔ me. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ agbalẽ gbadzawo kple magazinewo hena gbeadziyiyi hafi adzo le Fiaɖuƒe Akpata me fiẽ sia.
Hadzidzi 126 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme April 21
Hadzidzi 113
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðe eme be metsi megbe akpa be woatsɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le May me ƒe dɔbiagbalẽ ana o. Dzro Nyabiaɖaka me, eye nàna hamea nanya ne agbalẽ aɖewo hiã woatsɔ ade agbalẽdzraɖoƒe si le Fiaɖuƒe Akpata me.
15 min: “Nusrɔ̃viwo ƒe Susu Hehe Va Habɔbɔ si Ŋu Míaƒe Ŋkɔ Le Dzi.” (Memamã 7-14) Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na nufiala bibi aɖe nawɔ alesi woaɖo dze kple nusrɔ̃vi aɖe tufafatɔe le anukware me le alesi kpekpewo dede hiãe ŋu ƒe wɔwɔfia.
15 min: Míaƒe Agbalẽwo Ŋudɔwɔwɔ Bliboe. Hamemegã ƒe nuƒo. (Kpɔ September 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3-5.) Nyatakakawo fia be hame aɖewo dɔa magazine wòsɔa gbɔ wu esi wonana ɣleti sia ɣleti. Womebua akɔnta le 50 le alafa me ŋu be ɖe wona wo o. (Gblɔ nusi akɔntabubua fia le mia gbɔ.) Nukae dzɔna ɖe magazine siawo dzi? Míegblẽa geɖe ɖe agbalẽtiwo dzi alo ɖe míaƒe akplowo me. Aleke míate ŋu axe mɔ na nusiae? Gbeƒãɖela ɖesiaɖe nabu esi wòhiã ŋu nyuie eye wòadɔ esi wòate ŋu ana ko. Nezu numãme na mí be míana magazine amesiwo katã míedoa goe. Mègana xoxoawo dome nagblẽ o. Kpɔ gome le magazine nana me edziedzi.
Hadzidzi 128 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme April 28
Hadzidzi 121
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amewo katã be woatsɔ woƒe April gbeadzikɔntabubu ana. Yɔ amesiwo awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le May me ŋkɔ. Gblɔ ɖoɖo bubu siwo wɔm wogale le mia gbɔ ɖe kpekpewo hena gbeadziyiyi ŋu. Míadze agbagba etɔxɛ le May me atrɔ ayi amesiwo xɔ agbalẽ gbadzawo gbɔ kple susu be míadze nusɔsrɔ̃ gɔme. Gblɔ mɔ siwo dzi míate ŋu ato abia amesiwo míeɖia ɖase na le vome ƒe ŋkɔwo kple adrɛswo aɖaŋutɔe la kpuie. Àte ŋu ayɔ wò ŋkɔ kple adrɛs gbã eye nàbia nenye be telefon xexlẽdzesi le afisi yewoate ŋu ake ɖe wo ŋu le. Kpe nyaselawo be woagblɔ mɔnu bubu siwo wozã wòwɔ dɔ.
15 min: “Nukatae Wowɔnɛ?” Hamemegã nadzro nyatia me kple gbesiagbe mɔɖela eve alo etɔ̃. (Ne ɖeke meli o la, ke wɔe kple amesiwo wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa edziedzi.) Gblɔ nyati si nye “Mɔɖelawo Kpena Ðe Amewo Ŋu eye Wokpɔa Yayra,” si le Gbetakpɔxɔ, January 15, 1994 me la me nyati veviwo hã. Na ɖesiaɖe nagblɔ nusita wòle mɔɖeɖedɔa wɔm. Na woagblɔ nuteƒekpɔkpɔwo le alesi woyra wo le dɔ sia wɔwɔ me ŋu.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Hamemegãwo ate ŋu azã ɣeyiɣi sia agblɔ mia gbɔ nuhiahiã tɔxɛ aɖewo.
Hadzidzi 129 kple gbedodoɖa hena kpakpã.