New World Translation la Nana
1 “New World [Translation] la ƒe amesinɔnɔ nye nusi ŋu viɖe le. Edea dzo kple agbe ame me, eye wònaa nuxlẽla la bua tame hesrɔ̃a nu. Menye Biblia ŋuti ɖikelawo ƒe gɔmeɖeɖee o, ke boŋ agbalẽnyala siwo dea bubu Mawu kple Eƒe Nya la ŋu tɔe.” Aleae Hebri kple Hela gbe gbalẽwo me tola xɔŋkɔ aɖe gblɔ. Míelɔ̃ ɖe dzi nɛ nenema. Aleke míawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe New World Translation la ŋu nenema ne míele enam kpe ɖe Sidzedze-gbalẽa ŋu le December me?
2 Ame aɖewo agblɔ be, “Biblia le asinye xoxo. Nyemegahiã na bubu o.” Míaƒe dɔdasie nye be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be menye Biblia bubu aɖe koe New World Translation la nye o. Enye gɔmeɖeɖe si ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me nyawo gɔme ɖe alesi wogblɔ nyawo le míaƒe ŋkekea me gbegbɔgblɔwo nui tẽ wòsɔ ɖe ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me nyawo nu pɛpɛpɛ. Míate ŋu awɔ alesi wòƒo bubuwo tae la ƒe kpɔɖeŋu to nyagbɔgblɔwo abe “shambles” (King James Version) kple “meat market” (New World Translation) si dze le Korintotɔwo I, 10:25, siwo gɔmee nye lãƒleƒe, la tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me dzi.
3 Ke hã ame ʋee aɖewo koe xlẽa Biblia kaka wòanye be woahayi gɔmeɖose siwo le eme hena gbesiagbegbenɔnɔ la gɔme se ge. Ele be woanya be Mawu ƒe Nya ate ŋu aɖe vi na yewo eye be wɔwɔ ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nyateƒetoto, agbenyuinɔnɔ, kple ƒomegbenɔnɔ ŋu ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu be yewoanɔ te ɖe egbeŋkekea me kuxiwo nu. Aleke míawɔ esiae?
4 Dzeɖonya aɖe si Míate Ŋu Azã: “Ðe nàlɔ̃ ɖe edzi be alesi amewo ƒe agbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi kabakaba egbea kple alesi míenya alesi tututu etsɔme anɔ o la fia be míehiã na mɔfiame si ŋu kakaɖedzi lea? [Na wòaɖo eŋu.] Togbɔ be Bibliae nye agbalẽwo katã ƒe xoxotɔ hã la, eɖo aɖaŋu nyui hena egbe gbenɔnɔ kple ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le.” Ekema ʋu Sidzedze-gbalẽa ƒe ta 2 lia, eye nàxlẽ memamã 10 lia kple memamã 11 lia ƒe nyagbe gbãtɔ si me Timoteo II, 3:16, 17 le. Le esia megbe la, na Sidzedze-gbalẽa kple New World Translation lae, eye nàɖe míaƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa me nɛ. Ne èsusui be anyo be yewoadze nusɔsrɔ̃a gɔme le Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadzaa me la, àte ŋu awɔe nenema. Àte ŋu akpɔ ŋgɔdonya bubu siwo sɔ le agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme ƒe axa 2-7 (alo Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9-15).
5 Mina míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe New World Translation si ɖeke mesɔ kplii o la ŋu afia. Míate ŋu awɔ esia ne míetsɔ dzonɔameme nae le December me.