Subɔsubɔkpekpewo Hena June
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 2
Hadzidzi 181
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe February gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ hã ŋu. Yɔ gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ yeyea eye nàde dzi ƒo na wo katã be woayi dɔa dzi nenema, eye woabu akɔnta kaba ɣleti sia ɣleti.
15 min: “Miwɔ Miaƒe Ŋutete Ðesiaɖe.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.—Kpɔ April 15, 1993, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 28-30 hã.
22 min: “Sidzedze si Tso Mawu Gbɔ Ðoa Biabia Geɖe Ŋu.” Ewɔla nadzro nyatia me kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ siwo dome sɔhɛ aɖe le. Ƒo nu tso memamã 1 ŋu, eye nàte gbe ɖe nusita Sidzedze-gbalẽa kpena ɖe mía ŋu nyuie míeɖoa biabiawo ŋui dzi. Wɔ alesi woadzra ɖo ɖe eŋu ƒe wɔwɔfia, eye nàɖo aɖaŋu le alesi woawɔe wòaganyo wu ŋu le dzeɖonya ɖesiaɖe zazã megbe.
Hadzidzi 200 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 9
Hadzidzi 6
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
23 min: “Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒe 1997 ‘Mawu ƒe Nya Dzixɔxɔse’ Nutome Gã Takpekpe.” Agbalẽŋlɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro emee. De dzi ƒo na wo katã be woawɔ ɖe mɔfiamewo dzi atsɔ awɔ nu aduadui. Ne èle memamã 17 lia me dzrom la, te gbe ɖe alesi wòhiã be woatsɔ numeɖenu aɖewo tso aƒeme be woaɖu le ŋdɔnuɖuɣi la dzi. De dzi ƒo na wo katã be woakpe asi ɖe Bolgatanga-takpekpea ŋu.
15 min: Nufiafia Ame Bubuwo—Hiahiã Kpata Ye. Hamemegã ƒe nuƒo. Dzro ƒe 1996 xexeame katã ƒe subɔsubɔ ƒe akɔntabubu si le 1997 Yearbook ƒe axa 33 la me. Agbagbadzedze geɖe wu be míaɖi ɖase na amewo le afisiafi si míakpɔ wo le la le ku tsem. Hiahiã kpata si li fifia ye nye be míatrɔ ayi amesiwo míena agbalẽwoe gbɔ eye míafia nyateƒea amewo. Ne míedo go wo le dutoƒo la, tsɔ aɖaŋudzedze bia woƒe ŋkɔ kple afisi wole ta se ale be nàte ŋu atrɔ yi wo gbɔ. Ele be míawɔ nu geɖe wu Fiaɖuƒea ƒe nukudodo ko; ele be míade tsii hã. (Kor. I, 3:6-8) Ne anyigba nyui dzi nukua ge ɖo la, ke nufiafia nyuie ate ŋu akpe ɖe amea ŋu wòase egɔme. (Mat. 13:23) Ele be míakpɔ gome le nufiafiadɔa me bliboe le aɖaŋu me alesi míate ŋui. (Heb. 5:12a) Tsɔ July 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi, memamã 25-6 me nya veviwo kpee. Te gbe ɖe agbagbadzedze be míadze nusɔsrɔ̃wo gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la alo Sidzedze-gbalẽa me dzi.
Hadzidzi 204 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 16
Hadzidzi 192
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo aɖaŋu le magazine yeyewo me nya siwo ŋu woate ŋu aɖo dze le ŋu.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
20 min: Dzesidede Wò Subɔsubɔha be Enye Nyateƒetɔ loo alo Alakpatɔ. Hamemegã nazã December 22, 1989, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 18 me nyawo adzro nu me kple gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃. Míeyia amesiwo edze ƒã be wonye anukwaretɔwo la gbɔ enuenu. Gake womelɔ̃na gbeɖe be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli yewo o. Dzro alesi míate ŋu azã nya siwo le Nyɔ! ƒe nyati sia me atsɔ ana woanya alesi wòhiã be woawɔ nu wòasɔ ɖe sidzedze vavãtɔ nui me. He susu yi Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 5 si ƒe tanyae nye: “Amekawo ƒe Tadedeague Dzea Mawu Ŋu?” me nya veviwo dzi. Xlẽ memamã 20 lia. Míate ŋu atrɔ ayi amesiawo tɔgbe gbɔ atsɔ aɖaŋudzedze ade dzi ƒo na wo dɔmenyotɔe be woalɔ̃ míasrɔ̃ nu kpli wo eye be woayi kpekpewo.
Hadzidzi 201 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 23
Hadzidzi 193
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ gbeadzisubɔsubɔ ƒe ɖoɖo si miewɔ na kwasiɖaa.
15 min: Nya Kawoe Wogblɔna le Mía Ŋu? Nuƒo si nɔ te ɖe nyatakaka siwo le Watch Tower Publications Index 1986-1995, axa 341-3 me dzi. Tia “Nya Siwo Amewo Gblɔ” le Yehowa Ðasefowo ŋu siwo ɖe dzesi—ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple míaƒe dɔa ŋu. Gblɔ alesi nusi ame bubuwo kpɔ le mía ŋu wɔ dɔ nyui ɖe wo dzi. Ðe nusita wòle be esia naʋã mí be míaɖɔ ŋu ɖo le míaƒe nuwɔna me ɣesiaɣi eye míado vevie nu le míaƒe dɔa wɔwɔ me la me. Gblɔ alesi míate ŋu azã nya deamedzi siawo ne míele nu ƒom na ame nyanyɛwo kple ɖetsɔlemetɔ siwo di be yewoanya nu geɖe tso mía ŋu la.
20 min: “Dzilawo—Mifia Gbeƒãɖeɖe Mia Viwo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ mɔfiame si le Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽ, axa 99-100, le tanya sue si nye “Kpekpeɖeŋu si Woana Ðeviwo” la kpe ɖe eŋu.
Hadzidzi 211 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme June 30
Hadzidzi 197
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ eƒe June ƒe gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubu ana.
20 min: “Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?” Vifofo eve dzro nyatia me ɖekae. Woadzro alesi woakpe ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ nusita wòle vevie be woaɖo teokrasitaɖodzinuwo, si ana woakpɔ yayrawo le gbɔgbɔ me, tsɔ wu be woati ŋutilãmenuwo yome.—Kpɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa ƒe agbalẽa, axa 116-18.
15 min: Dzadzraɖo ɖe July ƒe Agbalẽnunana Ŋu. Tia agbalẽ gbadza ɖeka alo eve siwo woxɔ nyuie le miaƒe anyigbamamãa me, eye nàdzro nya tɔxɛ aɖewo me le wo dometɔ ɖesiaɖe me. Ðo aɖaŋu le alesi míatsɔ nya siawo ade dzeɖonya mee ŋu. Ðo ŋku edzi na wo katã be woaŋlɔ amesiwo wona agbalẽe ƒe ŋkɔ ɖi, eye woatrɔ ayi aɖatu woƒe ɖetsɔleme ɖo.
Hadzidzi 109 kple gbedodoɖa hena kpakpã.