Subɔsubɔkpekpewo Hena July
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 7
Hadzidzi 6
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe March gbeadzikɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Teƒeɖoɖo Le Nuteƒewɔwɔ Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Tsɔ kpɔɖeŋu si wogblɔ le January 22, 1993, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 18-21 kpee.
20 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Woakpɔ Akɔfafa.” Numedzodzro kple nyaselawo. Na woawɔ dzeɖonya ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia. Na nyaselawo nagblɔ mɔ bubu siwo dzi woto zã agbalẽ gbadza mawo ke tsɔ dze dzeɖoɖo gɔmee. De dzi ƒo be woatia nya siwo gbɔgblɔ le bɔbɔe la nyuie ale be woatsɔ anyɔ ɖetsɔlemee. (Kpɔ School Guidebook, axa 7, memamã 9-11.) Yɔ agbalẽ gbadza bubu siwo hã woate ŋu ana kple esiwo le hamea si. Ne èle agbalẽ gbadzawo nam la, mègagbe nuƒoƒo tso aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa ŋu nyuie o.
Hadzidzi 70 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 14
Hadzidzi 5
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Dzro “Míasrɔ̃ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe Agbalẽa” me.
18 min: “Ði Ðase le Afisiafi si Amewo Le.” Nuƒo. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ bubu siwo le 1997 Yearbook, axa 43-6 kpee alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu.
15 min: Dzilawo—Mifia Nu Mia Viwo Tso Vidzĩme. Hamemegã nadzro Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo fia be dzilawo nafia nu wo viwo tso vidzĩme la me. (Lod. 22:6; Tim. II, 3:14, 15) Dzila aɖewo susu be mele be woado vevie Biblia fiafia ɖeviwo o vaseɖe esime wotsi atso nya me na wo ɖokui hafi. Esia na ɖevi geɖe yi ɖe xexeame. Ele be gbɔgbɔ me nuwo fiafia wo nadze egɔme tso vidzĩ me. (g97-EW 3/8 24-7; w88-EW 9/1 22-23) Bia gbe srɔ̃tɔ siwo tsɔa ɖe le wo viwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye me. Fia alesi vifofoa axɔ ŋgɔe gake wòle na dzila evea siaa be woawɔ wo tɔ sinu be ɖoɖo blibo si dzi woazɔ ɖo ɣesiaɣi la nanɔ anyi woatsɔ afia nu wo viwoe. Srɔ̃tɔawo nagblɔ alesi wole habɔbɔa ƒe aɖaŋu siwo wòɖo be nufiaɖoɖo nyui si tsea ku nanɔ ame si le aƒeme la ŋudɔ wɔm tsɔ le nyateƒea fiam wo viwoe. Hamemegã la nate gbe ɖe alesi wòle vevie be woawɔ ɖe nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ be dzilawo nawɔ la dzi.—w85 4/1 23, Eŋlisigbe me tɔ; Ef. 6:1-4.
Hadzidzi 71 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 21
Hadzidzi 13
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: “Viwòwo Ta Kpɔkpɔ be Woagazã Ʋu ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu na Wo O.” Hamemegã natsɔ memamã 1-11 me nyawo aƒo nuƒoe. Dzro Nyɔ! me nyati siwo ƒo nu tso nunyuiɖuɖu kple dzadzɛnyenye ŋu me eye nàte gbe ɖe nya veviwo dzi. Gblɔ nusi wòle be dzila nawɔ ne ɖɔkta do vɔvɔ̃e be yeana woalée ɖe ʋu ƒe nya la ta eme nakɔ.
10 min: “Ameka Ayi Na Mí?” Nuƒo si woaƒo kple kakaɖedzi. Gblɔ alesi wode dzi ƒo be woawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa kpakple nuteƒekpɔkpɔ si le February 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi, memamã 16-17 me kpee. Amesiwo mate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa o la ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe ɣleti si(wo) me woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le subɔsubɔƒe si gbɔna me ŋu.
15 min: Dzra Ðo be Yeaɖi Vomeɖase. Mɔnukpɔkpɔ sua mía si gbesiagbe be míaɖi ɖase na amesiwo míedoa goe. Ne mɔnukpɔkpɔ su mía si la, míekpɔnɛ be Biblia alo agbalẽ aɖeke mele mía si míazã o. Dzra ɖo do ŋgɔ. Ne èle aƒeme la, na agbalẽ aɖewo nanɔ asitsɔƒe le ʋɔtru si nu nètona xɔa amedzrowoe la gbɔ. Tsɔ agbalẽ hamehame de wò akplo me, eye wòanɔ gbɔwò alo le wò ʋu me, le dɔwɔƒe, alo le wò kplɔ̃ŋuɖaka me le suku. Tsɔ agbalẽ aɖe ɖe ŋui ne èle dugbadza ʋu ɖom. Tsɔ agbalẽ aɖewo de wò agba me ne èzɔ mɔ yina asitsaƒe, ne èyina takpekpe, alo ne èyina mɔkeke. Dzro aɖaŋuɖoɖo bubu siwo le School Guidebook, axa 80-2, memamã 11-16 me. Na woawɔ wɔwɔfia kpui vovovowo le alesi woaɖi ɖase na nudzrala, dɔwɔhati, sukuhati, mɔzɔla bubu, alo mɔkekeɖula aɖee.
Hadzidzi 72 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme July 28
Hadzidzi 15
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ gbeadzikɔntabubuwo vɛ. Dzro August ƒe agbalẽnunana me. Lé fɔ ɖe tɔtrɔyiwɔwɔ le August me ŋu ayi amesiwo míena agbalẽ gbadzae le July me la gbɔ adze agbagba be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme kpli wo. Zã March 1997 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia nàtsɔ afia nusiwo le vevie na tɔtrɔyi siwo dzea edzi la wɔwɔ. Ele be míadze nusɔsrɔ̃wo gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la loo alo Sidzedze-gbalẽa me.
15 min: “Viwòwo Ta Kpɔkpɔ be Woagazã Ʋu ɖe Mɔ Gbegblẽ Nu na Wo O.” Hamemegã natsɔ memamã 12-28 me nyawo aƒo nuƒoe. He susu yi nyabiabia siwo le memamã 12 kple 20 me ƒe ŋuɖoɖowo dzi. Te gbe ɖe alesi wòle vevie be dzilawo nadzra ɖo do ŋgɔ ale be woa ŋutɔwo nate ŋu agblɔ woƒe nukpɔsusu eme nakɔ la dzi.
18 min: Wu Wò Subɔsubɔdɔ Nu Bliboe. Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo si wotu ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa, axa 5-8 dzi. Te gbe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe vevienyenye kple eƒe hiahiã kpata dzi, eye nàde dzo amesiame me be wòabu eƒe subɔlanyenye ƒe agbanɔamedzia dɔ vevii.
Hadzidzi 75 kple gbedodoɖa hena kpakpã.