Na Ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ðoɖowɔɖia Naɖe Vi na Wò
1 Yesue nye Nufiala Gã la. ‘Eƒe nufiafia wɔ mo yaa’ na amewo. (Mar. 1:22) Togbɔ be mía dometɔ aɖeke mate ŋu aƒo nu ahafia nu memie abe Yesu ene o hã la, míate ŋu adze agbagba be míasrɔ̃ eyama. (Dɔw. 4:13) Míaƒe gomekpɔkpɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Suku ɖoɖowɔɖia me akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le míaƒe nuƒoƒo kple nufiafia ƒe ŋutete me be esia nanya wɔ na mí.
2 Le ƒe 1999 me la, ƒe 1997 me Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me nyatiwo dzi koŋue woatu Dɔdasi Gbãtɔ ɖo. Míaƒe gbɔgbɔmenyawo gɔmesese adzi ɖe edzi ne míexlẽ nya siawo do ŋgɔ eye emegbe míegasee le sukua me. Amesiwo wode nufiamenuƒo siawo asi na la nahe susu ayi alesi míatsɔ nyatia ade dɔwɔwɔ mee dzi eye woaƒo nuƒoa kple dzidzɔ eye dzo nanɔ eme. Woatu Dɔdasi 3 lia ɖe Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa dzi, eye Dɔdasi 4 lia, ɖe Biblia me me aɖe dzi, togbɔ be agbalẽ si me dɔdasi sia atso la ate ŋu atrɔ hã. Ele be sukudzikpɔlaa nabu dɔdasiawo ŋu nyuie hafi amãe. Ele be sukuvi siwo katã awɔ dɔ tso Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ-gbalẽa me la nanye amesiwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le woa ŋutɔwo ƒe ƒomegbenɔnɔ me.
3 Wɔ Ðe Aɖaŋuɖoɖo Dzi, eye Nàdzra Ðo Nyuie: Amesiame ate ŋu awɔ ŋgɔyiyi geɖe le nuƒoƒo kple nufiafia me. (Tim. I, 4:13) Le esia ta, ele be míabia aɖaŋuɖoɖo eye mele be míabui abe nusi nu wòle be míasi le ene gbeɖe o. (Lod. 12:15; 19:20) Nyateƒea gbɔgblɔ nyuie le kpekpeawo kple gbeadzisubɔsubɔdɔa me bia nu geɖe wu nuƒoƒo alo ŋɔŋlɔawo xexlẽ ɖewoɖewoe ko. Ehiã be míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ eye míado ŋusẽ míaƒe nyaselawo. Míate ŋu awɔ esia ne míegblɔa nyateƒea kakaɖedzitɔe tso dzi me. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 2:37.) Aɖaŋuɖoɖo siwo míexɔna le sukua me akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia.
4 Ne dɔdasi nya su asiwò ko la, bu tame tso nuƒo ƒe ŋutete si ŋu wòle be nàwɔ dɔ tsoe la ŋu abe alesi wogblɔe ɖe School Guidebook la mee ene. Bu nusi wòle be nàwɔ be nàtsɔ aɖaŋuɖoɖo si nèxɔ va yi la awɔ dɔe ŋu. De ŋugble tso wò tanya ŋu, alesi nàwɔe ne wɔwɔfiae wòanye, kple alesi nàzã ŋɔŋlɔ siwo dze le wò dɔdasia me ŋu. De ŋugble le alesi nàte ŋu atsɔ nyatakaka la afia nu ahado ŋusẽ amewoe ŋu.—Tim. I, 4:15, 16.
5 Ne èvɔ̃na na ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe sukua me la, ke do gbe ɖa le eŋu eye nàɖo dze kple sukudzikpɔla la tso wò seselelãmewo ŋu. Ate ŋu aɖe vi na amesiame ne ewɔ ƒe 1999 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe ɖoɖowɔɖia ŋudɔ bliboe.